Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le April 29, 2013, ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me le sukua me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.
1. Nuxlɔ̃ame vevi kae Yesu na le Marko 10:6-9 ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu? [Mar. 4, w08 2/15 axa 30 mm. 8]
2. Nu kae wòfia be woasubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me? (Marko 12:30) [Mar. 4, w97 10/15 axa 13 mm. 4]
3. Nu kae nye “fuɖuame” si ƒe nya wogblɔ ɖi le Marko 13:8? [Mar. 11, w08 3/15 axa 12 mm. 2]
4. Agbalẽ kawo mee Luka wɔ numekuku tsoe esime wònɔ eƒe Nyanyuigbalẽa ŋlɔm? (Luka 1:3) [Mar. 18, w09 3/15 axa 32 mm. 4]
5. Nu kae wòle be nyateƒe si wònye be Satana dia “ɣeyiɣi si sɔ,” si me wòado míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ le la naʋã mí míawɔ? (Luka 4:13) [Mar. 25, w11 1/15 axa 23 mm. 10]
6. Aleke wòle be míawɔ nya siwo le Luka 6:27, 28 la ŋu dɔe? [Mar. 25, w08 5/15 axa 8 mm. 4]
7. Nu ka tae Yesu te ŋu tsɔ nyɔnu aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee do ŋgɔ na eƒe vɔsakua? (Luka 7:37, 48) [Apr. 1, w10 8/15 axa 6-7]
8. Gɔmesese ka nue wòle be Kristo yomedzelawo ‘nalé fu’ woƒe ƒometɔwo le? (Luka 14:26) [Apr. 15, w08 3/15 axa 32 mm. 1; w92 7/15 axa 9 mm. 3-5]
9. Ŋusẽ kae ‘dzesi siwo ado ɖe ɣe kple ɣleti kpakple ɣletiviwo me’ akpɔ ɖe amegbetɔwo dzi? (Luka 21:25) [Apr. 22, w97 4/1 axa 15 mm. 8-9]
10. Aleke míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu do gbe ɖae ne dodokpɔ siwo nu sẽ ŋutɔ la dze ŋgɔ mí? (Luka 22:44) [Apr. 29, w07 8/1 axa 6 mm. 2]