NUSƆSRƆ̃NYATI 45
HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo
Nu Siwo Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Ne Èle Ame Tsitsi Alo Dɔnɔ Dzi Kpɔm
“ Ame siwo le nu ƒãm kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso.”—PS. 126:5.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe ame siwo le be lém na ame tsitsi alo dɔnɔ aɖe ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo wodoa goe la nu eye woayi edzi akpɔ dzidzɔ.
1-2. Aleke Yehowa bua ame siwo le ame tsitsi alo dɔnɔ aɖe dzi kpɔm? (Lododowo 19:17) (Kpɔ fotoawo hã.)
NƆVIŊUTSU Jin-yeol si tso Korea gblɔ be: “Meɖe srɔ̃ ƒe 32 kple edzivɔe nye esia. Ƒe atɔ̃ sɔŋ ye nye esia mele be lém na srɔ̃nye si dze dɔ vevie. Dɔa wɔe be megatea ŋu ʋãna tututu o. Melɔ̃ srɔ̃nyea ale gbegbe eye edzɔa dzi nam be malé be nɛ. Dɔnɔwo ƒe aba aɖe dzi ko wòmlɔna le aƒe me. Memlɔa anyi ɖe exa zã sia zã eye meléa eƒe asiwo.”
2 Ðe wò hã nèle be lém na dziwòla, srɔ̃wò, viwò, xɔ̃wò, alo wò ame vevi bubu aɖe si ƒe lãme gblẽa? Ne nenemae la, anɔ eme be èlɔ̃e vevie tae nèle nu sia nu si nàte ŋui la wɔm nɛ ɖo. Esia wɔwɔ fia hã be èlɔ̃ Yehowa. (1 Tim. 5:4, 8; Yak. 1:27) Ke hã, ànya nɔ kuxi aɖewo me tom siwo mele nyanya na ame geɖe o. Ɣeaɖewoɣi hã la, ate ŋu awɔ na wò be ame aɖeke menya nu si gbegbe me tom yele o. Ate ŋu adze abe èle dzidzɔ kpɔm ene, gake le ememe la, wò ŋutɔ koe nya nu si me tom nèle. (Ps. 6:6) Togbɔ be amewo manya nu si gbegbe me tom nèle o hã la, Yehowa ya nyae nyuie. (Tsɔe sɔ kple 2 Mose 3:7.) Mebua nu siwo nètsɔ sa vɔe kple wò aɖatsiwo nu tsɛ kura o. (Ps. 56:8; 126:5) Ekpɔa nu sia nu si nèwɔna tsɔ kpena ɖe wò ame vevi la ŋu. Yehowa bua nu siawo be wonye nu nèdo na ye eye edo ŋugbe be yeaɖo eteƒe na wò.—Xlẽ Lododowo 19:17.
Ðe nèle be lém na wò ame vevi aɖea? (Kpɔ memama 2)
3. Kuxi kawoe Abraham kple Sara anya do goe esime wonɔ be lém na Tera?
3 Biblia ƒo nu tso ame siwo lé be na ame tsitsiwo alo dɔnɔwo la dometɔ aɖewo ŋu. Bu Abraham kple Sara ŋu kpɔ. Esime wodzo le Ur la, wo fofo Tera xɔ abe ƒe 200 ene. Ke hã, eyi kpli wo eye wozɔ mɔ si didi abe kilometa 960 sɔŋ ene hafi ɖo Haran. (1 Mose 11:31, 32) Ðikeke mele eme o be Abraham kple Sara lɔ̃ Tera, gake bu dɔ si gbegbe wòabia be woalé be nɛ le mɔ legbee ma zɔzɔ me ŋu kpɔ. Anɔ eme be kposɔwo alo tedziwoe wodo, eye esia manya nɔ bɔbɔe na Tera si ku amegã la kura o. Ðeɖi anya te Abraham kple Sara ŋu vevie ɣeaɖewoɣi eye nu nati kɔ na wo gɔ̃ hã. Gake Yehowa do ŋusẽ wo wolé be na Tera. Yehowa ado ŋusẽ wò hã abe ale si wòwɔe na Abraham kple Sara ene.—Ps. 55:22.
4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
4 Dzi kpɔdzidzɔ akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi alé be na wò ame vevia. (Lod. 15:13) Awɔe hã be kuxi ka ke me tom nèɖale o, àyi edzi akpɔ dzidzɔ. (Yak. 1:2, 3) Nu kae nàte ŋu awɔ be nànɔ dzidzɔ kpɔm? Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò, togbɔ be nɔnɔmea sesẽ gɔ̃ hã. Le nyati sia me la, míade dzesi nu bubu siwo ame siwo le ame tsitsi alo dɔnɔ dzi kpɔm ate ŋu awɔ be woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm. Eye míakpɔ nu siwo ame bubuwo hã ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu. Gbã la, na míakpɔ nu si tae wòle be ame siwo le dɔnɔ dzi kpɔm nanɔ dzidzɔ kpɔm, kple nu siwo ate ŋu gblẽ woƒe dzidzɔ me.
NU SI TAE DƆNƆDZIKPƆKPƆ MELE BƆBƆE KURA O
5. Nu ka tae wòhiã be ame si le be lém na ame tsitsi alo dɔnɔ nanɔ dzidzɔ kpɔm?
5 Ne ame siwo le ame tsitsi alo dɔnɔ dzi kpɔm tsɔ woƒe susu ɖo kuxiawo ko ŋu la, nu ati kɔ na wo bɔbɔe. (Lod. 24:10) Eye ne edzɔ alea, asesẽ na wo be woagbɔ dzi ɖi na ame siwo ŋu wole kpekpem ɖo. Kuxi kawoe ate ŋu ana be ame siwo le be lém na ame tsitsi alo dɔnɔ magava nɔ dzidzɔ kpɔm o?
6. Nu ka tae ɖeɖi tea ame siwo le ame tsitsi alo dɔnɔ dzi kpɔm la ŋu belibeli?
6 Nu ate ŋu ati kɔ na dɔnɔdzikpɔlawo vevie. Nɔvinyɔnu Leah gblɔ be: “Ne nu sia nu yi edzi nyuie le ŋkekea me gɔ̃ hã la, beléle na ame tsitsi alo dɔnɔ nana nu tea ame ŋu ŋutɔ. Zi geɖe kaka ŋkekea nawu enu la, ɖeɖi tea ŋunye belibeli. Ɣeaɖewoɣi la, nu tea ŋunye ale gbegbe be nyemetea ŋu ɖoa text message gɔ̃ hã ŋu na amewo o.” Le ame bubuwo hã gome la, esesẽna na wo be woaɖi ɖe eme alo adɔ alɔ̃ wòasu wo. Nɔvinyɔnu Inés gblɔ be: “Nyemetea ŋu dɔa alɔ̃ wòsuam o. Mefɔna zi geɖe le zãme kpɔa lɔ̃xonye gbɔ. Eye ƒe geɖee nye esia nye kple srɔ̃nye míegate ŋu zɔ mɔ yi afi aɖeke kpɔ be míavae ɖi ɖe eme o.” Zi geɖe ne wokpe ame siwo le ame tsitsi alo dɔnɔ dzi kpɔm na kplɔ̃ɖoƒe aɖe la, wometea ŋu yina o, alo ne wode teokrasidɔ aɖe wo si la, wometea ŋu wɔnɛ o elabe womate ŋu adzo le dɔnɔa gbɔ o. Esi woxaxa alea ta la, woate ŋu atsi akogo.
7. Nu ka tae nu tena ɖe dɔnɔdzikpɔla aɖewo dzi?
7 Nu ate ŋu ate ɖe dɔnɔdzikpɔlawo dzi vevie eye woalé blanui. Nɔvinyɔnu Jessica gblɔ be: “Zi geɖe la, mesusuna be nye agbagbadzedzewo medea edeƒe o. Ne mevae ɖi ɖe eme vie gɔ̃ hã la, ewɔna nam be megblẽ dɔnɔa ɖi si nana mebua fɔ ɖokuinye.” Dzi kua dɔnɔdzikpɔla aɖewo vevie eye wobua fɔ wo ɖokuiwo le nɔnɔme si me wova le la ta. Eɖea fu na ɖewo hã be yewomete ŋu le geɖe wɔm tsɔ le kpekpem ɖe yewoƒe ame vevia ŋu o. Nu tena ɖe bubuwo hã dzi wodaa gbe ɖe ame si wole be lém na la gbɔ eye evea wo emegbe be yewowɔ nu nenema. (Yak. 3:2) Ewɔa nublanui na dɔnɔdzikpɔla aɖewo ne wokpɔ ale si ame si nɔ lãmesẽ me tsã la ƒe nɔnɔme va le gbegblẽm ɖe edzii. Nɔvinyɔnu Barbara gblɔ be: “Egbãa dzi nam be manɔ eteƒe kpɔm ame si melɔ̃ vevie la nanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm tso ŋkeke yi ŋkeke.”
8. Aleke ame aɖewo se le wo ɖokui me esi ame si wole be lém na la da akpe na wo?
8 Dɔnɔdzikpɔla aɖewo sena le wo ɖokui me be amewo medea dzesi yewoƒe agbagbadzedze o. Nu ka gbɔe esia tso? Zi geɖe la, amewo medaa akpe na wo ɖe woƒe dɔ sesẽ kple nu siwo wotsɔ sa vɔe la ta o. Ne amewo kpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wɔm nèle ŋu eye woda akpe na wò la, dzi adzɔ wò. (1 Tes. 5:18) Nɔvinyɔnu Melissa gblɔ be: “Dzi ɖena le ƒonye mefaa avi ɣeaɖewoɣi. Gake ne ame si mele be lém na gblɔ nam be ‘Akpe na wò ɖe nu siwo katã wɔm nèle nam ta’ la, dzi ɖoa ƒonye ŋutɔ! Nya mawo wɔnɛ be kaka ŋu nake la, ŋusẽ yeye gaɖoa ŋunye be mayi edzi alé be nɛ.” Nɔviŋutsu Ahmadu kple srɔ̃a léa be na srɔ̃a ƒe nɔgãyɔvi si le anyidzedɔ ƒomevi aɖe lém. Ahmadu ƒo nu tso ale si kafukafunyawo wɔa dɔ ɖe edzii ŋu. Egblɔ be: “Togbɔ be dɔnɔa menya nu si gbegbe míetsɔ sa vɔe hafi te ŋu le be lém nɛ o hã la, ɣesiaɣi si wòda akpe alo ŋlɔ ɖe agbalẽ dzi na mí be ‘Melɔ̃ mi’ la, dzi dzɔam ale gbegbe.”
NU SIWO NÀWƆ BE NÀNƆ DZIDZƆ KPƆM
9. Aleke ame siwo le dɔnɔwo dzi kpɔm ate ŋu aɖee afia be yewonya afi si yewoƒe ŋutete se ɖo?
9 Nya afi si wò ŋutete se ɖo. (Lod. 11:2) Ŋusẽ kple ɣeyiɣi menɔa mía ŋu ɣesiaɣi be míawɔ nu siwo katã míedi o. Eya ta ele be nànya nu siwo nàte ŋu awɔ kple esiwo màte ŋu awɔ o, eye ɣeaɖewoɣia, ahiã be nàgbe ɖewo. Esɔ nenema hã. Efia be ènya afi si wò ŋutete se ɖo. Ne amewo di be yewoakpe ɖe ŋuwò la, lɔ̃ faa. Nɔviŋutsu Jay gblɔ be: “Nu siwo ɣeyiɣia kple wò ŋutete ɖe mɔ be nàwɔ gbe sia gbe koe nàte ŋu awɔ. Ne mèwɔa nu siwo gbɔ wò ŋutete ŋu o la, àyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.”
10. Nu ka tae wòle be dɔnɔdzikpɔla nanye ame si sea nu gɔme? (Lododowo 19:11)
10 Nye nugɔmesela. (Xlẽ Lododowo 19:11.) Ne ènye ame si sea nu gɔme la, anɔ bɔbɔe be nàlé ɖokuiwò kpoo ne ame si nèle be lém na la wɔ nane si do dziku na wò. Nugɔmesela dzea agbagba be yeanya susu si tae ame aɖe le nu wɔm le mɔ aɖe nu. Le nyateƒe me la, dɔléle aɖewo ate ŋu awɔe be dɔnɔa nado dziku na wò. (Nyagb. 7:7) Le kpɔɖeŋu me, ame si nye ame fafa eye wòwɔa nu ɖe ame ŋu nyuie tsã la ƒe nya me ate ŋu asẽ. Ate ŋu ava nɔ nya hem kpli wò alo anɔ nu ɖom na wò, eye agbagba siwo dzem nèle la madze eŋu o. Ne èle be lém na ame aɖe si ƒe lãme gblẽ vevie la, ade dziwò ŋutɔ ne èsrɔ̃ nu tso dɔ si ƒomevi lém wòle la ŋu. Ne ènya nu geɖe tso dɔlélea ŋu la, àse egɔme be dɔlélea gbɔe wòtso be wòle nu wɔm nenema, ke menye ɖe wòɖoe o.—Lod. 14:29.
11. Nu vevi kawoe wòle be ame siwo le dɔnɔwo dzi kpɔm nawɔ gbe sia gbe? (Psalmo 132:4, 5)
11 Nɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome nanɔ nyonyom ɖe edzi la wɔm. Ɣeaɖewoɣi ahiã be nàdzudzɔ ɣeyiɣi zazã ɖe nanewo ŋu fũu akpa be nàkpɔ ɣeyiɣi ɖe “nu siwo le vevie wu la” ŋu. (Flp. 1:10) Nu vevi siawo dometɔ ɖekae nye ƒomedodo nyui si le wò kple Yehowa dome. Vovo menɔ Fia David ŋu o, ke hã Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ nɛ. (Xlẽ Psalmo 132:4, 5.) Nenema kee togbɔ be vovo mele ŋuwò o hã la, ele vevie be nàdi ɣeyiɣi aɖe koŋ gbe sia gbe na Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa. Nɔvinyɔnu Elisha gblɔ be: “Ne mexlẽ Psalmowo eye mede ŋugble le wo ŋu hedo gbe ɖa la, nye dzi dzea eme. Gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye ŋutɔ. Medoa gbe ɖa na Yehowa zi geɖe le ŋkekea me be wòakpe ɖe ŋunye maɖe dzi ɖi.”
12. Nu ka tae wòle vevie be ame siwo le be lém na ame tsitsi alo dɔnɔ nadi ɣeyiɣi awɔ nu siwo ana woanɔ lãmesẽ me?
12 Nɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me wɔm. Ate ŋu asesẽ na ame siwo léa be na dɔnɔwo be woaɖu nu siwo me nunyiame le, elabe womekpɔa vovo ɖaa nu si woawo ŋutɔ di o. Nè eɖua nu siwo me nunyiame le eye nèdea kame edziedzi la, ànɔ lãmesẽ me. Eya ta dze agbagba nàwɔ ɣeyiɣi vi si le asiwò ŋu dɔ nyuie ale be nànɔ nu siwo me nunyiame le la ɖum ahanɔ kame dem edziedzi. (Ef. 5:15, 16) Azɔ hã, dze agbagba nàdɔ alɔ̃ aɖi ɖe eme. (Nyagb. 4:6) Numekuku ɖee fia be míaƒe susu wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu ne míedɔa alɔ̃ nyuie. Lãmesẽdɔwɔƒe aɖe gblɔ be, ne ame dɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme nyuie la, matsi dzimaɖi fũu o eye akpe ɖe eŋu wòaɖe dzi ɖi le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Ehiã hã be nànɔ modzaka ɖem. (Nyagb. 8:15) Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ nu si kpena ɖe eŋu wòkpɔa dzidzɔ. Egblɔ be: “Ne yame kɔ nyuie la, medona ɖe gota ɖaxɔa ya vie heɖina ɖe eme. Ne mede ɖeke o la, ŋkeke ɖeka le ɣleti ɖe sia ɖe me la, mewɔa ɖoɖo nye kple xɔ̃nyewo míeɖea modzaka hekpɔa dzidzɔ.”
13. Nu ka tae wònyo be nànɔ nu kom? (Lododowo 17:22)
13 Tsɔ nanewo wɔ nukokoe. (Xlẽ Lododowo 17:22; Nyagb. 3:1, 4) Nukoko dea míaƒe lãmesẽ dzi eye wònana míaƒe susu dzea akɔ anyi. Ne èle be lém na ame aɖe la, nu siwo mèle mɔ kpɔm na o ate ŋu adzɔ. Gake ne ètea ŋu tsɔa nu mawo wɔa nukokoe la, anɔ bɔbɔe na wò be nànɔ te ɖe wo nu. Ne wò kple ame si nèle be lém na miekoa nu ɖekae la, ana mia dome nanɔ kplikplikpli.
14. Aleke wòaɖe vi na wò ne ègblɔa wò dzimenyawo na xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo?
14 Gblɔ wò dzimenyawo na xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo. Togbɔ be àwɔ tɔwò sinua be yeanɔ dzidzɔ kpɔm hã la, nu ate ɖe dziwò ɣeaɖewoɣi. Ne edzɔ alea la, anyo be nàgblɔ wò seselelãmewo na xɔ̃wò si ase nu gɔme na wò eye mabu fɔ wò o. (Lod. 17:17) Ðewohĩ ale si wòaɖo to wò ase veve ɖe nuwò ahade dzi ƒo na wòe nye nu si tututu nèhiã be nàyi edzi akpɔ dzidzɔ.—Lod. 12:25.
15. Aleke dzeɖoɖo tso yayra siwo nàkpɔ le Paradiso me ŋu la ana nàkpɔ dzidzɔe?
15 Bu ale si agbea anɔ na wò kple ame si nèle be lém na la le Paradiso me ŋu. Ðo ŋku edzi be beléle na ame tsitsiwo kple dɔnɔwo mayi edzi ɖaa o, eye menye emae Yehowa ɖo be amegbetɔwo nawɔ o. (2 Kor. 4:16-18) “Agbe vavã la” ŋutɔŋutɔ le ŋgɔ. (1 Tim. 6:19) Ne wò kple ame si nèle be lém na mieɖoa dze tso nu siwo miawɔ ɖekae le Paradiso me ŋu la, àkpɔ dzidzɔ. (Yes. 33:24; 65:21) Nɔvinyɔnu Heather gblɔ be: “Zi geɖe megblɔna na ame siwo meléa be na la be, eteƒe madidi o míatɔ awu, míaƒu du, eye míado gasɔ ɖekae. Míamè abolo aɖa nu viviwo na míaƒe ame vevi siwo fɔ ɖe tsitre. Nye kpli wo míedaa akpe na Yehowa ɖe mɔkpɔkpɔ nyui sia ta.”
ALE SI MÍATE ŊU AKPE ÐE AME SIWO LE AME TSITSI ALO DƆNƆ DZI KPƆM ŊU
16. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe ame aɖe si le be lém na ame tsitsi alo dɔnɔ ŋu le míaƒe hamea me? (Kpɔ fotoa hã.)
16 Kpe ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋu be woakpɔ ɣeyiɣi aɖi ɖe eme. Mí hamea me tɔwo hã míate ŋu adi ɣeyiɣi ava kpe ɖe ame tsitsia alo dɔnɔa ŋu. Esia awɔe be dɔnɔdzikpɔlaa naɖi ɖe eme ahakpɔ asinu awɔ nu bubu siwo wòdi. (Gal. 6:2) Gbeƒãɖela aɖewo wɔ ɖoɖo aɖe ɖi koŋ si dzi wozɔna ɖo ɖakpena ɖe ame si le ame tsitsi alo dɔnɔ dzi kpɔm ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa. Nɔvinyɔnu Natalya si le be lém na srɔ̃a si tsi teƒe ɖeka gblɔ be: “Nɔviŋutsu aɖe le míaƒe hamea me va nɔa srɔ̃nye gbɔ zi ɖeka alo zi eve le kwasiɖaa me. Eya kple srɔ̃nye woyia gbeadzi, woɖoa dze eye wokpɔa film ɖekae. Ɣeyiɣi mawo doa dzidzɔ na srɔ̃nye ale gbegbe eye esia wɔnɛ be nye hã mekpɔa vovo ɖina ɖe eme hewɔa nu bubu siwo doa dzidzɔ nam.” Le go aɖewo me hã la, àte ŋu ayi aɖatsi ame si le dɔ lém la gbɔ ale be edzikpɔlaa nate ŋu adɔ alɔ̃ nyuie le zã me.
Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame si le be lém na ame tsitsi aɖe ŋu le miaƒe hamea me? (Kpɔ memama 16)a
17. Aleke míate ŋu akpe ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋu le hame ƒe kpekpewo wɔɣi?
17 Kpe ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋu le hame ƒe kpekpewo wɔɣi. Ate ŋu asesẽ na ame si le be lém na dɔnɔ be wòaɖo to nyuie le hame ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo me, elabe eƒe susu katã nɔa dɔnɔa ŋu. Hamea me tɔwo ate ŋu awɔ ɖoɖo ava nɔ anyi ɖe dɔnɔa gbɔ le kpekpe siawo alo woƒe akpa aɖewo ale be ame si le be lém nɛ hã nate ŋu aɖo to nyuie. Ne ame tsitsia alo dɔnɔa tsi teƒe ɖeka la, àte ŋu ayi egbɔ le aƒe me miade kpekpea le ka dzi, ale be ame si le be lém nɛ nate ŋu ayi kpekpea le Fiaɖuƒe Akpata me.
18. Nu kawo hãe míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo le be lém na ame tsitsiwo ŋu?
18 Nɔ wo kafum eye nànɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta. Anyo be hamemetsitsiwo nanɔ ame siwo le be lém na ame tsitsi alo dɔnɔ la srãm kpɔ edziedzi ahanɔ dzi dem ƒo na wo. (Lod. 27:23) Nu ka ke me tom míeɖale o, mí katã míate ŋu anɔ dɔnɔdzikpɔlawo kafum eye míana woanya be míekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si wɔm wole la ŋu eye míelɔ̃ wo vevie. Míate ŋu abia Yehowa be wòayi edzi ado ŋusẽ wo ahakpe ɖe wo ŋu woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.—2 Kor. 1:11.
19. Nu kae míele mɔ kpɔm na?
19 Madidi o, Yehowa aɖe nu siwo katã nana míesea veve hefaa avi la ɖa. Dɔléle kple ku maganɔ anyi o. (Nyaɖ. 21:3, 4) “Bunɔwo ati kpo abe zi ene.” (Yes. 35:5, 6) Nu siwo tsitsi gblẽna le ame ŋu kple ale si wòsesẽ be woalé be na dɔnɔ la azu ‘tsãnu siwo magava susu me na ame o.’ (Yes. 65:17) Fifia esi míele ŋugbedodo nyui mawo lalam gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa ayi edzi akpe ɖe mía ŋu. Ne míeɖo ŋu ɖe eŋu be wòado ŋusẽ mí la, akpe ɖe mía ŋu “[míado] dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.”—Kol. 1:11.
HADZIDZI 155 Wòe Nye Míaƒe Dzidzɔ
a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu eve aɖewo va nɔvinyɔnu tsitsi aɖe gbɔ ale be ame si le be lém nɛ hã nate ŋu ado aɖi tsa.