NUSƆSRƆ̃NYATI 46
HADZIDZI 17 “Melɔ̃”
Yesue Nye Míaƒe Nunɔlagã Si Sea Veve Ðe Ame Nu
“Menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu o lae le mía si o.”—HEB. 4:15.
TAÐODZINUA
Yesu ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu eye wòsea veve ɖe ame nu. Esia na wòdze nyuie anye míaƒe Nunɔlagã. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si akpa si wɔm wòle le vi ɖem na mí egbea.
1-2. (a) Nu ka tae Yehowa dɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me? (Hebritɔwo 5:7-9)
ANƆ ƒe 2,000 ye nye esi va yi la, Yehowa Mawu dɔ Via malɔ̃nugbɔa ɖe anyigba dzi. Ðe susu ka ta? Susuawo dometɔ ɖekae nye be wòaɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ kple ku si me, eye wòaɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ la ɖo. (Yoh. 3:16; 1 Yoh. 3:8) Yehowa nyae be ne Yesu va anyigba dzi la, nu siwo me wòato adzrae ɖo be wòanye Nunɔlagã si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu eye wòsea veve ɖe ame nu. Yesu va zu Nunɔlagã esi wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me.a
2 Le nyati sia me la, míadzro nu siwo me Yesu to le anyigba dzi siwo kpe ɖe eŋu wòdze nyuie va zu Nunɔlagã si sea veve ɖe ame nu la me. Ele vevie be míase akpa si wɔm Yesu le la gɔme, elabe esia ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míate ɖe Yehowa ŋu faa ado gbe ɖa nɛ, ne edzɔ be míaƒe vodadawo na míelé blanui gɔ̃ hã.—Xlẽ Hebritɔwo 5:7-9.
MAWU ÐO VIA LƆLƆ̃A ÐE ANYIGBA DZI
3-4. Aleke gbegbee nuwo trɔ le Yesu ƒe agbe me esi wodzii ɖe anyigba dzi?
3 Nuwo trɔna na mí katã le agbe me. Ðewohĩ ehiã be nàʋu le wò aƒe me adzo le ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ avae tsi afi aɖe. Tɔtrɔ siawo tɔgbi menɔa bɔbɔe kura o. Gake nuwo metrɔ le amegbetɔ aɖeke ƒe agbe me kpɔ de Yesu tɔ nu o. Le dziƒo la, eyae nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ kple mawudɔla vevitɔ. Yehowa lɔ̃ Yesu vevie, eye Yesu hã kpɔa dzidzɔ hewɔa dɔ kple Fofoa aduadu. (Ps. 16:11; Lod. 8:30) Ke hã, Filipitɔwo 2:7 gblɔ be elɔ̃ faa ‘ɖi gbɔlo eɖokui,’ si fia be eɖe asi le ɖoƒe kɔkɔ ma ŋu le dziƒo va nɔ amegbetɔ madeblibowo dome le anyigba dzi.
4 Bu nu vovovo siwo me Yesu to le eƒe ɖevime le anyigba dzi ŋu kpɔ. Esi wodzi Yesu la, xevi sue evee edzilawo tsɔ sa vɔe le gbedoxɔa me; esia na míekpɔe be ƒome dahe mee wodzii ɖo. (3 Mose 12:8; Luka 2:24) Esi fia vɔ̃ɖi Herodes se be wodzi Yesu la, edze agbagba ɖe sia ɖe be yeawui. Be woakpɔ Yesu ta tso Herodes si me la, ƒomea si yi Egipte hena ɣeyiɣi aɖe. (Mat. 2:13, 15) Ale si agbea nɔ na Yesu le anyigba dzi to vovo sãa na ale si nuwo nɔ nɛ le dziƒo!
5. Nu kawo teƒee Yesu kpɔ le anyigba dzi, eye aleke nu siawo dzrae ɖo nyuie be wòanye Nunɔlagã si sea veve ɖe ame nu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
5 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpɔ ale si gbegbe amewo nɔ fu kpemee. Ðikeke mele eme o be enya ale si wòvena ne ame ƒe ame vevi ku, elabe anɔ eme be ekpɔ eteƒe fofoa Yosef si nyii kpakple ame nyanyɛ aɖewo hã ku. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me la, edo go anyidɔlélawo, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, kple dzila siwo ƒe vi ku, eye eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu. (Mat. 9:2, 6; 15:30; 20:34; Marko 1:40, 41; Luka 7:13) Ele eme be esi wònɔ dziƒo la, ekpɔ ale si amegbetɔwo nɔ fu kpem teƒe ya. Gake esi wòva anyigba dzi la, eva se amegbetɔwo ƒe fukpekpewo gɔme nyuie ɖe edzi wu. (Yes. 53:4) Nu siwo teƒe Yesu kpɔ le anyigba dzi la kpe ɖe eŋu wòse amegbetɔwo ƒe seselelãmewo, nuxaxawo, kple vevesesewo gɔme nyuie. Abe ale si wòle le amegbetɔ ɖe sia ɖe gome ene la, nu te ɖe Yesu hã dzi, elé blanui eye wòxa nu kpɔ.
Yesu se veve ɖe ame siwo nɔ fu kpem la nu eye wòkpe ɖe wo ŋu (Kpɔ memama 5)
YESU SEA VEVE ÐE AME NU
6. Nu kae kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo Yesaya zã la fia mí tso ale si Yesu ase veve ɖe amewo nui ŋu? (Yesaya 42:3)
6 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa katã me la, ese veve ɖe ame siwo wote ɖe anyi eye womewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie o la nu. Eto esia me na nyagblɔɖi aɖe va eme. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, wotsɔ ame siwo xɔ Yehowa dzi se vevie la sɔ kple ati kɔkɔ damawo alo abɔ nyui aɖe. (Ps. 92:12; Yes. 61:3; Yer. 31:12) Gake wotsɔ ame dahewo kple ame siwo wote ɖe anyi ya sɔ kple aƒla si ŋe vɔ kloe kple akaɖigbɛ me ɖovu si tsi vɔ kloe siwo ŋu viɖe boo megale o. (Xlẽ Yesaya 42:3; Mat. 12:20) Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòzã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siawo tsɔ ɖɔ ale si Yesu ase veve ɖe ame siwo amewo mebuna ɖe ɖeke me o la nu ahakpe ɖe wo ŋui.
7-8. Aleke Yesu na nya si Yesaya gblɔ ɖi la va emee?
7 Nyanyuigbalẽŋlɔla Mateo gblɔ be Yesaya ƒe nya siawo va eme ɖe Yesu dzi be: “Maɖe aƒla ŋeŋe la le enu o, eye mele ɖovu bibi si le tsitsim la tsi ge o.” Yesu wɔ nukunuwo wòɖe vi na ame siwo wote ɖe anyi eye wose le wo ɖokuiwo me abe aƒla ŋeŋe alo ɖovu bibi si le tsitsim la ene. Ame siawo dometɔ ɖekae nye ŋutsu aɖe si anyidɔ xɔ ŋuti katã na. Anɔ eme be mebui kpɔ be ye ŋu agakɔ yeawɔ ɖeka kple yeƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ake o. (Luka 5:12, 13) Ame bubu hãe nye ŋutsu tokunɔ aɖe si metea ŋu ƒoa nu nyuie o. Bu ale si ŋutsu sia ase le eɖokui me ne ekpɔ amewo wole dze ɖom dzidzɔtɔe gake menya nya si gblɔm wole o ŋu kpɔ. (Marko 7:32, 33) Ke hã, menye nu siawo koe Yesu wɔ o.
8 Le Yesu ƒe ŋkekea me la, Yudatɔ geɖewo xɔe se be amewo ƒe nu vɔ̃wo alo wo dzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wozu dɔnɔwo alo nuwɔametɔwo ɖo. (Yoh. 9:2) Le woƒe aʋatsodzixɔse sia ta la, womewɔa nu ɖe dɔnɔwo alo nuwɔametɔwo ŋu nyuie kura o. Yesu na nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo va eme esi wòda gbe le ame siwo le fu kpem la ŋu eye wova kpɔe be Mawu tsɔ ɖe le eme na yewo. Aleke esia nyanya ɖea vi na mí egbea?
9. Aleke Hebritɔwo 4:15, 16 na míekpɔe be míaƒe Nunɔlagã si le dziƒo la sea veve ɖe amegbetɔ madeblibowo nu?
9 Xlẽ Hebritɔwo 4:15, 16. Míeka ɖe edzi be Yesu ayi edzi ase veve ɖe mía nu. Nu kae esia fia? Ne ame aɖe sea veve ɖe ame nu la, efia be amewo ƒe fukpekpewo wɔa dɔ ɖe edzi vevie. Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘veveseɖeamenu’ fia ale si nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame aɖe teƒe ase veve si sem wòle. (Paulo zã Helagbe me nya sia ke le Hebritɔwo 10:34 tsɔ te gbe ɖe edzi be ele be míase veve ɖe ame siwo le gaxɔ me la nu.) Ne èxlẽ nu tso nukunu siwo Yesu wɔ siwo dze le Biblia me ŋu la, àkpɔe be veveseɖeamenue ʋãe wòwɔ nukunu mawo. Meda gbe le amewo ŋu le esi wòkpɔe be ehiã be yeawɔe ta ko o. Etsɔ ɖe le eme na wo eye wòdi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi anyidɔléla aɖe va be Yesu nada dɔ na ye la, Yesu ate ŋu atiae be yeanɔ adzɔge hafi awɔe. Gake ete ɖe ŋutsua ŋu ka asi eŋu. Anɔ eme be ƒe gbogbo aɖewoe nye ema ame aɖeke megaka asi eŋu kpɔ o! Azɔ hã ameŋububu wɔe be hafi Yesu nada dɔ na ŋutsu tokunɔ aɖe la, ekplɔe do le amehawo dome. Bu nyɔnu aɖe si trɔ dzi me hefa aɖatsi kɔ ɖe Yesu ƒe afɔwo dzi eye wòtsɔ eƒe taɖawo tutui ŋu kpɔ. Farisitɔ si ƒe aƒe me wonɔ la mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si nyɔnua wɔ ŋu o. Ke hã Yesu ʋli eta hegbe nya na Farisitɔa. (Mat. 8:3; Marko 7:33; Luka 7:44) Yesu meƒo asa na dɔnɔwo alo ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo o. Eɖe mɔ wote ɖe eŋu faa eye wòse veve ɖe wo nu. Míate ŋu aka ɖe edzi be ase veve ɖe míawo hã nu egbea.
ALE SI MÍASRƆ̃ MÍAƑE NUNƆLAGÃ LA
10. Nu kawoe míate ŋu azã egbea atsɔ akpe ɖe tokunɔwo kple ŋkunɔwo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)
10 Esi míenye Yesu yomedzela vavãwo ta la, míedzea agbagba be míasrɔ̃ ale si wòlɔ̃ amewo hese veve ɖe wo nu, kple ale si eƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋu. (1 Pet. 2:21; 3:8) Togbɔ be míate ŋu ada dɔ na tokunɔwo alo ŋkuagbãtɔwo nukutɔe o hã la, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu be wo kplii dome nanɔ nyuie. Míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo le tokunɔgbe 100 kple edzivɔ me. Míeta ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo hã ɖe gbe 60 kple edzivɔ me, eye míewɔ numeɖeɖewo kpe ɖe videowo ŋu ale be ŋkunɔwo nanya nu si le edzi yim le videoawo me le gbegbɔgblɔ siwo wu 100 me. Nu siawo katã le kpekpem ɖe ame siawo ŋu be woate ɖe Yehowa kple Via Yesu ŋu.
Míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 sɔŋ me
Miame: Tokunɔgbe siwo wu 100
Ðusime: Ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo le gbe siwo wu 60 me
(Kpɔ memama 10)
11. Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na amewo katã ƒomevi abe ale si Yesu wɔe ene? (Dɔwɔwɔwo 2:5-7, 33) (Kpɔ fotoawo hã.)
11 Yehowa ƒe habɔbɔa le kutri kum be yeakpe ɖe ame ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu wòate ɖe Yehowa ŋu. Àɖo ŋku edzi be esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, ekɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe eyomedzelawo dzi ale be ame siwo katã va ƒo ƒu le Pentekoste Ŋkekea dzi la te ŋu se nya nyuia ‘le wo degbe me.’ (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 2:5-7, 33.) Egbea, Yesu le mɔ fiam habɔbɔa wòle Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 me, eye ame ʋɛ aɖewo koe doa gbe siawo dometɔ aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, gbe aɖewo le Dziehe kple Anyiehe Amerika siwo dolawo mede ha tututu o. Ke hã, míeta míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe wo dometɔ 160 kple edzivɔ me, ale be nya nyuia naɖo ame geɖe gbɔ. Míaƒe agbalẽwo le Romanytɔwo ƒe gbe siwo wu 20 me. Ame akpe geɖe siwo doa gbe mawo va xɔ nyateƒea.
Miame: Gbe siwo wu 160 siwo wodona le Dziehe kple Anyiehe Amerika
Ðusime: Romanytɔwo ƒe gbe siwo wu 20
(Kpɔ memama 11)
12. Nu bubu kawo wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le?
12 Tsɔ kpe ɖe nyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu la, Yehowa ƒe habɔbɔa kpena ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le hã ŋu. Eya ta Yehowa Ðasefo akpe geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoayi aɖakpe ɖe yewo nɔvi siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ŋu. Habɔbɔa wɔ ɖoɖo tu tadeaguƒewo na mí kple susu be ame sia ame si lɔ̃ nate ŋu ava srɔ̃ nu tso ale si gbegbe Mawu lɔ̃ míi ŋu.
MÍAƑE NUNƆLAGÃ LA LE KLALO AKPE ÐE ŊUWÒ
13. Mɔ kawo nue Yesu kpena ɖe mía ŋu le?
13 Esi Yesu nye alẽkplɔla nyui ta la, ekpɔa egbɔ be nu sia nu si míehiã be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la sua mía si. (Yoh. 10:14; Ef. 4:7) Ɣeaɖewoɣi la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ale gbegbe be awɔ na mí be míele abe ɖovu bibi si le tsitsim alo aƒla ŋeŋe si le ɖeɖem le enu ene. Dɔléle, vodada aɖe si míewɔ alo masɔmasɔ aɖe si ɖo mía kple haxɔsetɔ aɖe dome ate ŋu awɔe be dzi naɖe le mía ƒo vevie. Ðewohĩ ate ŋu asesẽ be míaɖe susu ɖa le míaƒe xaxawo ŋu atsɔ aɖo etsɔmeyayrawo ŋu. Ke hã, ɖo ŋku edzi be Yesu nya nu siwo me tom nèle kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la nyuie. Esea veve ɖe ame nu, eya ta edi vevie be yeakpe ɖe ŋuwò. Ate ŋu atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ado ŋusẽ wò ne dzi ɖe le ƒowò. (Yoh. 16:7; Tito 3:6) Nenema kee wòate ŋu azã “nunana siwo nye amewo” kpakple hamea me tɔ bubuwo woade dzi ƒo na wò ahakpe ɖe ŋuwò.—Ef. 4:8.
14. Nu kae nàte ŋu awɔ ne dzi ɖe le ƒowò?
14 Ne dziɖeleameƒo na dzo si le mewò nu le tsitsim la, de ŋugble le míaƒe Nunɔlagã Yesu ƒe wɔƒe ŋu. Ðo ŋku edzi be menye tafea ta koe Yehowa dɔ Yesu ɖe anyigba dzi o, ke edi hã be wòava se amegbetɔ madeblibowo ƒe kuxiwo gɔme nyuie wu. Eya ta ne dzi ɖe le ƒowò le nu vɔ̃ alo wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta la, ɖo ŋku edzi be Yesu le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò “le hiahiãgbe.”—Heb. 4:15, 16.
15. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖee fia be wole kpekpem ɖe ame siwo tra ɖa tso Yehowa gbɔ la ŋu be woatrɔ ava hamea me.
15 Yesu le mɔ fiam eƒe amewo hã be woadi Yehowa ƒe alẽ siwo tra mɔ eye woakpe ɖe wo ŋu. (Mat. 18:12, 13) Bu Stefano ŋu kpɔ.b Woɖee le hamea me eye le ƒe 12 megbe la, eɖoe be yeagate kpekpeawo dede. Egblɔ be: “Menɔ bɔbɔe nam kura o, gake medi vevie be magawɔ ɖeka kple nɔviawo asubɔ Yehowa. Hamemetsitsi siwo kpe kplim la na nye dzi dze eme. Ɣeaɖewoɣi etena ɖe dzinye be medzo le Yehowa gbɔ ɣeyiɣi didi eye wòwɔna nam be mana ta. Gake hamemetsitsiawo ɖo ŋku edzi nam be Yehowa kple Yesu medi be mana ta o. Esi wogbugbɔ xɔm ɖe hamea me la, nɔviawo katã kpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye eye woxɔm alɔeve. Mlɔeba la, srɔ̃nye lɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kplii, eye fifia míaƒe ƒomea le Yehowa subɔm.” Dzidzɔe wònye na míaƒe Nunɔlagã la be wole kpekpem ɖe ame siwo trɔ dzi me ŋu be woatrɔ ava hamea me!
16. Nu ka tae dzi dzɔa wò be míaƒe Nunɔlagã la sea veve ɖe ame nu?
16 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Egbea, míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ele klalo be yeakpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi. Eye eteƒe madidi o, le xexe yeyea me la, akpe ɖe amegbetɔwo katã ŋu be woavo keŋkeŋ tso nu siwo katã nu vɔ̃ kple blibomademade gblẽ le mía ŋu la si me. Míeda akpe ŋutɔ be lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ʋã mía Mawu Yehowa wòtia Via, si sea veve ɖe ame nu, be wòanye míaƒe Nunɔlagã!
HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola
a Be nàkpɔ nyatakaka geɖe ku ɖe akpa si wɔm Yesu si nye Nunɔlagã le tso esime wòva xɔ ɖe Yudatɔwo ƒe Nunɔlagãa teƒe ŋu la, kpɔ nyati si nye “Mɔnukpɔkpɔ Gã Su Asiwò Be Nàsubɔ Le Yehowa Ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔa Me,” si dze le October 2023 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 26, memama 7-9.
b Míetrɔ ŋkɔa.