Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
January 14 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 41
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa atsɔ awɔ ale si woana January 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple January ƒe yevugbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe.
15 min: “Wɔ Wò Ɣeyiɣiwo Ŋu Dɔ Bliboe Le Gbeadzi.”a Bia gbe nɔviŋutsu aɖe si ɖoa kpɔɖeŋu nyui le ale si wòxɔa ŋgɔ na nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ta. Dzadzraɖo kawoe wòwɔna ale be wòate ŋu akplɔ ƒuƒoƒoa ayi gbeadzi, eye wònana wowɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ bliboe le ɖaseɖiɖidɔa me?
20 min: “Mina Dze Nanɔ Miaƒe Nya Me Ɣesiaɣi.”b Ne miele memama 2 lia me dzrom la, xlẽ Yohanes 4:7-15, 39.
Hadzidzi 85
January 21 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 215
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Yɔ agbalẽ si míana le February me, eye nàna woawɔ enana ƒe wɔwɔfia ɖeka. De dzi ƒo na ame sia ame be wòakpɔ video si nye Transfusion-Alternative Health Care—Meeting Patient Needs and Rights atsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro si míawɔ le February 4 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me la ŋu. Dzro Nyabiaɖaka me.
10 min: Èle Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe Gbalẽvia Zãma? Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2008 ƒe ŋgɔdonyawo dzi. Midzro ale si wòle vevie be woadi ɣeyiɣi gbe sia gbe atsɔ adzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia kple numeɖeɖe si wona kpe ɖe eŋu me la me. Kpe nyaselawo be woagblɔ ɖoɖo siwo wowɔ ɖe gbe sia gbe mawunyakpukpuia me dzodzro ŋu, kple viɖe siwo wokpɔna tso eme. Àte ŋu awɔ ɖoɖo kple nɔvi ɖeka alo eve do ŋgɔ. Gblɔ ƒe 2008 ƒe mawunyakpukpuia me nya vevi aɖewo kpuie.
25 min: “Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito.”c (Mm. 1-10) Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe dɔ. Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ƒe si va yi me togbɔ be vovo menɔa wo ŋu o alo wonye dɔnɔwo hã. Aleke wowɔ te ŋu wɔe? Dzidzɔ kawoe wokpɔ le ewɔwɔ me? Ne miele memama 7 lia me dzrom la, ƒo nu tso kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo siwo miewɔ na March, April, kple May la ŋu.
Hadzidzi 177
January 28 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 52
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe January gbeadzikɔntabubu ana. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ɖo alɔdzedɔwɔƒea ŋuti nyatakakawo. Numedzodzro kple nyaselawo, si wotu ɖe February 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple February ƒe yevugbe me Nyɔ! dzi. Ne èƒo nu tso magazineawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu kpuie vɔ la, na nyaselawo nagblɔ nyati siwo ado dzidzɔ na ame siwo le miaƒe anyigbamamaa me kple nu si tae wòadzɔ dzi na wo. Kpe nyaselawo woagblɔ magazineawo me nyati siwo ŋu wodi be yewoaƒo nu tsoe la me nya aɖewo koŋ. Nya kawoe woate ŋu abia atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔmee? Mawunyakpukpui siwo le nyatia me dometɔ kae woate ŋu axlẽ? Aleke woate ŋu ana mawunyakpukpuia nado ƒome kple nyatiae? Na woazã ɖaseɖinya ƒe kpɔɖeŋu siwo le axa 8 lia atsɔ awɔ magazineawo dometɔ ɖe sia ɖe nana ƒe wɔwɔfia.
20 min: “Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito.”d (Mm. 11-17) Ne Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi tɔxɛa li la, na woatsɔ ɖeka ana vavala ɖe sia ɖe ne miele memama 14 lia me dzrom. Ƒo nu tso ɖoɖo siwo miewɔ ɖe amekpegbalẽvia mama le miaƒe anyigbamamaa me ŋu la ŋu.
15 min: “Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Be Woazu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo.”e Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, na nyaselawo naƒo nu tso mawunyakpukpui siwo woyɔ la ŋu.
Hadzidzi 22
February 4 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 161
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Hame siwo de nutome gã takpekpea, gake womedzro nya veviawo me haɖe o la ate ŋu azã akpa sia atsɔ adzro emee, abe ale si wogblɔe le November 2007 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 2 lia ene.
25 min: “Èle Ewɔwɔ Hem Ðe Megbea?” Hamemetsitsi ƒe dɔ. Yi Patient Needs and Rights ƒe videoa me dzodzro kple nyaselawo dzi tẽe, eye nàzã biabia siwo le nyatia me. Xlẽ memama mamlɛtɔa nàtsɔ aƒo etae, eye nàde dzi ƒo na nɔviawo be woaxlẽ Gbetakpɔxɔ kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati siwo woyɔ la nyuie. Gblɔ ale si ame sia ame si mekpe DPA gbalẽvia ɖo haɖe o ate ŋu azã nyatakaka vevi siwo wona le December 2006 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me, atsɔ awɔ nyametsotso le ʋumenu suesuewo alo atikewɔmɔnu siwo wòadi be woazã na ye la ŋu, eye emegbe wòaŋlɔ wo ɖe DPA gbalẽvia dzi. Nɔvi siwo kpe DPA gbalẽvia ɖo xoxo la ate ŋu agbugbɔ ato tiatia siwo wowɔ tsã la me, eye ne ehiã la, ekema woakpe bubu ɖo.
Hadzidzi 4
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
b Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
c Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
d Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
e Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.