Tsɔ Nusiwo Le Vevie Wu Ðo Nɔƒe Gbãtɔ
1 Nukawoe nye nu vevi siwo hiã vevie na míaƒe gbɔgbɔmenyonyo? Ðikekemanɔmee la, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpeawo dede, gbedodoɖa ɣeawokatãɣi, hadede nyuitɔ, kple Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa anɔ eme godoo. Míaƒe lãme mate ŋu asẽ le gbɔgbɔ me ne míetsɔa nusiwo le vevie wu ɖoa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me o.
2 Gake ele be mí katã míawɔ aʋa kple ŋutilãmenudzodzrowo eye míamlã mía ɖokui. (Gal. 5:17) Mele be wòawɔ na mí be ɖokuitɔdidinuwo yometiti aɖe vi na mí wu gbeɖe o. (Yer. 17:9) Eyata ne míedi be míadzɔ míaƒe dzi ŋu eye womagable mí o la, ehiã ale gbegbe be míanɔ mía ɖokui dom kpɔ.—Lod. 4:23; Kor. II, 13:5.
3 Do Wò Dzi Kpɔ: Àte ŋu awɔ esia ne èbiaa nya siawo tɔgbe ɖokuiwò anukwaretɔe: Ðe Mawu ƒe Nya la xexlẽ dzroam veviea? (Pet. I, 2:2) Ðe mekpɔe dze sii be hamea ƒe kpekpewo katã dede le veviea? (Heb. 10:24, 25) Ðe menɔa gbedodoɖa dzi ɣesiaɣia? (Rom. 12:12) Ðe medina be made ha kple amesiwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋua? (Rom. 1:11, 12) Ðe mesenɛ le ɖokuinye me be nye agbanɔamedzie nyanyuia gbɔgblɔ nyea? (Kor. I, 9:16) Ne ète ŋu ɖo nya siawo ŋu be ẽ la, ke efia be èdina be yeatsɔ nusiwo le vevie wu ada ɖe nɔƒe gbãtɔ.
4 Lé Ŋku Ðe Wò Gbesiagbedɔwɔnawo Ŋu: Ne èdo wò dzimenudidiwo kpɔ vɔ la, ke ehiã be nàɖo nusiwo le vevie wu siwo ŋu nàzã ɣeyiɣi ɖo la gbã. Eƒe ɖewoe nye ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi na Biblia kple Gbetakpɔxɔ kpakple Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe xexlẽ edziedzi, kple dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu. Ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi na ƒomea ƒe nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa ɖekae siaa hã hiã. Ðo seƒe na ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si miazã ɖe television kpɔkpɔ alo kɔmpiuta zazã ŋu. Ðoe be yeade hamea ƒe kpekpewo katã, eye na wòaxɔ ŋgɔ le nu bubu siwo ŋu nèwɔa ɖoɖo ɖo me. Wɔ ɖoɖo be ƒome bliboa nade gbeadzi kwasiɖa sia kwasiɖa.
5 Ðikekemanɔmee la, nusiwo le vevie wu tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me ana dzi nadzɔ mí.