INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/96 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 2
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 9
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 16
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 23
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 30
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 12/96 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena December

MIDE DZESII: Le December kple January takpekpe ƒe ɣeyiɣiwo me la, hamewo ate ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo hiã be woakpɔ aɖabaƒoƒo 30 atsɔ adzro takpekpenuƒoawo me nyati veviwo me le kwasiɖa si akplɔe ɖo ƒe Subɔsubɔkpekpea me. Ele be woatsɔ takpekpeŋkeke ɖesiaɖe me nyati veviwo me dzodzro si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie la ade asi na nɔviŋutsu eve alo etɔ̃ do ŋgɔ. Nyaselawo ƒe nyaŋuɖoɖo kple nuteƒekpɔkpɔwo nanɔ kpuie eye woaku ɖe nya veviawo ŋu tẽ.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 2

Hadzidzi 134

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa kple miaƒe hamea ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu ŋu. Te gbe ɖe agbɔsɔsɔ gbogbotɔwo dzi.

15 min: “Amekae Aɖo To Míaƒe Gbedasia?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Tsɔ nya vevi siwo le March 22, 1987, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 5, si gblɔ nusita míaƒe gbedasia dzea amewo ŋu la kpee.

20 min: “Mawu ƒe Nya Naa Mɔfiafia.” (Memamã 1-6) Tsɔ memamã 1-2 wɔ numedzodzro sia ƒe ŋgɔdonyae. (Tsɔ nya siwo le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 58-60 kpee, nàgblɔ “Susu siwo ta míadzro Biblia me” la dometɔ ene kpuie.) Na gbeƒãɖela bibiwo nawɔ dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo le memamã 3-6 ƒe wɔwɔfia. Kpe nyaselawo be woaƒo nu tso (1) alesi nya siwo wobia la na wote ŋu nyɔ ɖetsɔleme, (2) alesi mawunyakpukpui siwo wozã la sɔ kple nyati si me wodzro lae, (3) alesi tɔtrɔyia kplɔ dzeɖoɖo gbãtɔa ɖo nyuie, kple (4) alesi wodo nusɔsrɔ̃wɔwɔ ɖae.

Hadzidzi 75 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 9

Hadzidzi 100

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: Kpekpe Ðe Ame Tsitsiwo Ŋu be Woawɔ Subɔsubɔdɔa. Gbeƒãɖela tsitsi nuteƒewɔla geɖe di vevie be yewo kple hamea me tɔwo yewoaɖe gbeƒã, gake ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo tso amegãkuku kple nyagãkuku kpakple dɔléle gbɔ la le wo ŋu. Míate ŋu aɖe wo ŋu bubu afia to mɔ geɖe nu ale be míana woanɔ subɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa me: Gblɔ na wo be woaɖo yeƒe ʋu; wɔ ɖoɖo na wo be woaɖe gbeƒã le aƒe siwo atrakpuiwo mesɔ gbɔ ɖo woalia o me; tɔ ʋua ɖe afisi te ɖe mia ŋu be ne ɖeɖi te wo ŋu la, woate ŋu agbɔ ɖe eme; gblɔ na wo be yeakɔ wo woayi aɖawɔ tɔtrɔyiwo; na woanya be ne wokpɔe be yewo magate ŋu ayi edzi o la, yeakɔ wo ayi aƒemee. Ame tsitsiwo daa akpe ɖe kpekpeɖeŋu si wonaa wo la ta. Gblɔ mɔ bubu siwo dzi mieɖea ameŋububu fiana alea le le mia gbɔ. Dzro nya vevi siwo le nyati si nye “Míekpɔa Ŋudzedze Ðe Ame Tsitsiwo Ŋu!” si le February 1, 1986, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 28-9 me.

20 min: “Mawu ƒe Nya Naa Mɔfiafia.” (Memamã 7-9) Ƒo nu tso “Mɔfiafia ƒe Hiahiã” si le May 1, 1993, Gbetakpɔxɔ, axa 3 ŋu. Ðe nusita wòle be míaƒe dzeɖonyawo nate gbe ɖe kpekpeɖeŋu biabia tso ame kɔkɔtɔ si nye Mawu gbɔ ƒe vevienyenye dzi la me. Na gbeƒãɖela aɖe nawɔ dzeɖonya siwo le memamã 7-8 ƒe wɔwɔfia. Te gbe ɖe edzi be míaƒe taɖodzinue nye be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze-gbalẽa me mlɔeba.

Hadzidzi 197 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 16

Hadzidzi 209

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo aɖaŋu aɖewo le alesi míaɖo ŋkekenyuiɖuɣi ƒe gbedonamewo ŋu aɖaŋutɔe ŋu. Gblɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖo tɔxɛ si míewɔ na December 25 lia.

15 min: “Mía Ðokui Tsɔtsɔna Faa.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Tsɔ nya siwo le May 1, 1984, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 22 kpee.

20 min: “Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Dzidziɖedzi si Tso Mawu Gbɔ Ŋu.” Hamemegã ƒe nuƒo si me dzo le. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔwo alo kpeɖodzi siwo fia be dzidziɖedzi va le dukɔ siwo woyɔ le nyitsɔ laa ƒe Yearbook-wo me la me.

Hadzidzi 41 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 23

Hadzidzi 93

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso magazine yeyewo me nya vevi siwo ŋu míate ŋu aƒo nu tsoe le subɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia ŋu. Gblɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖo tɔxɛ siwo miewɔ na January 1.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo hamemegã naƒo nuƒo le “Dzudzɔxɔxɔledɔme—Ðe Wòʋua Mɔ Ði Na Teokrasidɔa?” ŋu, si le July 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 24-5.—Kpɔ Insight, Babla 2 lia, axa 794, memamã 2-3.

20 min: “Ŋkɔŋɔŋlɔ Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. Gblɔ amesiwo ŋlɔ ŋkɔ le mia gbɔ ƒe xexlẽme ŋu nya, eye nàde dzi ƒo na amesiwo ate ŋui be woaŋlɔ ŋkɔ. Dzro sukuviwo ƒe dɔdasiwo ŋuti mɔfiame siwo wona le “Ƒe 1997 Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖi” me.

Hadzidzi 166 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 30

Hadzidzi 223

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ne miaƒe hamea aɖɔ li kpekpewo wɔɣi le ƒe yeyea me la, de dzi ƒo na amesiame dɔmenyotɔe be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã eye woanɔ hamea ƒe kpekpewo yim ɖe eƒe game yeyeawo dzi.

15 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo. Te gbe ɖe asixɔxɔ si le wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbedzadzɛnɔnɔ ŋu dzi.

20 min: Dzro January ƒe Agbalẽnunana Me. Mina axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1984. Ne ɖeke mele mia si o la, mizã Survival Into a New Earth. Tsɔ agbalẽ siwo le hamea si la fia. Tia eve alo etɔ̃ siwo nyo woazã le miaƒe anyigbamamã me. Zã Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme ƒe agbalẽa, axa 2-16, eye nàdzro ŋgɔdonya siwo sɔ na agbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe me kpuie. Wɔ dzeɖonya ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 137 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe