Ahamula le Ƒomea Me
“Ahamumu lɔ ahamulawo ɖe eme . . . Togbɔ be ahamula ɖeka koe anɔ ƒome aɖe me hã la, ahamumu la ɖea fu na ƒome bliboa katã.”—Ðk.Vernon E. Johnson.
ALICE si xɔ ƒe atɔ̃ la le anyimlɔƒe le aba dzi, eƒe afɔ nɔ evem vevie. Abi si wòxɔ ŋkeke eve va yi la hiã be woabla eƒe afɔa katã nɛ. Gake wobla nua wòmiãe akpa, eye alesi woblae goŋgoŋ la na eƒe afɔ nɔ tetem. Alice ɖe kuku na edzilawo be woakɔ ye ayi ɖɔkta gbɔe, gake fofoa ku aha, eye wòsusɔ dadaa ɖeɖe ɖe wo dome, eye menya amekae hiã kpekpeɖeŋu vevie wu o. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, Alice ƒe afɔ ku. Esi tsi yibɔ aɖe nɔ dodom le eƒe afɔbide me la, Alice dzilawo wɔ kaba kɔe yi kɔdzii mlɔeba. Esi woɖe nusi wotsɔ bla afɔ nɛ ɖa la, afɔ la ƒe dzedzeme na gbafa ƒo dɔnɔdzikpɔla aɖe. Alice ƒe afɔ ƒe kuku na wòhiã be woalã eƒe afɔ.
Ahamumu Kple Amesiwo Wòɖea Fu Na
Nudzɔdzɔ sia ƒe afɔku la de ŋgɔ sã wu ŋutinu aɖe lalã ɖa ko. Ahanomunɔtɔe Alice fofo nye. Le ema ta la, mele te le seselelãme kple ŋutilã gome esi vianyɔnu hiã eƒe kpekpeɖeŋu vevie o. Aɖaŋuɖola Toby Rice Drews gblɔ be: “Ahamumu ƒe nɔnɔmea biana be ahamula la nada eƒe ƒomea ɖe nɔƒe mamletɔ—le aha muame kple nusiwo katã wòbiana la megbe.”
Ke Alice dada ya ɖe? Nu nɔ fu ɖem na eya hã, menye ahae o, ke boŋ srɔ̃a ahanomunɔtɔ ƒe ahamumu lae. Zi geɖe la, agbagba siwo srɔ̃tɔ si memua aha o adze be yeana ye srɔ̃ ahanomunɔtɔ nadzudzɔ ahamumu alo yeanɔ te ɖe eƒe nɔnɔme gbegblẽa nu la tea ɖeɖi eŋu vevie.a Ahamula la ƒe kuxia ɖea fu nɛ ale gbegbe be eya ha ɖea nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔmewo fiana—gake menye aha gbɔe wòtso o. Le susu sia ta la,woyɔa amesiwo dzi nu tena ɖo abe Alice dada ene la be amesiwo dzi ahanomunɔtɔ ƒe nuwɔna tena ɖo vevie.
Nane alo ame aɖe si menye ahamula la kple amesi ame bubu ƒe ahamumu le fu ɖem na o lae le ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi si womenya o. Wo ame evea ƒe malɔ̃malɔ̃ ɖe edzi na womekpɔe dze sii o. Wo ame evea ŋea aɖaba ƒua wo viwo ƒe seselelãmewo dzi. Agbenɔnɔ ɖea dzi le wo ame evea siaa ƒo elabena abe alesi ahanomunɔ la mate ŋu aɖu eƒe ahanono dzi o ene la, nenema ke amesi ame bubu ƒe ahamumu le fu ɖem na mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ahamula la dzi o, eye wo dometɔ aɖeke mate ŋu aɖu ŋusẽ si ahamumu ma akpɔ ɖe wo viwo dzi la dzi o.
Gake kpekpeɖeŋu li na ahanomunɔtɔ kple eƒe ƒomea. Míadzro esia me le nyati siwo gbɔna me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Togbɔ be míele nu ƒom tso ahamula ŋu be enye ŋutsu hã la, gɔmeɖose siwo le eme la ku ɖe nyɔnu ahanomunɔ hã ŋu.