Ðe Ŋutifafahabɔbɔwo Ƒe Agbagbadzedzewo Ate Ŋu Ana Ŋutifafa Nanɔ Xexea Mea?
Aʋawɔwɔwo kple ʋunyaʋunyawo le edzi yim le teƒe geɖe le xexea me. Le esia ta la, Dukɔ Ƒoƒuawo kple ŋutifafahabɔbɔa bubuwo de ɖoɖowo to me eye wona wo teƒenɔlawo le dɔ dzi le afi siwo ʋunyaʋunya siawo le edzi yim le. Woƒe taɖodzinu koŋue nye be yewoana ŋutifafa nanɔ teƒe siawo. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã António Guterres gblɔ be, “Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ŋutifafawɔlawo koŋue le dɔ vevitɔ wɔm be ŋutifafa naxɔ xexea katã me.”
Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, ŋutifafahabɔbɔwo ƒe dɔ aɖewo dze edzi. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔ dukɔmeviwo ta, wokpe ɖe aʋasilawo ŋu wotrɔ yi wo de, wona nuɖuɖu kple nu bubuwo amewo, eye wokpe ɖe dukɔwo ŋu wodzra nu vevi siwo gblẽ le wo gbɔ la ɖo. Gake kuxi sesẽ aɖewo wɔe be agbagba siwo dzem habɔbɔ siawo le be ŋutifafa nanɔ anyi la mete ŋu le eme vam abe ale si amewo le mɔ kpɔm ene o. Ðe nane li si ate ŋu ana ŋutifafa vavãtɔ nanɔ xexea mea? Aleke Biblia ɖo nya sia ŋu?
Kuxi siwo le mɔ xem na ŋutifafahabɔbɔwo kple ale si Mawu Fiaɖuƒea ya akpɔ wo gbɔ
Kuxia: ɖekawɔwɔ meli o. Esesẽna be sodzawo kple dukɔmeviwo ƒe habɔbɔwo, vevietɔ esiwo tso dukɔ vovovowo me nawɔ dɔ ɖekae. Ɣeaɖewoɣi la, habɔbɔ siawo mete ŋu wɔa dɔ aduadu wòdzea edzi o, elabe womesea nu gɔme na wo nɔewo o eye nu siwo ŋu wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzi ɖo la to vovo na nɔvia tɔ.
Ale si Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ: ‘Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, eye wòahe fiaɖuƒe siawo katã [amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo] va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.’—Daniel 2:44.
Eteƒe madidi o, Mawu atsi aʋawɔwɔwo katã nu eye ana ŋutifafa nanɔ xexea me godoo. (Psalmo 46:8, 9) Ana eƒe Fiaɖuƒea ɖeɖe naxɔ ɖe dziɖuɖu siwo katã le anyigba dzi egbea teƒe. Ne Mawu Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu deblibo le dziƒo, va le anyigba dzi ɖum la, mahiã be habɔbɔ aɖeke nanɔ agbagba dzem be ŋutifafa nanɔ xexea me o elabe ʋunyaʋunya aɖeke magayi edzi o.
Kuxia: nu siwo wohiã la mesɔ gbɔ ɖe wo si o. Ŋutifafahabɔbɔwo mete ŋu kpɔa amewo, ga kple nu bubu siwo wohiã be woatsɔ awɔ woƒe dɔwo o, eya ta womete ŋu wɔa geɖe o. Azɔ hã, afɔkuwo va le teƒe siwo wodɔa ŋutifafawɔlawo ɖo la nɔm wu tsã elabe nɔnɔmeawo le gã dom ɖe edzi le teƒe mawo.
Ale si Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ: ‘Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu la na Yesu bɔbɔ nɔ eƒe ɖusime le dziƒonutowo me, wòƒo dziɖuɖuwo kple gãnyenye kple ŋusẽ katã ta sãsãsã.’—Efesotɔwo 1:17, 20, 21.
Mawu ŋusẽkatãtɔ Yehowab na nu siwo katã Yesu Kristo si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia hiã lae, ale be wòate ŋu aɖu dzi nyuie. (Daniel 7:13, 14c) Mawu nae ŋusẽ geɖe, sidzedze, nunya kple gɔmesese deto si ƒo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu kple habɔbɔ ɖe sia ɖe tɔ ta sãsãsã. (Yesaya 11:2) Mawudɔla sẽŋuwo ƒe aʋakɔ gã aɖe hã le Yesu si. (Nyaɖeɖefia 19:14) Kuxi aɖeke mesesẽ akpa si gbɔ mate ŋu akpɔ o.
Yesu azã nu siwo katã Mawu nae la atsɔ atsi aʋawɔwɔwo nu, gake agawɔ nu geɖe wu ema. Ana ame sia ame si anɔ Mawu Fiaɖuƒea te la nakpɔ dzidzeme, dedienɔnɔ kple ŋutifafa vavã.—Yesaya 32:17, 18.
Kuxia: senyawo. Ɣeaɖewoɣi la, ame siwo wɔa dɔ na ŋutifafahabɔbɔwo la mete ŋu wɔa nu siwo wòle be woawɔ o, elabena mɔfiame aɖewo me mekɔna na wo o alo woxea mɔ ɖe woƒe dɔ aɖewo kple teƒe aɖewo yiyi nu le senyawo ta. Esia wɔnɛ be womete ŋu kpɔa amewo ta alo wɔa woƒe dɔa bliboe ale si wodii o.
Ale si Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ: “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi [na Yesu].”—Mateo 28:18.
Mawu na mɔfiame si me kɔ Yesu be wòana ŋutifafa nava xexe bliboa me, eye wònae ŋusẽ si wòatsɔ awɔ esia hã. (Yohanes 5:22) Yesu awɔ nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie eye makpɔ ame ŋkume o. (Yesaya 11:3-5) Eya ta esɔ ŋutɔ be Biblia yɔ Yesu be “Ŋutifafafia,” ame si ƒe Fiaɖuƒe woli ke ɖe “nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye dzi.”—Yesaya 9:6, 7.
Mawu Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ
Amegbetɔwo ƒe ŋutifafahabɔbɔwo ate ŋu aɖɔ nanewo ɖo eye ɖewohĩ woana ŋutifafa nanɔ nuto siwo me ʋunyaʋunya le edzi yim le la dometɔ aɖewo me. Gake womate ŋu aɖe fuléle ame nɔewo, si nye nu si koŋ na ŋutasẽnuwɔwɔwo le edzi yim la ɖa o.
“Ðeko wòdze be míele agbagba dzem dzodzro, elabe ŋutifafa aɖeke kura meli o.”—Dennis Jett, Amerikatɔwo ƒe dukɔteƒenɔla tsãtɔ.
Gake Mawu Fiaɖuƒea ya ate ŋu ahe ŋutifafa vavã vɛ, elabena ekpena ɖe amewo ŋu be woagalé fu wo nɔewo o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eto eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna dzi fia eyomedzelawo ale si woawɔ ŋutifafa kple ale si woalɔ̃ amewo:
Yesu gblɔ hã be lɔlɔ̃e woatsɔ ade dzesi ame siwo anɔ Mawu Fiaɖuƒea te. Biblia na eme kɔ be ame siwo katã léa fu ame la manɔ Mawu Fiaɖuƒea te o:
Yehowa Mawue wɔ amegbetɔwo, eya ta enya mɔ nyuitɔ, mɔ ɖeka kolia, si dzi woato ana ŋutifafa nanɔ xexea me. Eƒe Fiaɖuƒea awɔ nu siwo katã amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋutifafahabɔbɔwo mete ŋu le wɔwɔm o.
a Dukɔ Ƒoƒuawo kple ŋutifafahabɔbɔ bubuawo zã nya siawo hã: “ŋutifafawɔwɔ” kple “ŋutifafadɔwo.”
b Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Xlẽ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”
c Yesu Kristoe woyɔ le Daniel 7:13, 14 be “amegbetɔvi.”—Mateo 25:31; 26:63, 64.