INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/00 axa 5
  • Lé To Ðe Nya Kɔkɔewo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lé To Ðe Nya Kɔkɔewo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ðo To Nàxɔ Nufiame Geɖe’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ðo To Nyuie Ne Nàsrɔ̃ Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ƒe 1994 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Ƒe 1997 “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 11/00 axa 5

Lé To Ðe Nya Kɔkɔewo Ŋu

1 Menye nya sia nya si amewo gblɔ ŋue wòhiã be míalé to ɖo nyuie o. Gake ne Mawu le nu ƒom la, susu vevi aɖe li si ta wòle be míaɖo to nyuie. (Mose V, 28:1,2) Míeda akpe be nuŋlɔla siwo gbɔgbɔ ʋã ŋlɔ ‘Mawu ƒe nya kɔkɔewo’ ɖi be wòaɖe vi na mí. (Rom. 3:2) Nutome gã takpekpe siwo gbɔna ana mɔnukpɔkpɔ xɔasi mí be míase nya siawo ne wole wo xlẽm hele wo me dzrom. Aleke nàte ŋu awɔ aɖo to nyuie?

2 Va Kaba Ŋdi Sia Ŋdi: Kpɔ dzidzɔ si gbegbe Israel-viwo kpɔ la ɖa le susu me esi wogblɔ na wo be woakpe kple Yehowa le Sinai toa gbɔ ase eƒe Sea! (Mose II, 19:10, 11, 16-19) Ne nɔnɔme ma ƒomevi le mewò ɖe nufiame xɔxɔ tso Yehowa gbɔ le nutome gã takpekpea me la, awɔ ɖoɖo ayi kaba gbesiagbe. Míate ŋu aɖo to ɖoɖowɔɖi bliboa katã o ne míetsi megbe va ɖo eye míeva le zikpui dim tsɔ le ame bubuwo ƒe susu hemee. Ðoɖowɔɖia adze egɔme ŋdi 9:30 gbesiagbe.

3 Ame aɖewo siwo vana kaba gɔ̃ hã menɔa wo nɔƒe hafi kpekpea dzea egɔme o. Nukatae? Wonɔa dze ɖom kple wo xɔlɔ̃wo vaseɖe esime zimenɔla yɔ hadzidzi si woatsɔ adze kpekpea gɔme hafi wodzea mɔ ɖoa ta wo nɔƒewo. Ele be míade dzesii be aɖabaƒoƒo geɖe hafi woadzi ha si woatsɔ aʋu kpekpea nu le ɖoɖowɔɖia ƒe akpa ɖesiaɖe la, zimenɔla nɔa anyi ɖe nuƒolanɔƒea ne wole Fiaɖuƒeha tɔxɛa ƒom do ŋgɔ na kpekpea gɔmedzedze. Esia nye dzesi be ɣeyiɣi de be míanɔ anyi! Emegbe ne wobia be míadzi ha atsɔ aʋu kpekpea nui la, míanɔ klalo akpɔ gome le kafukafuha dzidzi na Yehowa me.

4 Ƒomea Nawɔ Ðeka Aɖo To: Esi wonɔ nya kɔkɔewo xlẽm na Israel-viwo la, wobia tso ƒomewo, kple “ɖeviwo” hã, si be woaɖo to eye woasrɔ̃ nu. (Mose V, 31:12) Mele be míaɖe mɔ na ɖeviwo ‘woawɔ nusi dze wo ŋu’ le míaƒe takpekpewo me o. (Lod. 29:15) Dzilawo—miwɔ ɖoɖo be miaƒe ƒome bliboa, si me ƒewuiviwo hã le, nanɔ teƒe ɖeka. Dzila aɖewo lalana vaseɖe esime wole ha si woatsɔ aʋu kpekpea nui dzim hafi wokplɔa wo viwo yia nugododeƒewoe. Gake asesẽ be esia naɖe vevienyenye gã si le hadzidzi kple gbedodoɖawo ŋu le míaƒe tadedeagu me afia mía viwo. Aleke gbegbe wòanyoe nye si be ne anya wɔ la, woakpɔ nugododeƒeyiyi nyawo gbɔ hafi kpekpea ƒe akpa ɖesiaɖe nadze egɔme!

5 Míaɖo to nyuie ne míedɔ alɔ̃ ɖi ɖe me nyuie zã sia zã eye míeƒo asa na nu kpekpewo ɖuɖu le ŋkekea me. Wò susu nenɔ nusi gblɔm nuƒola le ŋu. Zi ɖokuiwò dzi be wò susu maganɔ tsatsam o. Ne wole mawunyakpukpuiwo xlẽm la, nɔ edzi kpɔm le wò Biblia me. Wɔ nuŋlɔɖi kpuiwo. Ne wole nuƒo ɖesiaɖe ƒom la, dzro nya siwo gblɔm nuƒola le me le susu me eye nàbu alesi nàtsɔ nyaa awɔ dɔe ŋu. Ƒomea naƒo ƒu adzro takpekpea me nyawo me le ŋkekea ƒe nuwuwu. Nya kawoe dzɔ dzi na wo dometɔ ɖesiaɖe? Aleke wò ƒomea ate ŋu awɔ nyatakaka siawo ŋudɔ nyuie?

6 De Bubu Mawu ƒe Nya la Ŋu: Takpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí be míaɖo dze kple mía xɔlɔ̃wo eye míase vivi na hadede tuameɖowo. Ne míeva kaba la, míakpɔ ɣeyiɣi aɖo dze hafi takpekpea nadze egɔme. Gake ame aɖewo nɔa dze ɖom esime takpekpea le edzi yim, eye wobunɛ vodadatɔe be esia maɖe toɣli amewo fũ le takpexɔ gãwo me o. Ne wole kpekpe gãwo wɔm gɔ̃ hã la, enye ɣeyiɣi si me wòle be woaɖo to abe alesi wòle le kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me ene. Mele be woaɖe mɔ telefon si nɔa ame ŋu, nyatakakaxɔmɔ si nɔa ame ŋu, videoɖemɔ̃wo, kple fotoɖemɔ̃wo zazã nahe ame bubuwo ƒe susu esime kpekpea le edzi yim o.

7 Esime Mose nɔ Sea xɔm tso Yehowa gbɔ la, enɔ anyi “abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe.” (Mose II, 34:28) Nenema ke masɔ be míanɔ nu ɖum alo anɔ nu nom esime takpekpea le edzi yim o. Ne menye le lãmegbegblẽ vevie ta o la, ke lala vaseɖe ‘ɣeyiɣi si woɖo ɖi’ na esia wɔwɔ nade hafi.—Nyagb. 3:1.

8 Le takpekpe aɖewo me la, eganye kuxi be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe kple ɖevi suewo gɔ̃ hã nanɔ tsatsam le takpexɔa ƒe xɔxɔnu esime kpekpea le edzi yim. Wode dzesii be ɖevi geɖe tsɔa ga tsutsɔewo nɔa tsatsam henɔa gbeɖuɖɔwo fɔm esime takpekpea me nuƒoawo le edzi yim. Togbɔ be susu nyui wotsɔ wɔnɛ hã la, ɖe wònaa nuƒoawo ɖea vi na ɖevi siawoa? Mina míaɖo ŋku edzi be ɖevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o mate ŋu anye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ne dzila alo ame tsitsi bubu mekpe ɖe wo ŋu o. Ne wowɔe alea hã mele be woanɔ dɔ sia wɔm esime takpekpea le edzi yim o. Woana mɔfiame anyinɔƒegbɔkpɔlawo be woabia tso amesiawo si be woagbugbɔ ayi takpexɔa me. Ele be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le dɔ wɔm le dɔwɔƒe vovovoawo nanɔ anyi ɖe nyaselawo dome ne wowu woƒe dɔ nu teti ko. Ne womede dɔ asi na dɔwɔlawo be woawɔ le dɔwɔƒeawo o la, mehiã be woanɔ afima anɔ wo nɔewo srãm kpɔ esime kpekpea le edzi yim o.

9 Míadi gbeɖe be míanye “kuviatɔwo le nyasese me” ne míele to ɖom Mawu ƒe Nya la o. (Heb. 5: 11) Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo to nyuie atsɔ aɖe bubu si dze afia ne wole Yehowa ƒe nya kɔkɔewo me dzrom le takpekpe gã si gbɔna me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe