Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
December 12 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 32
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Dzro nyati si nye “Ƒe 2007 ƒe Nudɔdɔ Tɔxɛwo” me. Gblɔ ɣeyiɣi si wobia be nɔviwo nawɔ woƒe nudɔdɔwo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana December 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple December 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe megbe la, gblɔ alesi woate ŋu ade mawunyakpukpui ɖeka dzeɖonyaa me bɔbɔe la.
15 min: “Suku si Kpena Ðe Mía Ŋu le Nusiwo Míesrɔ̃ Ŋudɔwɔwɔ Me.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. De October 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me nya aɖewo eme.
20 min: “Nufiafia si Kplɔa Ame Yia Agbe Mee.”a Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ be ame ɖeka alo eve naƒo nu tso alesi Mawu ƒe nufiafia ɖe vi na woe ŋu.
Hadzidzi 101; gbedodoɖa na kpakpã.
December 19 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 160
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ ɖoɖo tɔxɛ siwo miewɔ na gbeadziyiyi le December 25 kple January 1 dzi. Ðo ŋku edzi na nɔviawo be woatsɔ nudɔdɔ tɔxɛwo hena ƒe 2007 ana agbalẽdzikpɔla.
15 min: “Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Tɔtrɔ Ðe Nɔnɔme Vovovowo Ŋu Me.”b Na woawɔ wɔwɔfia kpui aɖe si me woawɔ alesi gbeƒãɖela aɖe ate ŋu anɔ te ɖe aƒemenɔlaa ƒe nyagbɔgblɔ dzi atrɔ eƒe ɖaseɖinya wòasɔ ɖe nɔnɔmea nui afia.
25 min: “Ðe Viwò Ate Ŋu Awɔ Nyametsotso si Fia be Etsi le Susu Mea?”c Hamemegã ƒe dɔ. Na nɔviŋutsu nuxlẽla bibi aɖe naxlẽ memama ɖesiaɖe. Dzro mawunyakpukpuiawo katã me. Ne miedzro memama 2 lia me vɔ la, tsɔ nɔnɔmeawo sɔ kple sɔhɛ eve siwo ŋu nya wogblɔ le Gbetakpɔxɔ, June 15, 1991 (Vol. 112, No. 12-EW) axa 16-17, memama 16-17, kple aɖaka si le axa 17 me. Le etaƒoƒo me la, de dzi ƒo na dzilawo be woagbugbɔ ato Gbetakpɔxɔ ma me nyatia katã me eye woasrɔ̃ Biblia ƒe sededea ku ɖe ʋu ŋu kple wo viwo, ahawɔ eƒe wɔwɔfia kpli wo enumake, bena woadzra wo ɖo nyuie be woate ŋu aɖe woƒe dzixɔse me kple kakaɖedzi. Ele be ƒome ƒe tawo nakpɔ egbɔ be DPA (alo Ameteƒenɔla ƒe Ŋusẽ si Nɔa Anyi Ðaa) ƒe agbalẽvi nanɔ wo vi siwo xɔ nyɔnyrɔ dometɔ ɖesiaɖe ŋu eye Identity Card (alo Dzesidegbalẽvi) nanɔ wo vi maxɔnyɔnyrɔwo ŋu. Ɣesiaɣi si woaxɔ ame aɖe ɖe kɔdzi eye ʋudonya ado mo ɖa la, hamemetsitsiwo nate ɖe Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti si le wo gbɔ ŋu axɔ kpekpeɖeŋu.
Hadzidzi 56; gbedodoɖa na kpakpã.
December 26 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 85
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakaka. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe December gbeadzikɔntabubu ana. Ƒo nu tso August ƒe Akɔntabubu ŋu kpuie, kafu nɔviawo, nàde dzi wo ƒe wo be woanɔ woƒe gbeadzikɔntawo nam kaba. Ne miaƒe hamea ƒe kpekpedeɣiwo atrɔ le ƒe yeyea me la, miɖe gbeƒã ŋkeke yeyeawo na hamea. Yɔ agbalẽ si míana le January me, eye nàfia asi afisi woate ŋu akpɔ ɖaseɖinyawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo le.
20 min: Nukatae Wòle Be Míabu Srɔ̃ɖeɖe Nu Kɔkɔe? Hamemegã ƒe nuƒo si wòatu ɖe Nyɔ!, May 8, 2004, axa 28, 29 (Eŋlisigbe me tɔ, axa 20, 21) dzi. Te gbe nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ le srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi abe alesi woɖe eme le tanya sueawo te ene, nàde dzi ƒo na amewo katã be woade bubu srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu.
15 min: Alesi Nàwɔ Yehowa Nanye Wò Mawu. Hamemegã ƒe nuƒo si wòatu ɖe Gbetakpɔxɔ, April 1, 2005, axa 25-8 dzi. Fia alesi míate ŋu atsɔ nusiwo míesrɔ̃ tso Abraham, Dawid, kple Eliya gbɔe la ade nuwɔna mee.
Hadzidzi 222; gbedodoɖa na kpakpã.
January 2 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 5
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Nukae nye Harmagedon? Le ŋgɔdonya si made miniti ɖeka o megbe la, tsɔ biabiawo kple ŋuɖoɖowo dzro nyati sia me le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 44-9 me. Kpe nyaselawo woazã mawunyakpukpui siwo dze le eme atsɔ aɖo biabia siwo woŋlɔ wòtò ŋu. Ƒo nu tso alesi míate ŋu azãe le gbeadzi ŋu.
15 min: “Míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo Zazã Nyuie.”d De Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, September 2002 tɔ ƒe axa 1 me nya aɖewo eme.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Hame siwo de woƒe nutome gã takpekpea xoxo ate ŋu azã akpa sia atsɔ adzro takpekpea me nya veviwo mee abe alesi wogblɔe le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 2005 ƒe axa 2 lia ene.
Hadzidzi 48; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
d Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.