Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
1 Yehowa subɔla siwo le anyigba ƒe afisiafi le egbeŋkekea me tsɔa didi vevie kpɔa mɔ be yewoakpe le agbɔsɔsɔ gã me le nutome gã takpekpewo me ƒe sia ƒe. Le esia wɔwɔ me la, woɖea nɔnɔme si nɔ Yehowa subɔla nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema Israel si la fiana, amesiwo tsɔa Psalmo 122 me nyawo dzia ha dzidzɔtɔe ne wole mɔ dzi yina Yerusalem be woaɖa de ta agu na Yehowa. Psalmo ma ƒe kpukpui 1 xlẽ be: “Dzi dzɔm esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.” Míekpɔa kpeɖodzi bubuwo le wɔna sia tɔgbe me be Yesaya 2:2, 3 me nya siwo tso gbɔgbɔ me la le eme vam.
2 Le ƒe sia me la, susu tɔxɛ le mía si si ta wòle be dzi nadzɔ mí esi takpekpe sia anye dukɔwo dome takpekpe si ame akpe geɖe atso anyigba ƒe akpa vovovowo ayi takpekpe siwo lolo wu siwo woawɔ le duta ta. Dutanyanyuigblɔla siwo yi ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo srã ge kpɔ la anɔ takpekpeawo dometɔ aɖewo me. Eyata le teƒe ɖesiaɖe si woawɔ takpekpea le la, woagblɔ gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo eye woana alesi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le ŋgɔ yim le dukɔ bubuwo mee ŋuti nyatakakawo.
3 Tso ƒe 1978 me la, esiae nye zi gbãtɔ si Dziɖuha la na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖo ame xexlẽme aɖe ɖa be woayi dukɔwo dome takpekpeawo dometɔ aɖewo. Ele vevie be amesiame nalɔ̃ ɖe alesi woɖoe be ame xexlẽme aɖe ko nayi la dzi ale be woate ŋu awɔ takpekpeawo katã ɖe ɖoɖo nu. Nuƒo aɖewo kple nyatakakawo, kpakple dutanyanyuigblɔla siwo ava ƒe mía dome nɔnɔ ana nutome gã takpekpeawo katã nanye dukɔwo dome tɔ.
4 Esi míele dzadzraɖo wɔm ɖe míaƒe ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpea ŋu la, míedi be míadzro nya aɖewo siwo ŋu wòhiã be mialé ŋku ɖo nyuie me. Alesi miawɔ nu aduadu kpli mí aɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ɖoɖo siwo katã wowɔ na mi ŋu afia.
5 Dzeƒedidi ƒe Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔ dzikpɔlawo nadi xɔ na yewo la, ke taflatse mikpe Xɔbiagbalẽ ɖo miatsɔ na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe wòaɖoe ɖe takpekpe si miade. MIGAÐO Xɔbiagbalẽwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
6 Woana dzeƒe ame aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Amesiwo wona dzeƒee le afisiawo la naɖo ŋku edzi be mesɔ be yewoatsɔe be wowɔ amedzro na yewo xoxo eye woanɔ anyi wòagbɔ ŋkeke si wogblɔ ɖe Xɔbiagbalẽa dzi ŋu o. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE wona xɔ siawo mí ɖo. Amesiwo wona dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be yewo kple yewo viwo yewowɔ nu le bubumɔ nu le yewoƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye yewomanɔ nuwo me kam alo agblẽ aƒea tɔ ƒe nunɔamesiwo alo anɔ gegem ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne aƒetɔwo do go kuxi siawo tɔgbe la, ke woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzikpɔla nanya, eye adzɔ dzi nɛ be yeakpe ɖe wo ŋu.
7 Le takpekpe siwo míewɔ le gbegadzi kple dukɔa ƒe akpa bubuwo la, takpekpevala geɖe meɖo Xɔbiagbalẽwo ɖa hafi va ɖo takpedua me o. Esia he kuxiwo vɛ na takpekpedɔ dzikpɔlawo elabena eva hiã be woadi dzeƒe na vavala siawo esi ɣeyiɣia de vɔ. Ðoɖowɔwɔ esi ɣeyiɣia de vɔ alea ate ŋu agblẽ ga geɖe. Gake ewɔ nublanui be esi wobia tso vavala aɖewo si be woadzɔ nu atsɔ aɖe gazazã ɖe dzeƒea ŋu dzi akpɔtɔ la, womedzɔe o. Esia hea kuxiwo vɛ. Eyata vavala siwo katã di be takpekpedɔ dzikpɔlawo nadi dzeƒe na yewo la nakpe Xɔbiagbalẽ ɖo eye woaɖoe ɖe takpekpe dzi kpɔƒea ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Ehiã hã be míadzra ɖo adzɔ ga home aɖe ɖe dzeƒea ta, eɖanye sukuxɔ mee loo alo ame aɖe ƒe aƒemee míedze o.
8 Nuwɔwɔ Aduadu Fia be Míewɔna Ðe Habɔbɔa ƒe Mɔfiamewo Dzi: Ele be nya sia nanye nusiwo ŋu míabu vevie dometɔ ɖeka. Hebritɔwo 13:17 gblɔ be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” Ŋkeke eve alo etɔ̃ koe wohiãa míaƒe asikpekpeɖeŋu le nya sia me. Ne womewɔ nu ɖe alesi míedi nu o hã la, kpɔɖeŋu nyui si míaɖo, si mía nɔviwo kpɔna la wɔnɛ be lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple kpekpeɖeŋu nana ame nɔewo nɔa anyi.—Kpɔ Korintotɔwo I, 16:16; Filipitɔwo 2:1-4.
9 Hiahiã Tɔxɛwo: Ame tsitsiwo, dɔnɔwo, amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, alo ame bubuwo ahiã kpekpeɖeŋu hafi ate ŋu ayi takpekpea. Ƒometɔwo, hamemegãwo, kple hamea me tɔ bubu siwo nya nu tso amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ƒe nɔnɔmewo ŋu ate ŋu awɔ ɖoɖo siwo hiã lɔlɔ̃tɔe, eye womagblẽ ƒomea alo hamea ƒe agba ɖe takpekpedɔ dzikpɔlawo dzi o.—Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:4.
10 Gbeƒãɖela siwo le tenɔnɔ nyui me, kple esiwo ƒe viwo nye vi buamewo, siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti da asi ɖo koe wowɔ ɖoɖo sia na. Hafi nàkpe Xɔbiagbalẽ ɖo la, xlẽ nyatakaka si le agbalẽa te nyuie. Ele be miaɖo agbalẽ siawo ɖe Xɔdidɔwɔƒea kaba alesi miate ŋui. Taflatse mizã takpekpea ƒe adrɛs si dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia.
11 Xɔdidɔwɔƒea adze agbagba adi xɔ siwo sɔ na gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ne hamea me tɔwo mate ŋu akpe ɖe wo ŋu o. Gbeƒãɖela siawo ate ŋu aɖo dze tso woƒe nɔnɔmea ŋu na hamea ƒe agbalẽŋlɔla. Agbalẽŋlɔla hã nadzro eme kple Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ susɔeawo be woakpɔe ɖa be hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe xɔnyawo gbɔ hã. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke amesi le xɔa biam la nakpe Xɔbiagbalẽa ɖo atrɔe na agbalẽŋlɔla la be wòalé ŋku ɖe eŋu kpɔ be wokpee ɖo vɔ keŋkeŋ eye nuwo de le edzi pɛpɛpɛ hã, akpɔe ɖa hã be le nɔnɔme si me amea le nu la, ɖe wòdze na kpekpeɖeŋu sia hã. Agbalẽŋlɔla la NAÐE nɔnɔme si me ameawo le ME TSITOTSITO ɖe lɛta me. Ele be woawɔ nusiawo katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Ne subɔsubɔ kɔmitia lé ŋku ɖe nusiawo ŋu be wode vɔ la, ke agbalẽŋlɔlaa aɖoe ɖe Xɔdidɔwɔƒea. Woaŋlɔ lɛta na xɔbiala la tẽ atsɔ agblɔ dzeƒeŋunyawo nɛ.
12 Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ aɖe alo hamemegã bubu nakpe ɖe amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ŋu woava bia xɔ si wona wo le Xɔdidɔwɔƒea ne wonya ɖo takpekpea wɔƒe ko.
13 Takpekpe Bubu Dede: Wotia takpekpe si tsɔ kpui ɖe hame ɖesiaɖe gbɔ na wo be woayi. Habɔbɔa nɔa te ɖe gbeƒãɖela siwo wotia na takpekpe ɖesiaɖe ƒe xexlẽme dzi bua ame alesinu wosusu be woava la ƒe agbɔsɔsɔ bene woanya nɔƒe, dzeƒe, agbalẽ, kple nusiawo tɔgbe sinu asu. Ne èɖoe be yeayi takpekpe bubu la, ɖewohĩ àhiã nyatakaka siwo ku ɖe dzeƒe kple nu bubuwo ŋu. Teƒe siwo hamewo ayi le la dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Gake ne le susu nyui aɖe ta nàyi takpekpe bubu si menye esi wotia na miaƒe hamea o eye nàhiã dzeƒe la, ke ele be nàkpe Xɔbiagbalẽ ɖo eye nàna agbalẽŋlɔla la naɖoe ɖe takpekpewɔƒe si sɔ. Ne woawɔ wu takpekpe ɖeka le dugã aɖe me la, mikpɔ egbɔ be yewoŋlɔ ɣletiŋkeke siwo woawɔ takpekpe si yi ge miala ɖe dzi.
14 Ne woawɔ takpekpe eve le gbegbɔgblɔ ɖeka me le dugã aɖe me la, nɔvi aɖewo adi be yewoade evea siaa. Togbɔ be esia ana dzidede ƒo na ame nɔewo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe wu nasu ame si hã la, enaa takpekpe me nuzazãwo medea vavalawo nu o eye wògblẽa agbagba si dzem wole be takpekpea megalolo akpa o si ana be dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea kple le takpekpea wɔwɔ vɔ megbe dzi naɖe kpɔtɔ la me. Eyata míele biabiam tso nɔvi siwo le du si me woawɔ takpekpe le si be woayi du ma me takpekpe si wotia na wo la ko. Ne wodi be yewoagayi takpekpe bubu le du bubu me la, asɔ na mí nenema. Mɔɖeɖe li na nɔvi siwo wode takpekpe me dɔ kpata aɖewo asi na si wɔe be nuƒoawo ƒe akpa aɖewo to wo ŋu la be woate ŋu agayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Eye ne nɔvi aɖewo adi be yewoayi takpekpe le dugã la me si menye eyae wotia na woƒe hamea o le gbemasemase ta alo ŋkeke siwo woawɔ woƒe takpekpea dze Tamale takpekpea tɔ dzi la, mɔɖeɖe le eya hã ŋu.
15 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didiƒenɔnɔ, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia esi woayi faa. Gake hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magada wo sasrãkpɔ ɖe kwasiɖa ma dzi o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu nyui eye afɔku manɔ eme na yewo be yewoaɖoe o.
16 Tamale Takpekpea: Míawɔ “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe susɔeawo ƒe ɖeka le Tamale, January 8-10, 1999. Woawɔe le gbe eve siwo nye Twi kple Frafra me abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene. Míele dzi dem ƒo na anyiehenutome nɔvi siwo katã ate ŋui be woayi takpekpe sia. Ðewohĩ Habɔbɔa awɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔzɔzɔa ŋu le ƒe sia me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woaɖi vomeɖase eye woawɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔ hã le woƒe Tamale nɔɣia. Míele biabiam tso amesiwo katã wòdzɔ dzi na si be woadze takpekpe sia ƒe dzadzraɖowo wɔwɔ gɔme.
17 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, xɔdidi, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me tɔwo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔwɔŋkekewo dzi. Nyatakaka siwo míexɔ le ƒe si va yi me fia be nɔvi geɖe wɔ ɖoɖo nyuiwo va kpe asi ɖe dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea ŋu. Míekafu mi katã ɖe gbɔgbɔ nyui sia si mieɖe fia la ta. Ne ame geɖe alesinu ate ŋui awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke mamlɛa dzi do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze alo ŋkeke eve do ŋgɔ nɛ be woawu nusianu nu pɛpɛpɛ la, ade mía dzi ŋutɔ. Esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wozãna ɖe takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔ kple wo wɔwɔ ŋu ta la, ne míeyi ɖawɔ dɔ do ŋgɔ na takpekpe la, mele be míakpɔ mɔ be takpekpedɔ dzikpɔlawo ana nuɖuɖu mí femaxee o. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu geɖe hiã le takpekpea wɔɣiwo hã, eyata miwɔ ɖoɖo mia kple miaƒe ƒomea miakpɔ gome le eme le takpekpe si miayi la me.
18 Nuɖuɖunyawo: Miɖo ŋku edzi miatsɔ nane ɖe asi tso aƒeme ava ɖu le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Ana amesiame ƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu nyuie wu. Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisiafi si míanɔ aɖu nu le ɖiɖiɖemeɣiawo bene míagagblẽ zikpuiawo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o.
19 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Míele nanam hame ɖesiaɖe nanya be woazã “Literature Order Form” (S-14) atsɔ adɔ “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe kɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwoe. Taflatse mikpɔ egbɔ be miekpe agbalẽvia ɖo nuwo de le edzi pɛpɛpɛ eye mieɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa ENUMAKE bene woate ŋu awɔ dɔ tso miaƒe takpekpe me nuhiahiã sia ŋu na mi kaba. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
20 Hadzidzi: Ha siwo gbɔna ye nye esiwo woyɔ le ɖoɖowɔɖia me, eye míeɖo wo ɖe ɖoɖo siwo nu woadzi wo ɖo nu: 174, 151, 105, 89, 164, 43, 91, 211, 202, 177, 191, 79, 155, 19, 10, 85, 109, kple 42. Abe alesi woxlɔ̃ nu míi le Efesotɔwo 5:19 ene la, wole dzi dem ƒo na mí katã be míadzi haa akplɔ esi woaƒo le mɔ̃ dzi le takpekpea me ɖo.
21 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Habɔbɔa mawɔ ɖoɖo aɖeke ɖe nuƒoawo alo dramaa léle ɖi ŋu o. Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubu siwo va alo ahe woƒe susu o la nu. Vevietɔ ele be woakpɔ nyuie be yewometsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
22 Nyataƒonya: Nya siwo míese tso teƒe vovovowo fia be mi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo miedze na kafukafu ɖe mawumenɔnɔmewo ɖeɖefia ta. Amedzrodzeƒe aɖe dzi kpɔlawo gblɔ be Yehowa Ðasefowoe nye “ƒuƒoƒo si ɖɔ ʋu wu kple ame nyuitɔwo kekeake siwo dze mía gbɔ kpɔ.” Ame bubu gblɔ be: “Mekpɔe be ele be mada akpe na mi ɖe amedzrodzeƒea ƒe dɔwɔlawo nu. Ele be míakafu miaƒe takpekpevalawo be woawoe nye ame nyuitɔwo, siwo wɔa ame, eye woɖɔ ʋu wu ƒuƒoƒo ɖesiaɖe si míexɔ kple dzidzɔ la dometɔ ɖeka.” Esi wowu dukɔ sia me takpekpeawo dometɔ ɖeka nu eye takpekpedɔ dzikpɔlawo yi be yewoada akpe na sukumegãwo ɖe alesi woɖe mɔ wozã woƒe anyigba kple xɔwo ta la, sukua ƒe tatɔ doe ɖe sukumegã bubuawo gbɔ be le alesi nɔviwo lé be na sukukpoa dzi kple xɔa me nyuie ŋutɔ ta la, ele be yewoaɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woazã sukuxɔawo ɣesiaɣi si wohiãe. Nufialaawo kple sukumegãawo katã tsɔ dzidzɔ ƒo asikpe tsɔ lɔ̃ ɖe edzii. Nyatakaka siawo tɔgbe menya sena ŋutɔ oa? Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe nuwɔna wokpɔ gblɔ nya siawo la ana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ godoo.
23 Edze ƒã na mía dometɔ ɖesiaɖe be Yehowa le megbe na ƒe sia ƒe takpekpewo ƒe ɖoɖoa. Esi nɔvi geɖe siwo zɔa mɔ dea nutome gã takpekpeawo hiã dzeƒe ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana nuhiahiã siawo hã mí wòade edeƒe. Ne míeɖee fia be míenye ‘nuteƒewɔlawo le nu suetɔ kekeake me’ la, ana míadze axɔ yayra wɔnuku siwo li na amesiwo Yehowa lɔ̃na.—Luka 16:10.
[Aɖaka si le axa 5]
Nuƒoawo ƒe Ɣeyiɣiwo
FiɖakpleMemleɖa
ŋdi 9:30–ɣetrɔ 5:00
Kwasiɖa
ŋdi 9:30–ɣetrɔ 4:00