NASA Photo
NƆ ŊUDZƆ!
Ðe Dziɖuɖu Aɖe Li, Si Li Ke Sesĩe Aɖu Anyigba Bliboa Dzia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
Nuwo tɔtɔ le dziɖuɖu geɖewo me le xexea me godoo. Le dukɔ siwo me wòdze abe nuwo le edzi yim nyuie ene me gɔ̃ hã la, dziɖuɖuawo meli ke kura o elabe amewo tsɔa nya ɖe dziɖuɖumegãwo ŋu, akɔdada me tsonuwo hea tɔtɔ vɛ, dunyahehe dea mama amewo me, eye gbɔlɔlɔ hea zitɔtɔ vɛ.
Biblia ɖee fia be dziɖuɖu aɖe li si li ke sesĩe. Ðewohĩ èse nu tso dziɖuɖu ma ŋu kpɔ. Dziɖuɖu sia ŋue Yesu Kristo ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me.
“Miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.’”—Mateo 6:9, 10.
Nya kae Biblia gblɔ tso Fiaɖuƒe ma ŋu?
Fiaɖuƒe sia nye dziɖuɖu si li ke
Fiaɖuƒe sia le dzi ɖum tso dziƒo.
Yesu yɔ dziɖuɖu sia be “Dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 4:17; 5:3, 10, 19, 20) Esia tae wògblɔ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.”—Yohanes 18:36.
Fiaɖuƒe sia ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe.
Biblia gblɔ be: “Fiaɖuƒe sia . . . agbã [amegbetɔwo ƒe] fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.
Fiaɖuƒe sia si ƒe Fiae nye Yesu Kristo la matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.
Biblia gblɔ be: “Eƒe dziɖuɖu anɔ anyi tegbee, enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe si womatsrɔ̃ o.”—Daniel 7:13, 14.
Fiaɖuƒe sia ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ nanɔ anyigba dzi.
Biblia gblɔ be: “[Ame sia ame] abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ [le ŋutifafa me], eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mika 4:4.
Srɔ̃ nu geɖe tso Fiaɖuƒe sia ŋu
Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ ‘ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.’ (Mateo 9:35) Egblɔe ɖi be:
“Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.
Egbea, wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la le dukɔ siwo wu 240 me. Míele wò kpem be nàsrɔ̃ nu geɖe tso dziɖuɖu sia kple nu si nàwɔ be wòaɖe vi na wò ŋu.
Míeɖe kuku kpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?