INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Gbeƒãɖeɖewo
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993 | September
    • Gbeƒãɖeɖewo

      ◼ Agbalẽ siwo míana le September me: Míana agbalẽ eve siwo nye True Peace and Security—How to Find It kple “Let Your Kingdom Come,” hena ₵1,000. October: Nyɔ! alo Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. November: New World Translation of the Holy Scriptures kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? December: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã agbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame la nadɔ wo le nusiwo woagadɔ me ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe nudɔgbalẽvia (S-14) dzi.

      ◼ Agbalẽ si woasrɔ̃ le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe le dukɔa me katã tso ƒe 1993 ƒe November 8 lia dzie nye Making Your Family Life Happy.

      ◼ Míele ŋku ɖom edzi na subɔsubɔkɔmitia be woakpɔ egbɔ be yewoɖo “Literature Inventory” ƒe agbalẽvi (S-18) ɖe alɔdzedɔwɔƒea hafi September 6, 1993 naɖo. Woaɖo Congregation Analysis Report (S-10) ɖa le September 10, 1993 dzi.

      ◼ Gbeƒãɖela siwo wɔ ɖoɖo be yewoadze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le October 1, 1993 dzi la, nabia enumake. Woaɖo dɔbiagbalẽa ɖe Habɔbɔa do ŋgɔ hafi September nawu enu. Taflatse midzro September ƒe 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi memamã 21 vaseɖe 26 me.

      ◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔnta me le September 1 dzi alo le emegbe kpuie. Ne miewɔe vɔ la, miaɖe gbeƒãe na hamea.

      ◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woawɔ ɖe mɔfiame siwo wona le April 15, 1991 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 21-3 dzi le amesiwo woɖe le hamea me alo amesiwo ɖe wo ɖokui le hamea ŋu evɔ wole didim be woagaxɔ yewo la dzi.

      ◼ Agbalẽ Siwo Gava:

      Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twi: Gɔmedzegbalẽ. Eʋegbe kple Twi: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ.

  • Misrɔ̃ Agbe Tegbee Kple Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me ƒe Agbalẽawo
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993 | September
    • Misrɔ̃ Agbe Tegbee Kple Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me ƒe Agbalẽawo

      1 Traktwo, agbalẽ gbadzawo, magazinewo, kple agbalẽgãwo—míate ŋu azã wo katã atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple ɖetsɔlemetɔwo. Esi Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa kaka ɖo teƒe geɖewo eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ta la, wozãnɛ tsɔ dzea nusɔsrɔ̃ gɔmee. Ele be woade dzi ƒo na amesiame be wòaxlẽe ahasrɔ̃e. Míewɔa esia esi míedzrana ɖo ɖe Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe ŋu heyina edziedzi.

      2 Gake agbalẽ vevi eve aɖewo li siwo wòle be míasrɔ̃ kple ame yeyewo be míakpe ɖe wo ŋu woase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo gɔme. Woawoe nye: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi kple Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo tsɔ agbalẽ bubuwo le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔmee be woatrɔ ɖe agbalẽ siawo dometɔ ɖeka ŋu kaba ne anya wɔ. Ne Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa srɔ̃m miele la, mide dzi ƒo na nusrɔ̃via be eya ŋutɔ nayi edzi axlẽe le eɖokui si. Togbɔ be amea axɔ nyɔnyrɔ̃ hafi miawu agbalẽ evelia nu hã la, miyi Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔwɔ dzi vaseɖe esime miawu Agbe Tegbee kple Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me gbalẽawo nu. Esia ana gɔmesese nyui nasu Biblia-nusrɔ̃via si, eye wòali ke le gbɔgbɔ me.

  • Zã Magazinewo Tsɔ Kpe Ðe Amewo Ŋui
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993 | September
    • Zã Magazinewo Tsɔ Kpe Ðe Amewo Ŋui

      1 Aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye si ne míexɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeyewo! Edzɔa dzi na mí be míaxlẽ wo kaba alesi míate ŋui ale be nyatakaka siwo le wo me la naɖe vi na mí. Tsɔ kpe ɖe nya siwo akpe ɖe mía ŋutɔwo ŋu didi me ŋu la, anyo ŋutɔ be míadi nya siwo míate ŋu azã le magazinewo nana ame bubuwo me hã. Míadi be míade dzesi akpa siwo adzɔ dzi na míaƒe hamea ƒe anyigbamamã me tɔwo ŋutɔ alo míade dzesi nu ɖe mía ŋutɔ tɔ ƒe axadzi be wòaɖo ŋku dzeɖonyawo kple alesi míate ŋu aƒo nu tso nyatia ŋu le mía gbɔ dzi na mí.

      2 Viɖe mavɔwoe le míaƒe magazinewo ŋu. Togbɔ be míaƒe susu anɔ magazine yeyewo nana ŋu koŋ hã la, mele be míagblẽ tata xoxowo dome o, elabena nyatakaka siwo le wo me la medo xoxo o. Tsɔ tata xoxowo de wò akplo me ale be woanɔ ŋuwò ne ele ɖase ɖim. Viɖe ate ŋu anɔ wo ŋu vevietɔ ne èva nya aƒemenɔla aɖe ƒe nuhiahiã tɔxɛ aɖe. Ne magazine xoxowo le miaƒe hamea si la, ke miwɔ ɖoɖo be miawɔ magazinedɔ tɔxɛwo bene woavɔ.

  • June Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993 | September
    • June Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu

      Gaƒ. Mag. TY BN

      Xexlẽme: m.d. m.d. m.d. m.d.

      Mɔɖ. V. 94 140.1 10.5 69.3 9.4

      Gbe. Mɔɖ. 2,378 78.2 6.9 42.2 6.9

      Kpe. Mɔɖ. 1,806 58.3 4.7 26.2 5.0

      Gbeƒ. 34,086 12.5 1.0 6.0 1.5

      YE KATÃ 38,364 Nyɔnyrɔ̃xɔlawo: 130

  • Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993 | September
    • Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃

      Ðoɖo hena hame ƒe nusɔsrɔ̃wo le Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa me.

      September 6: Ta 108-110

      September 13: Ta 111

      September 20: Ta 112-115

      September 27: Ta 116

  • Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993 | September
    • Teokrasi Nyadzɔdzɔwo

      Chile: Gbeƒãɖela 42,778 siwo bu akɔnta le April me la dometɔ 8,680 nye mɔɖelawo. Woɖo gbesiagbe mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 2,820 gbɔ. Gbeƒãɖelawo katã ƒe gaƒoƒo si ŋu wobu akɔnta le enye 1,009,001.

      Lesotho: Gbeƒãɖela siwo bu akɔnta le April mee nye 1,895, si nye dzidziɖedzi 19 le alafa me ɖe ƒe si va yi me tɔ ƒe mamã dedie dzi.

      Portugal: Woɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 41,472 gbɔ le April me. Wokpɔ gaƒoƒowo, tɔtrɔyiwo, kple aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ yeyewo hã.

      Venezuela: Gbeƒãɖela 62,074 ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ na wokpɔ gaƒoƒowo, tɔtrɔyiwo, kple aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ yeyewo le April me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe