INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/99 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Hena October

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Hena October
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 4
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 10/99 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Hena October

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 4

Hadzidzi 130

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

17 min: “Kafu Yehowa Tso Ŋkeke Yi Ŋkeke.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Ne ɣeyiɣi ɖe mɔ la, na woawɔ wɔwɔfia kpui si wotu ɖe memama 3 alo 4 lia dzi. De dzi ƒo na nyaselawo be woatsɔ aɖaŋuɖoɖoawo awɔ dɔe.

18 min: Nɔ Ŋudzɔ ɖe Magazine Nana Ŋu! Yɔ magazine agbɔsɔsɔ si hamea na le ɣleti si va yi me. Aleke wòle ne wotsɔe sɔ kple xexlẽme si miexɔna tso Habɔbɔa gbɔ? Ne vovototo gã aɖe le wo dome la, ke nukae wòhiã be miawɔ? Kpe nyaselawo be woaƒo nu tso nya siwo gbɔna ŋu: (1) Gbeƒãɖela ɖesiaɖe nadɔ agbɔsɔsɔ si ade nɛ gake wòanye esi sɔ. (2) Bu Memleɖa ɖesiaɖe Magazine Ŋkekee. (3) Tsɔ magazine nana de wò ŋutɔ wò gbeadziyiɖoɖo me dzinu sia dzinu. (4) Ðoe be yeaɖi vomeɖase geɖe wu eye nàzã magazinewo atsɔ adze dzeɖoɖowo gɔmee. (5) Tsɔ magazine ƒe tata siwo ƒo nu tso dɔwɔna aɖewo koŋ ŋu yi dɔ mawo wɔƒe eye nàna dɔa wɔla siwo atsɔ ɖe le wo me wu. (6) Nuŋlɔɖi nyuiwo nenɔ asiwò le esiwo nèna ŋu, eye nàɖe magazine ƒe ademɔ ahatsɔ tata yeye siwo agava ayi na wo. (7) Wɔ magazine xoxowo ŋudɔ nyuie be womagali kɔ ɖi o. Tsɔ magazine yeye siwo do fia eye nàƒo nu tso esiwo ate ŋu anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ŋu. Na ame tsitsi kple ɖevi nawɔ magazine nana ƒe wɔwɔfia kpui aɖe.—Kpɔ September 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi.

Hadzidzi 105 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 11

Hadzidzi 194

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.

20 min: “Alesi Míawɔ Ase Vivi na Kpekpeawo Wu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ mɔ aɖewo siwo dzi míato ate ŋu aɖe ameŋububu afia kple alesi míade dzi ƒo na mía nɔewo le kpekpewo me. Kpe nyaselawo be woagblɔ eƒe kpɔɖeŋu siwo nye woa ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo.

Hadzidzi 152 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 18

Hadzidzi 196

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo.

13 min: “Ðe Nèle Ʋuʋuma?” Nuƒo tuameɖo si agbalẽŋlɔla aƒo. Ne wòva hiã be gbeƒãɖelawo naʋu ayi hame bubu me la, ele vevie be woade ha kple nɔviwo le nuto yeyea me be wòagagblẽ nu le woƒe gbɔgbɔmenyenye ŋu o. Te gbe ɖe edzi be ele vevie be amesi di be yeaʋu nana hamemegãwo nanya nu tso eƒe ɖoɖoa ŋu eye wòabia woƒe kpekpeɖeŋu le nyanya nana hame yeyea me.

22 min: “Nya Kae Nàgblɔ na Yudatɔ?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso vovototo si Yuda-subɔsubɔ ƒe akpa siwo nye Orthodɔks, Ðɔɖɔɖowɔlawo, kple Kɔnuxoxoléɖeasilawo dome ŋu. (Kpɔ Alesi Ameƒomea le Mawu Dimee, axa 226-7) Tɔ asi nya siwo dzi ɖewohĩ mía kple Yudatɔ míalɔ̃ ɖo atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee. Na woawɔ wɔwɔfia si me woto nyuie. Ne èle nyatakaka bubu dim tso Yuda-subɔsubɔ ŋu la, ke kpɔ February 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi; Reasoning-gbalẽa ƒe axa 22-3 [alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 14-15]; kple Alesi Ameƒomea le Mawu Dimee, ta 9.

Hadzidzi 142 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 25

Hadzidzi 179

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Kpe ɖe amesiame ŋu be wòadzra ɖo ɖe Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza alo Sidzedze-gbalẽa nana le November me ŋu. Gblɔ alesi woadzra ɖo ɖe dzeɖonya si ku ɖe nyabiabia si nye “Ðe Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋua?” la ŋuti. Zã nya siwo le agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 7 lia alo agbalẽa ƒe ta 16 lia, memama 12-14. Wɔ wɔwɔfia kpui si me woazã mawunyakpukpui ɖeka le.

15 min: Ŋuɖoɖo Didi na Biblia me Nyabiabiawo. Gbeƒãɖela tsɔ nyabiase si tso Biblia me si ɖetsɔlemetɔ aɖe biae va subɔsubɔdɔwɔla aɖe gbɔe. Le esi teƒe be subɔsubɔdɔwɔla la naɖo eŋu la, efiae alesi wòawɔ ake ɖe ŋuɖoɖoa ŋu boŋ. Gbã la, edzro aɖaŋuɖoɖo si le School Guidebook ƒe nusɔsrɔ̃ 7 lia, memama 8-9 me. Eye wowɔ numekuku ɖekae le nyabiase si wolɔ̃a biabia le woƒe anyigbamama me ŋu. Wokpɔ agbalẽ tɔxɛ siwo wofia asii siwo ƒo nu tso nyatia ŋu eye wokpɔ numeɖeɖe vevi si ta Biblia ɖo eŋu nenema la. De dzi ƒo na nyaselawo be woawɔ numekuku siawo tɔgbe atsɔ adi ŋuɖoɖo na Biblia me nyabiasewo.

15 min: Taɖodzinu Siwo Míaɖo. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Dzro taɖodzinu nyui siwo woyɔ ɖe March 15, 1997, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11 ƒe aɖakaa me la me. De dzi ƒo na amewo be woaƒo wo ɖokui ɖe kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ðe alesi taɖodzinu siawo gbɔ ɖoɖo ate ŋu aɖe vi na mía ŋutɔwo la me. Kpe nyaselawo ne woagblɔ dzidzɔ siwo wokpɔ esi woɖo teokrasi taɖodzinu aɖewo gbɔ.

Hadzidzi 151 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe