INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/96 axa 1
  • Amekae Aɖo To Míaƒe Gbedasia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Aɖo To Míaƒe Gbedasia?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míekpɔ Dɔwɔnu Yeye aɖe na Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Mamã si Kpɔ Dzidzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 12/96 axa 1

Amekae Aɖo To Míaƒe Gbedasia?

1 Nyatakakawo do agbogbo ɖe amewo dzi wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me, eye wo dometɔ geɖe nye nya maɖinyawo heflua ame gɔ̃ hã. Esia kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi eye eva sesẽ na mí be míana woase Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti gbedasia. Womenya vi si toɖoɖo Mawu ƒe Nya ate ŋu aɖe na wo o.—Luka 11:28.

2 Edzɔa dzi na mí be le xexeame ƒe akpa geɖe la, ame akpe bla nanewo le to ɖom gbedasi ma eye wolɔ̃ be míawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple yewo. Gake le anyigbamamã bubuwo me la, amewo meɖoa to kura o. Nu nyui aɖeke medona tsoa eme le amesiwo gbɔ míeyina le subɔsubɔdɔa me la dometɔ geɖe gome o, eye ɖewohĩ míanɔ eŋu bum be amekae aɖo to míaƒe gbedasia hã.

3 Mele be míana dzi naɖe le míaƒo o. Paulo ɖe eme be: “Amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee. Azɔ aleke woayɔ amesi . . . ŋutinya womese kpɔ o . . . mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã? . . . Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!’” (Rom. 10:13-15) Ne míetsɔ veviedodo ƒã Fiaɖuƒea ƒe nuku la, Mawu ana wòatsi ɖe dzianukwaretɔwo ƒe dzi me.—Kor. I, 3:6.

4 Nu Vevitɔe Nye be Míawɔ Tɔtrɔyiwo Edziedzi: Le anyigbamamã siwo me wòdzena le be ame ʋee aɖewo koe ɖoa to míaƒe gbedasia la, ele be míalé fɔ ɖe ɖetsɔleme ɖesiaɖe si woaɖe fia ŋu atui ɖo, woɖaxɔ agbalẽ alo womexɔe o. Nukata míatsɔ dzitsitsi aƒo nya ta be naneke mado tso eme o? Ne míele nukuwo ƒãm la, míenyaa afisi wòatsi nyuie le o. (Nyagb. 11:6) Ne míedzra ɖo trɔ yi be míagblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe na wo la, ɖewohĩ míate ŋu aɖo amea ƒe dzi gbɔ ne nya kpui aɖe ko wònye hã. Míate ŋu ana trakt alo magazine yeyewo amea. Mlɔeba la, ɖewohĩ míate ŋu awɔ alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ afiae. Awɔ nuku na mí be míakpɔ alesi Yehowa yraa míaƒe agbagbadzedzewoe eye wòadzɔ dzi na mí.—Ps. 126:5, 6.

5 Wona trakt nyɔnu aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia vie. Womegakpɔe le aƒeme o vaseɖe ɣleti eve megbe hafi, eye vovo menɔ eŋu ɣemaɣi kura woaɖo dze kplii o. Wogatsɔ trakt ma ke nɛ. Togbɔ be gbeƒãɖela la dze agbagba zi geɖe be yeatui le aƒeme hã la, exɔ ɣleti etɔ̃ hafi wòte ŋu ke ɖe eŋu, gake edze dɔ. Nɔvinyɔnua gayi egbɔ le kwasiɖa si kplɔe ɖo me eye woɖo dze kpui aɖe le trakt la ŋu. Esime nɔvinyɔnua gatrɔ yi kwasiɖa si kplɔe ɖo la, nyɔnua ɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu. Tɔtrɔ aɖe si va eƒe agbenɔnɔ me na wòva tsi dzi ɖe eƒe gbɔgbɔmenuhiahiã ŋu. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii eye ema megbe etsɔ dzonɔameme srɔ̃ nu kwasiɖa sia kwasiɖa.

6 Nusianu si míanɔ mɔ kpɔm na be wòatsi, eɖanye seƒoƒowo, agblemenuwo, alo ɖetsɔleme ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋue o, ehiã be míawɔ dɔ le eŋu. Ema bia ɣeyiɣi, kutrikuku, beléle na nu, kple eɖoɖo kplikpaa be míana ta o. Le ƒe si va yi me la, amesiwo wu akpe alafa etɔ̃ siwo me Fiaɖuƒea ƒe nuku mie ɖo xɔ nyɔnyrɔ! Ne míeyi edzi ɖe gbeƒã la, míate ŋu akpɔ ame bubu geɖe siwo aɖo to míaƒe gbedasia.—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe