INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/00 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 13
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 20
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 27
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 4
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 11/00 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

MIDE DZESII: Le ɣleti siwo me míawɔ nutome gã takpekpewo la, ahiã be hamewo nawɔ tɔtrɔwo be woate ŋu ade takpekpea. Le kwasiɖa eve va ɖo ene siwo akplɔ takpekpea ɖo me la, woawɔ ɖoɖo ɖe aɖabaƒoƒo 30 ƒe takpekpea me nya veviwo me dzodzro ŋu le Subɔsubɔ Kpekpea me. Ele be woade takpekpeŋkekeawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nya vevi siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie la asi na nɔviŋutsu eve alo etɔ̃ do ŋgɔ. Woate ŋu agblɔ alesi nusiwo míeva srɔ̃ le takpekpea me aɖe vi le hamea me kple le gbeadzii. Woate ŋu atia nuteƒekpɔkpɔ kpui ɖeka alo eve aƒo nu tso wo ŋu. Amesiame ƒe dzadzraɖo nyuie nye nu vevi si ana Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa sia navivi eye nufiame nanɔ eme.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 13

Hadzidzi 4

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Gblɔ gbeadziyiɖoɖo si miewɔ na kwasiɖaa.

10 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo.

10 min: “Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Kɔkɔewo Ŋua?” Hamemegã ƒe nuƒo. Te gbe ɖe alesi wòle vevie be míade nutome gã takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katãe dzi.

17 min: “Ðetsɔleme si Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia Nyɔ la Tutuɖo.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ adzro memama 1-5 lia mee. Gblɔ gbeadziyiɖoɖo si miewɔ hena anyigbamama siwo me womewɔ dɔ le haɖe o kpekpeɖo. Midzro aɖaŋuɖoɖo siwo le memama 7 kple 8 me ku ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu me, eye na woawɔ wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe wɔwɔfia. Te gbe ɖe alesi wòle vevie be míatrɔ ayi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔe kple alesi míadze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee la dzi. Dzro memama 9 lia kple ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la me tsɔ wu enui.

Hadzidzi 63 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 20

Hadzidzi 111

7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

10 min: “Miwɔ Nuwo Katã le Lɔlɔ̃ Me.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ nu aduadu kple takpekpe Xɔdidɔwɔƒea.

13 min: “Lé To Ðe Nya Kɔkɔewo Ŋu.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Te gbe ɖe susu siwo ta wòle be mí katã míanɔ mía nɔƒewo hafi akpa ɖesiaɖe nadze egɔme, aɖo to nyuie eye míagawɔ nu wòahe nyasela bubuwo ƒe susu o dzi.

15 min: “Minɔ Agbe Nyui si Ana Woakafu Mawu.” Hamemegã nadzro nyatia me kple ƒome aɖe. Woadzro nusi wòhiã be woawɔ alé nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu, nɔnɔme nyuiwo, dzadzɛnyenye, kple agbe ɖɔʋu nɔnɔ me ɖe asi le takpeduawo me ne woyi takpekpewo.

Hadzidzi 203 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 27

Hadzidzi 141

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe November gbeadzikɔntabubuwo ana. Agbalẽ siwo míana le December mee nye Sidzedze-gbalẽa kple New World Translation Biblia. Gblɔ alesi Yehowa Ðasefowo wɔ akpa vevi aɖee le Biblia tata ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me.—Kpɔ October 15, 1997, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11-12.

20 min: “Nɔ Gbeƒãɖeɖe Dzi!” Nuƒo kple gbebiame. Ame aɖewo le ha dem kple Yehowa ƒe habɔbɔa eye woku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me le woƒe agbeme katã. Esi nukpɔsusu nyui le wo si ta la, wokpɔ dzidzɔ le dɔ sia wɔwɔ me. (Kpɔ Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 179, memama 20 lia, kple May 1, 1992, Gbetakpɔxɔ, axa 21-2, memama 14-15.) Kpe gbeƒãɖela si le dɔa wɔm ƒe geɖe be wòagblɔ susu siwo ta wòyi edzi le gbeƒã ɖem kutrikukutɔe.

15 min: Aleke Mawɔ Aɖu Nye Television Kpɔkpɔ ƒe Numame Dzi? Hamemegã ƒe nuƒoƒo na nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si zãa gaƒoƒo geɖe gbesiagbe tsɔ kpɔa television. Gbã la, nɔviŋutsua te tɔ ɖe edzi be magblẽ naneke le ye ŋu o. Egblɔ be ɖiɖiɖeme ƒe mɔnu ƒomevi aɖe koe wònye eye be megblẽa naneke le ye ŋu o. Hamemegãa dzro nyati vevi siwo le Young People Ask ƒe agbalẽa ƒe ta 36 me kplii. Eɖe nu me nɛ be television kpɔkpɔ vivivo gblẽa ɣeyiɣi vevi siwo woate ŋu azã ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃, gbeadziyiyi, alo kpekpeɖeŋunana le hamea me ŋu hafi la me. Nɔviŋutsu sɔhɛa ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe aɖaŋuɖoɖoa ŋu eye wògblɔ be yeawɔ asitɔtrɔ le yeƒe television kpɔkpɔ ŋu be wòaɖe vi na ye le gbɔgbɔ me.

Hadzidzi 175 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 4

Hadzidzi 153

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: Zã Reasoning Gbalẽa Nyuie. Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si nɔ te ɖe axa 7-8 dzi. Ðe alesi wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòadzra mí ɖo be míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa wòaɖe vi geɖe wui fia. Gblɔ alesi woate ŋu azã agbalẽa le telefon dzi ɖaseɖiɖi mee. Wɔ alesi woawɔ ake ɖe nyatakaka veviwo ŋu le nyaŋuɖoɖo na amewo mee fia. De dzi ƒo na amesiame be wòasrɔ̃ agbalẽ sia nyuie, woadee woƒe gbeadzidekplo me, eye woazãe edziedzi.

10 min: Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia Mama ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo. Gblɔ dzidzedze siwo miekpɔ le anyigbamamaa kpekpeɖo me. Ðe ame aɖe dze gbeadziyiyi gɔme zi gbãtɔ le hamea mea? Ƒo nu tso nya nyui siwo aƒemenɔlawo gblɔ tso mía ŋu la ŋuti. Ðe gbeƒãɖela aɖewo te ŋu dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmea? Ne wote ŋui la, ke na woagblɔ alesi wowɔe alo woawɔ eƒe wɔwɔfia. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòava tu ɖetsɔleme si amewo ɖe fia la ɖo.

15 min: “Nya si Wogblɔ Ðe Egblɔɣi.” Numedzodzro kple nyaselawo kpakple wɔwɔfiawo. Ame geɖe bunɛ be yewomedze o ne wole agbagba dzem be yewoadze dzeɖoɖo gɔme, eye wobunɛ vodadatɔe be ehiã be yewoabi etɔxɛe hafi ate ŋu awɔe wòaɖe vi. Gblɔ alesi mí katã, si me ame yeyewo kple sɔhɛ gbeƒãɖelawo hã le, ate ŋu adze dzeɖoɖo gɔmee ne míedze agbagba alesi dze ko. Ƒo nu tso dzeɖoɖo gɔmedzedze mɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo ŋu, nàte gbe ɖe alesi wole kpuie la dzi, eye nàna gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ nawɔ wo afia. Kpɔ March 1998 Miaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8, hena mɔnu bubu siwo dzi woate ŋu ato adze dzeɖoɖo gɔme. De dzi ƒo na amesiame be nukpɔsusu nyui nanɔ wo si be wòana woakpɔ dzidzɔ le woƒe subɔsubɔdɔa me.

Hadzidzi 218 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe