INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/00 axa 6
  • Minɔ Agbe Nyui si Ana Woakafu Mawu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Minɔ Agbe Nyui si Ana Woakafu Mawu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Miti Nyuiwɔwɔ Yome Ɣesiaɣi’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • “Miwɔ Nuwo Katã le Lɔlɔ̃ Me”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Minɔ Kɔkɔe le Miaƒe Agbenɔnɔ ƒe Akpa Sia Akpa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Wɔ Nu Nyui ne Woakafu Wò!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 11/00 axa 6

Minɔ Agbe Nyui si Ana Woakafu Mawu

1 Afika ke míeɖale o, míaƒe agbenɔnɔ, awudodo, kple dzadzraɖo ɖia ɖase le mía kple Mawu si míedea ta agu na ŋu. Esia dzena wu vevietɔ ne Mawu ƒe amewo ƒo ƒu ɖe hatsotso gãwo me, afisi ame geɖe léa ŋku ɖe mía ŋu le. Ne míeɖoa kpɔɖeŋu nyui la, wodea bubu Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. (Pet. I, 2:12) Gake ame ʋɛ aɖewo ƒe agbe maɖɔʋu nɔnɔ alo nuwɔna siwo me susu mele o ate ŋu ahe vlodoame va Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe amewo dzi. (Nyagb. 9:18b) Ne wòle susu me na mí be egodotɔwo nɔa te ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi bua alesi habɔbɔa kple Mawu si míedea ta agu na le la, awɔe be míalé fɔ ɖe eŋu ‘awɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.’—Kor. I, 10:31.

2 Agbe Nyui Nɔnɔ le Amedzrodzeƒewo: Zi geɖe la, Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu, agbenyuinɔnɔ, kple dzadzɛnyenye wɔa dɔ ɖe dzeƒea tɔwo dzi. Esi amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe nɔ nu ƒom tso Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si va dze eƒe amedzrodzeƒea ŋu la, egblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒe viwo nye ɖevi nyuitɔ kekeake siwo mekpɔ kpɔ! Wodoa awu ɖe nɔnɔme nyui me, wodea bubu ame ŋu, wowɔa nu wòdzea ame ŋu henɔa agbe nyui; eye womeɖe fu aɖeke na mí kura o. Miedze na kafukafu ɖe mia viwo ta. Míese vivi na mia viwo ƒe afisia nɔnɔ.” Amewo gblɔa nya siawo ƒomevi enuenu elabena amesiwo wɔa nu kpli mí te ŋu kpɔa lɔlɔ̃ kple bubu si le Yehowa ƒe amewo dome dzea sii.

3 Le go bubu me la, nya siwo dzeƒetɔ bubuwo gblɔ ɖee fia be kuxi le ame aɖewo siwo metsɔa ɖeke le alesi wowɔa nui me o alo zãa nusiwo le dzeƒeawo ɖe mɔ gbegblẽ nu la ŋu. Esia hea kuxiwo vɛ eye wòwɔnɛ be amewo ɖea ɖeklemi si mele be woaɖe le mía ŋu hafi o. Dzeƒetɔ aɖewo na nutsotso be ɖeviwo kple ƒewuiviwo doa ɣli hewɔa aglãdzenuwo, eye dzila aɖeke menɔa wo ŋu ne wova le fefem o.

4 Sewo le amedzrodzeƒe kple suku akpa gãtɔ si eye wokpɔ mɔ be amedzrowo nazɔ ɖe wo dzi. Nɔvi aɖewo da le se siwo ku ɖe toɣliɖeɖe kple nuɖaɖa le woƒe xɔwo me dzi. Amedzrodzeƒedzikpɔlawo gblɔ na mí be le afisi womeɖe mɔ ɖe nuɖaɖa le xɔwo me ŋu le o la, enye yewoƒe nunɔamesiwo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu be woaɖae. Menye ɖeko wògblẽa xɔa me ko o ke enaa nuɖaɖa ƒe ʋeʋe si tsia xɔa me hã wɔnɛ be yewomete ŋu gahayana xɔa o le ŋkeke geɖe alo kwasiɖa geɖe megbe. Migaɖa nu le xɔa me o, negbe ɖe wogblɔ be woate ŋu aɖa nu le xɔa me faa hafi.

5 Ele be míadze agbagba etɔxɛ be míawɔ nu aduadu bliboe kple dzeƒea tɔwo. Le nyateƒe me la, míedi be míana woabu susu gbegblẽ ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu o. Esi míenye Kristotɔwo ta la, ele be míaɖi anukware ɣesiaɣi. Mele be míatsɔ aklala alo “ŋkuɖodzinu” bubuwo tso amedzrodzeƒea adzoe o, le esi ema nye fififi ta; eye mele be míaka aʋatso le ame xexlẽme si anɔ xɔ ɖeka me ne míele xɔ biam alo míeyina ɖe xɔa me hã o.

6 Nudzeamewɔwɔ le Takpekpea Me: Eɖanye teƒe ka ke míeɖawɔ takpekpea le o, teƒea va zuna abe Fiaɖuƒe Akpata gã aɖe na mí le takpekpea wɔɣi ene. Ele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nanɔ abe ale si wònɔna ne míeyina kpekpewo le míaƒe hamea me ene. Le takpekpea wɔɣi kple emegbe siaa la, ele be míatsri awu madzegadziwo kple awu siwo wotɔ kple atsyã tɔŋku, siwo ɖea xexeame ƒe gbɔgbɔ fiana si na wòsesẽna na amewo be woade dzesi mí be míenye ame nyui siwo to vovo tso ame bubuwo gbɔ la dodo. Ele be nɔvinyɔnuwo nakpɔ nyuie be yewoƒe awuwo ƒe didime kple atsyã dze ga dzi hesɔ ŋku nyuie. (Tim. I, 2:9, 10) Míeɖale kpekpea me, amedzrodzeƒe alo suku, míele nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe, alo le nu ƒlem le fiase me o, ele be míaƒe nuwɔna naɖee afia ɣesiaɣi be míenye Mawu ƒe dɔtsɔlawo, be míagana nuɖiaɖia le naneke me o.—Kor. II, 6:3.

7 Woana nyɔnyrɔ amewo le Memleɖa ŋdi le takpekpea me. Gbetakpɔxɔ, April 1, 1995, ƒe axa 30, ƒo nu tso nɔnɔme si wòle be míaɖe afia le wɔna ma wɔɣi ŋu. Egblɔ be “ele be mí katã, kple amesiwo wona nyɔnyrɔe, míatsɔ moveviɖoɖo si dze awɔ nu ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Menye aƒãdoɣi, kplɔ̃ɖoɣi, alo dzidzɔ si gbɔ eme kpɔɣie wònye o. Gake menye nublanuinuwɔɣi alo adãdoɣi hã o.” Anye nusi masɔ kura be amesiwo le nyɔnyrɔ xɔm nado awu ɖekematsɔlemetɔe alo tsimeyiwu siwo me wodzena le o, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o. Le esia ta ele be amesiame naɖe vevienyenye kple dzidzɔ si le Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu afia.

8 Petro ɖo ŋku ‘amesiwo ƒomeviwo wòle na mí be míanye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me’ dzi na mí. (Pet. II, 3:11) Neva eme be míaƒe nuƒo kple nuwɔnawo le ƒe sia me “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpea me nakpe ɖe dzianukwaretɔ siwo léa ŋku ɖe mía ŋu la ŋuti be woava nya mía Mawu ŋusẽtɔ la, amesi dze na bubu kple ŋutikɔkɔe siwo katã li la, eye woade ta agu nɛ.—Kor. I, 14:24, 25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe