INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/08 axa 1
  • Wɔ Wò Ɣeyiɣiwo Ŋu Dɔ Bliboe Le Gbeadzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Wò Ɣeyiɣiwo Ŋu Dɔ Bliboe Le Gbeadzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Si Ðoa Eƒe Taɖodzinu Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Na Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Naɖe Vi na Wò Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nu Si Nàwɔ Be Wò Gbeadziƒuƒoƒo Naɖe Vi Na Wò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 1/08 axa 1

Wɔ Wò Ɣeyiɣiwo Ŋu Dɔ Bliboe Le Gbeadzi

1 Kakaɖedzitɔe la, dɔ geɖe li míawɔ le subɔsubɔdɔa me, gake ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ. (Yoh. 4:35; 1 Kor. 7:29) Ðoɖo nyui wɔwɔ kple dzadzraɖo do ŋgɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɣeyiɣi si míeɖo be míatsɔ awɔ ɖaseɖiɖidɔa ŋu dɔ bliboe.

2 Dzra Ðo: Hafi nàyi kpekpe hena gbeadziyiyi la, kpɔ egbɔ be yetsɔ agbalẽ siwo yeana la ɖe asi eye nya siwo nàgblɔ atsɔ ana wo la nanɔ susu me na wò. Ne wodo gbe ɖa tsɔ kpã kpekpea vɔ ko la, yi gbeadzi enumake. Esia ana be mia kple ame siwo le dɔ wɔm ɖekae la miawɔ geɖe ale si miate ŋui hafi ɣeyiɣi si mieɖo be yewoatsɔ awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔae la nade.

3 Ne wode dɔ asi na wò be nàkpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi la, ke dze egɔme ɖe game dzi. Na kpekpea nanɔ kpuie—mele be wòadidi wu miniti 10 va se ɖe 15 o. Hafi miakaka la, kpɔ egbɔ be nɔvi ɖe sia ɖe nya teƒe si wòawɔ dɔ le kple ame si wòazɔ kple.

4 Ne Miele Gbeadzi: Ne anya wɔ la, bu ɣeyiɣi si gbeƒãɖela ɖe sia ɖe adi be yeakpã le gbeadzi la ŋu ne èle ameawo mam. Anyo ŋutɔ be gbeƒãɖelawo nazɔ eveve le gbeadzi, negbe ɖee afɔku gã aɖe le nuto si me wole dɔa wɔm le me ko. Esia wɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi, eye wònana be ame sia ame wɔa eƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ bliboe le gbeadzi. (Luka 10:1; Ðoɖo, axa 86, mm. 2; axa 108, mm. 2; km 10/04 axa 8) Ne mieƒoa ƒu ɖoa ʋu ɖeka yia gbeadzi la, ele be nàbu ame bubu siwo anɔ lalawòm be nàwu wò dzeɖoɖo aɖe nu hafi yewoadzo la ŋu. Esia abia be nàdzo le ame si le nya hem la gbɔ ŋuɖɔɖotɔe, alo awɔ ɖoɖo atrɔ ayi ame aɖe si tsɔ ɖe le eme la gbɔ emegbe.—Mat. 10:11.

5 Ne èle tɔtrɔyiwo wɔm la, ɖe gbeƒã na ame siwo nàkpɔ le mɔ dzi la tsɔ wu be nàzɔ ɣeyiɣi didi aɖe numaƒomaƒoe ava ɖo wò anyigbamama me. Àte ŋu aƒo ka na ame aɖewo koŋ bene naka ɖe edzi be woanɔ aƒe me. (Lod. 21:5) Ne ède dzesii be yeanɔ ame aɖe gbɔ wòadidi la, àte ŋu awɔ ɖoɖo na ame siwo le miaƒe ƒuƒoƒoa me be woaɖe gbeƒã na ame siwo te ɖe mia ŋu le nutoa me alo awɔ tɔtrɔyi bubuwo.

6 Míele gbɔgbɔ me nuŋeŋe dɔ gã aɖe ƒe ɣeyiɣi me. (Mat. 9:37, 38) Eteƒe madidi o, dɔa awu enu. Eya ta ele be wòanye míaƒe didi be míawɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe