INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 9/8 axa 6-7
  • Woate Ŋu Adzudzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woate Ŋu Adzudzɔ
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • 1. Dze Si Futɔ La
  • 2. Trɔ Alesi Nènoa Aha Hebua Tamee
  • 3. Yi Nugɔmesela si Nàgblɔ Wò Nya Ɣaɣlawo na la Gbɔ
  • 4. Gbɔ Dzi Di
  • 5. De Ha Kple Zɔhɛ Nyuiwo
  • 6. Mègaka Ðe Dokuiwò Dzi Fũ Akpa o
  • 7. Nɔ Ŋudzɔ Ðe Numãme Bubuwo Tsɔtsɔ Ðo Eteƒe Ŋu
  • 8. Trɔ ɖe Ƒomea fe Ðoƒe Yeyewo Ŋu
  • 9. Nɔ Ŋudzɔ be Màgamui Ake o
  • Aleke Ƒomea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui?
    Nyɔ!—1992
  • Dzila Ahanomunɔtɔ​—Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Enu?
    Nyɔ!—1992
  • Ahamula le Ƒomea Me
    Nyɔ!—1992
  • Kpekpeɖeŋu na Ahamulawo ƒe Vi Tsitsiwo
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 9/8 axa 6-7

Woate Ŋu Adzudzɔ

“Tiatia aɖe dze ŋgɔ mí: Míaɖe asi le ahanono ŋu ahadzudzɔ, alo miayi ahanono dzi ahaku.”​—Amesi le ahamumu dzudzɔm.

Tsɔe be yenyɔ zi ɖeka le zã me eye yekpɔ be dzo dze yeƒe aƒe. Le aɖabaƒoƒo aɖewo megbe la, wonya aƒa na wò, eye ʋeʋeʋe la mietsi dzoa. Àgbugbɔ ayi aƒea me eye ‘nawɔ abe ɖe naneke medzɔ o enea? Ao. Aƒea fía kolikoli, eye ahiã be woagbugbɔ adzrae ɖo hafi woagate ŋu anɔ eme.

Nɔnɔme ma tɔgbe ye dze ŋgɔ ahanomunɔtɔ ne edze asiɖeɖe le eŋu gɔme. Aha gblẽ nu le eƒe agbenɔnɔ ŋu, ɖewohĩ ƒe geɖe. Etsrii azɔ. ‘Wotsidzoa,’ gake ne ahamula la ayi edzi atsri ahamumu ɖaa la, ahiã be wòagbugbɔ aɖɔ eƒe nuwɔna, agbenɔnɔ kple nɔnɔmewo ɖo nyuie. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ahamula la ŋu be wòadzudzɔ ahamumu keŋkeŋ.

1. Dze Si Futɔ La

Biblia la gblɔ be ŋutilãmenudzodzrowo ‘wɔa aʋa ɖe luʋɔ la ŋuti.’ (Petro I, 2:11) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “wɔa aʋa” gɔme koŋ enye “asrafodɔ wɔwɔ,” eye aʋawɔwɔ agblẽ nu ƒe susu dze le eme.​—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 7:​23-25.

Abe alesi tututu asrafo nyui gbɔa dzi ɖi srɔã eƒe futɔ ƒe ayemɔwoe ene la, nenema ke wòle be ahamula la nafia nu eɖokui tso ahamumu ƒe nɔnɔmea kple alesi wògblẽa nu le ahamula la kpakple amesiwo te ɖe eŋu la ŋuti.a​—Hebritɔwo 5:⁠14.

2. Trɔ Alesi Nènoa Aha Hebua Tamee

Atikewɔla aɖe gblɔ be: “Moxexinɔnɔ fia be woatsrɔ̃ atukpa la kple vidzĩa. Ne míagblɔe bubui la, menye ahanono koe wòle be woatrɔ o; ele be woatrɔ amenyenye ememetɔ la hã.

Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me.” (Romatɔwo 12:⁠2) ‘Miɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa.’ (Kolosetɔwo 3:⁠9) Ne ahamula la ƒe nuwɔnawo trɔ gake eƒe amenyenye ya gakpɔtɔ li la, ɖeko wòagatrɔ ɖe nu bubu si gblẽa nu le ame ŋu la wɔwɔ ŋu​—alo agbenɔnɔ xoxoa nagagbɔ.

3. Yi Nugɔmesela si Nàgblɔ Wò Nya Ɣaɣlawo na la Gbɔ

Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” (Lododowo 18:⁠1) Ne ahamula la Ie ŋute gɔ̃ hã la, ahanono ava tame nɛ. Eyata ehiã nugɔmesela si li ke si wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla na (woyɔa ame ma tɔgbe zi geɖe be amesi akpe ɖe amea ŋu woadzudzɔ ahanono) . Eɖea vi ne amesi woagblɔ nya ɣaɣlaa na la ŋutɔ nye amesi le ahamumu dzudzɔm, amesi te ŋu le akɔ kpem kple moxexinɔnɔ ƒe gbetɔamewo. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 27:​17.) Ele be ame ma si woagblɔ ame ƒe nya ɣaɣla na la nade bubu ahamula la ƒe mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔsewo ŋu eye wòatsɔ eɖokui asa vɔe be wòate ŋu ayi edzi anɔ kpekpem ɖe amea ŋu.​—Lododowo 17: 17.

4. Gbɔ Dzi Di

Vivivie wodzudzɔna. Exɔa ɣeyiɣi hafi ahamula la nagbugbɔ eƒe agbenɔnɔ aɖɔ ɖo. Ðewohĩ ganyawo asesẽ, dɔwɔwɔ ate ɖe ame dzi, eye aƒemekuxiwo asɔ gbɔ. Be woaɖe asi le ahamumu ŋu mefia be woado le kuxiwo me o. Gbã la, amesi le ahamumu dzudzɔm la atsi dzodzodzoe ne agbemekuxiwo le edzi vam gake metsɔ ‘kuxia gbɔkpɔnu’ aɖeke le wo dzi ɖumee o. Ne edze abe kuxiawo va le ga dom ɖe edzi ene la, ele be amesi le asi ɖem le ahamumu ŋu la naɖo ŋku hakpala la ƒe akɔfanamenyawo dzi: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”​—Psalmo 55:⁠23.

5. De Ha Kple Zɔhɛ Nyuiwo

Ele be ahamula la nabia eɖokui anukwaretɔe be: ‘Ðe nye zɔhɛwo daa asi ɖe nye ŋutenɔnɔ dzia alo ɖe woyia edzi ƒoa nu tso “tsã ŋkeke nyuiwo” ŋu henana mesena le ɖokuinye me be nane le ŋunye toma?’ Lododowo 18:24 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ geɖe dzedze aʋlie; ke xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” Ebia nugɔmesese be woanya amesiwo nye xɔlɔ̃ nyuiwo kple zɔhɛ siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu.

6. Mègaka Ðe Dokuiwò Dzi Fũ Akpa o

“Fifia ya meɖu dzi​—megadzroam gɔ̃ ha be mano aha o!” Ahamula si gblɔ nya sia la le eƒe ŋgɔyiyi kafum fũ akpa, eye wòle eƒe ahamumu bum nu tsɛe. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe alesi wodzudzɔ ahamumue le gɔmedzedzea me ƒe dzidzɔkpɔkpɔ si woyɔna be seselelãme ƒe ameblenu la nɔa anyi. Agbalẽ si nye Willpower’s Not Enough ɖo aɖaŋu be: “Dze agbagba be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ asiwò. Ema manɔmee la, àgaƒo ɖokuiwò ɖe nɔnɔme si ana nagadze ahamumu gɔme la me, eye menye nu bɔbɔe wònye be woadzudzɔ o.”​—Tsɔe sɔ kple Lododowo 16:⁠18.

7. Nɔ Ŋudzɔ Ðe Numãme Bubuwo Tsɔtsɔ Ðo Eteƒe Ŋu

Ame geɖewo dzudzɔa ahanono, gake numaɖumaɖu alo nutsuɖuɖu va zua kuxi na wo alo wova zua amesiwo nɔa dɔwɔwɔ dzi atraɖii, amesiwo akɔdada kple nu bubu geɖewo va zua numãme na. Ahamula si le asi ɖem le ahamumu ŋu la agblɔ be: ‘Nukae wòagblẽ le ŋunye? Nyemele aha nom o ɖe.’ Nyateƒee, ŋutilãmenuwɔna aɖewo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Gake ne ezãa nu alo dɔwɔna aɖe be yeatsɔ ana yeƒe seselelãmewo naku la, ɖeko esia nana wosea alakpadedienɔnɔ si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko le ame ɖokui me.

8. Trɔ ɖe Ƒomea fe Ðoƒe Yeyewo Ŋu

Ahamula geɖe gblẽa alesi wodzudzɔ ahamumu la me ne nuwo dze egɔme le edzi yim nyuie! Nukatae? Elabena moxexinɔnɔ la nye nu yeye na wo. Agbenɔnɔ si ahamula la nya la adzroe. Hekpe ɖe eŋu Ia, ne ahamula la ƒe mo va kɔ la, ehea tɔtɔ va ƒomea mee, Eyata ele be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe natrɔ ɖoƒe si wòle la. Agbalẽvi si nye Recovery for the Whole Family de dzesii be: “Ele be woaɖe asi le ƒomea ƒe fefewɔgbalẽ bliboa katã ŋu eye woatsɔ yeye aɖo eteƒe.” Susu nyui tae woyɔ alesi woadzudzɔ ahamumu la be ƒomenya ɖo.​—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 12:⁠26.

9. Nɔ Ŋudzɔ be Màgamui Ake o

Kaka ɖe ame ɖokui dzi fũ akpa, zɔzɔ kple ahanomunɔtɔwo, numãme bubuwo zazã ɖe ahanono teƒe, kple ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga fũ ate ŋu awɔe be ahanono nagadzro wò. Dzeɖoɖo nenɔ mia kple amesi nègblɔa wò dɔmenyawo na la dome ku ɖe nɔnɔme mawo dometɔ aɖewo ŋu. Ame aɖe si le ahamumu dzudzɔm la gblɔ be: “Mi ahamulawo kata midzudzɔ ahanono. Dzɔgbenyui Ie mía dometɔ aɖewo ŋu be míedzudzɔ esi míegale agbe.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Atikewɔƒe, kɔdzi, kple alesi woawɔ aɖe asi le ahamumu ŋu ƒe ɖoɖo geɖe li siwo ate ŋu ana nyatakaka ma tɔgbewo. Nyɔ! la medaa asi ɖe atikewɔmɔnu ƒomevi aɖe koŋ dzi o. Amesiwo di be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la adi be yewoaɖɔ ŋu ɖo be yewomagaƒo yewo ɖokui ɖe nuwɔna siwo anye dada le Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me o. Amesi nye Yehowa Ðasefo la akpɔ aɖaŋuɖoɖo ɖeviwo le May 1, 1983 ƒe Watchtower me, tso axa 8-11.

[Aɖaka si le axa 7]

Ne Atikewɔwɔ Hiã Vevie

Atike ɖesiaɖe si me aha sesẽ le ate ŋu anyɔ ame ƒe dzodzro eye woana ahanono nagadzroe.

Ðk. James W. Smith ŋlɔ bena: “Menye nu wɔmoyae wònye ne amesi le agbagba dzem be yeaɖu ahamumu dzi la gamu aha ake le moxexinɔnɔ ƒe ƒe geɖe megbe le esi wotsɔ kpetike si me aha sesẽ le le nonom ta o.” Atikewo katã te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ahamula la dzi. Ne vevesesenutsitike hiã vevie la, ekema ele be ahamula la. . .

1. nabia aɖaŋuɖoɖo tso atikewɔla gbɔ be wòanya esiwo ate ŋu agblẽ nu le eŋu.

2. nana amesi wògblɔa eƒe nya ɣaɣlawo na nanya, eye ne anya wɔ la, woayɔe vɛ be wòakpɔ atike ɖesiaɖe si woano la teƒe.

3. naŋlɔ atike ɖesiaɖe si wòno ƒe agbɔsɔsɔ ɖi.

4. nadzudzɔ atikea nono enumake.

5. natsɔ atike mamlea aƒu gbe ne dɔ si ta wòle enom ɖo la vɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe