Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
MIDE DZESII: “Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Ku Ðe Kunuwɔwɔ Ŋu Me Léle Ðe Asi” ƒe Akpa Evelia dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia me, eye míadzro eme le July 21 kple July 28 ƒe kwasiɖawo me. Ne miawɔ takpekpe le kwasiɖa siawo dometɔ aɖe me la, ele be hamemetsitsiwo nawɔ ɖoɖo be woadzro eme le kwasiɖa bubu me, eye woazã game si woɖo be woatsɔ adzro eme la pɛpɛpɛ.
July 14 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 126
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woadzra ɖo ɖe emedegbalẽvia ƒe memama 1-9 si me míadzro le kwasiɖa si gbɔna me la ŋu. Dzra Ðo Ðe Magazine Yeyewo Nana Ŋu. Numedzodzro kple nyaselawo. Ne èƒo nu tso July kple August ƒe Gbetakpɔxɔ kple yevugbe me Nyɔ! magazineawo ŋu kpuie vɔ la, bia nyaselawo woagblɔ nyati siwo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me kple nu si tae wòado dzidzɔ na wo. Na woazã dzeɖomɔnu siwo ŋu woƒo nu tsoe alo ɖaseɖinya ƒe kpɔɖeŋu siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa me atsɔ awɔ magazineawo dometɔ ɖeka alo eve nana ƒe wɔwɔfiawoe.
15 min: “Míasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ Gbalẽa.”a Ƒo nu tso nu nyui siwo le agbalẽa me ŋu. He susu yi agbalẽa sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖia kple mɔfiame siwo dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe axa 7 lia me dzi. De dzi ƒo na nyaselawo katã be woade nusrɔ̃ƒea edziedzi, eye woakpɔ gome le nyaŋuɖoɖo me bliboe. Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve, siwo wonya be wodzrana ɖo ɖe kpekpea ŋu nyuie, eye nàbia wo woagblɔ nu si ʋãa wo wowɔa esia.
18 min: “Dzadzraɖo—Nu Vevi Aɖe Si Naa Wowɔa Tɔtrɔyi Tsekuwo.”b Na woawɔ miniti ene ƒe nuƒoƒo na ame ɖokui ƒe wɔwɔfia aɖe si me gbeƒãɖela aɖe le dzadzram ɖo ɖe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋu. Edzro eƒe nuŋlɔɖiwo me, eye wòde dzesii be ehiã be yeatrɔ ayi ame eve aɖewo gbɔ le kwasiɖanuwuwu. Emegbe, ebu nu siwo me wòdzro kple ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe va yi la ŋu, ɖo taɖodzinu aɖe na eɖokui, eye wòdzra ɖo ɖe ale si wòawɔ aɖo egbɔ la ŋu. Edzra ɖo be yeado Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe wo dometɔ ɖeka gbɔ. Le ame evelia gome la, edzra ɖo be yeazã aɖaŋu aɖe si woɖo le memama 5 lia me atsɔ atu eƒe ɖetsɔleme ɖo.
Hadzidzi 147
July 21 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 38
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ɖo alɔdzedɔwɔƒea ŋuti nyatakakawo.
40 min: “Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Ku Ðe Kunuwɔwɔ Ŋu Me Léle Ðe Asi—Akpa 2.”c Midzro nyatia ƒe memama 1-9 me. Woadee asi na hamemetsitsi aɖe si ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Mixlẽ memamawo katã. Mixlẽ mawunyakpukpui tiatia aɖewo eye miagblɔ ale si woawɔ wo ŋu dɔe. De dzi ƒo na nyaselawo be woazã mawunyakpukpuiawo le woƒe nyaŋuɖoɖowo me atsɔ aɖe ale si gɔmeɖose mawo do ƒome kple nyatiae la afia. De dzi ƒo na nyaselawo katã be woadzra ɖo ɖe memama 10-17 si me míadzro le kwasiɖa si gbɔna me la ŋu.
Hadzidzi 54
July 28 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 225
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe July gbeadzikɔntabubu ana. Yɔ agbalẽ si míana le August me.
40 min: “Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Ku Ðe Kunuwɔwɔ Ŋu Me Léle Ðe Asi—Akpa 2.”d Midzro nyatia ƒe memama 10-17 me. Hamemetsitsi si dzro nyati sia me le kwasiɖa si va yi me kee agawɔ esia hã. Mixlẽ memamawo katã. Mixlẽ mawunyakpukpui tiatia aɖewo eye míagblɔ ale si woawɔ wo ŋu dɔe. De dzi ƒo na nyaselawo be woazã mawunyakpukpuiawo le woƒe nyaŋuɖoɖowo me atsɔ aɖe ale si gɔmeɖose mawo do ƒome kple nyatiae la afia. De dzi ƒo na nyaselawo katã be woawɔ ɖe aɖaŋu si woɖo be woaŋlɔ woƒe kunuwɔwɔ ŋuti mɔfiamewo da ɖi la dzi enumake. Te gbe ɖe viɖe siwo doa go tso esia wɔwɔ me dzi.
Hadzidzi 203
August 4 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 222
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ale Si Míawɔ Ayi Edzi Anɔ Ŋute. Nuƒo ʋãme si wotu ɖe December 15, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 18-19, memama 17-21 dzi.
12 min: Èdzra Viwòwo Ðo Ðe Woƒe Anyigbamama Tɔxɛ La Ŋua? Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Gblɔ kuxi aɖewo siwo sɔhɛ Kristotɔwo doa goe le suku. Ƒo nu tso ale si dzilawo kple wo viwo ate ŋu azã Watch Tower Publications Index atsɔ ake ɖe nyatakaka siwo akpe ɖe wo ŋu la ŋu. Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo. (Kpɔ tanya si nye “Schools,” ƒe tanya sue si nye “experiences.”) Kpe nyaselawo dometɔ siwo dzilawo nye Kristotɔwo la woagblɔ ale si wo dzilawo dzra wo ɖo bene woate ŋu anɔ te ɖe kuxiwo nu ahawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le suku. Woate ŋu aƒo nu tso sukudɔdeasi siwo wonɔ te ɖe nyati aɖewo siwo dze le Nyɔ! magazinewo me dzi dzra ɖo la ŋu. Na woagblɔ ale si dɔwɔwɔ le woƒe anyigbamama tɔxɛ, si nye suku, me kpɔ wo tae.
18 min: “Míele Nu Siwo Ƒo Ke Ðe To Sesĩe La Mum Ƒu Anyi.”e Kpe nyaselawo woagblɔ ale si woƒe Biblia nufialawo kpe ɖe wo ŋu dzigbɔɖitɔe woɖe asi le aʋatsodzixɔse siwo ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe wo me la ŋu.
Hadzidzi 83
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
b Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
c Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
d Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
e Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.