INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 9/8 axa 4-5
  • Aleke Ƒomea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Ƒomea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui?
  • Nyɔ!—1992
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzila Ahanomunɔtɔ​—Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Enu?
    Nyɔ!—1992
  • Ahamula le Ƒomea Me
    Nyɔ!—1992
  • Woate Ŋu Adzudzɔ
    Nyɔ!—1992
  • Àte Ŋu Aɖu Kuxi Siwo Gblẽa Nu le Ƒome Ŋu Dzi
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 9/8 axa 4-5

Aleke Ƒomea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui?

“Gbã Ia, ame la noa aha kɔnkɔ ɖeka, eye kɔnkɔ ɖeka si wòno la nana wòdzronɛ wòganoa kɔnkɔ ɖeka kpenɛ, eye mlɔeba aha la kpɔa ŋusẽ ɖe edzi.”​—Ɣedzeƒenyagbɔgblɔ.

ÈLE zɔzɔm le anyigba si dzi ba le la to. Kasia ko nège dze eme. Le aɖabaƒoƒo kpui aɖewo megbe la ekpɔ be agbi le ye mim. Zi alesi neʋli sesĩe la, zi nenemae nele agbi ɖomee.

Nenema tututue ahamumu kpɔa ŋusẽ ɖe ƒome bliboa dzii. Srɔ̃tɔ si srɔ̃a ƒe ahamumu le fu ɖem na la dza agbagba be yeana wòadzudzɔ do kpoe. Esi lɔlɔ̃ ʋã nyɔnua ta la, edoa vɔvɔ̃ nɛ, gake egale ahanonoa dzi kokoko. Etsɔa eƒe aha la ɣlana, gake egadzea bubu. Nyɔnua tsɔa eƒe ga ɣlana, gake edoa ga bubu le exɔlɔ̃wo gbɔ. Eƒoa koko nɛ be wòalɔ̃ eƒe ƒomea, eƒe agbe, kple Mawu hã​—gake gbeɖegbeɖea koe. Zi alesi wòdze agbagba be yeana woadzudzɔ la, zi nenemae ahamumu ƒe agbi la miaa ƒome blibo lae. Be ƒomea me tɔwo nakpe ɖe ahamula la ŋu la, gbã la, ele be woase nusi ahamumu nye gɔme. Ehiã be woanya nusitae “egbɔkpɔnu” aɖewo madze edzi kura o, eye woanya mɔ siwo dzi toto ɖea vi ŋutɔŋutɔ.

Menye ahatsunono dzro koe ahamumu nye o. Enye nutsiamesi manyomanyo si ahanono atraɖii kple emanomano ɖe ŋkunu he vɛ. Togbɔ be ahamumu ŋuti nunyalawo ƒe akpa gãtɔ lɔ̃na ɖe edzi be womate ŋu adae o hã la, woate ŋu atsɔ etsitsri le ame ƒe agbemeŋkekewo katã me ƒe ɖoɖo aɖu edzii.​—Tsɔe sɔ kple Mateo 5:⁠29.

Le go aɖewo me la, woate ŋu atsɔ nɔnɔmea asɔ kple suklidɔléla tɔ. Togbɔ be suklidɔléla mate ŋu atrɔ eƒe nɔnɔmea o hã la, ate ŋu awɔ nu aduadu kple eƒe ŋutilã esi wòatsri sukli ɖuɖu. Nenema ke ahamula mate ŋu atrɔ alesi eƒe ŋutilã wɔa nu ɖe ahanono ŋui la o, gake ate ŋu awɔ dɔ aduadu kple eƒe kuxia ne etsri aha keŋkeŋ.

Gake esia gbɔgblɔ le bɔbɔe wu ewɔwɔ. Alesi ahamula la melɔ̃na ɖe eƒe kuxia dzi o la nana mekpɔa nɔnɔmea dzea sii o. ‘Nyemegblẽ nenema gbegbe o.’ ‘Nye ƒomeae ƒonɛ ɖe nunye be manɔ aha nom.’ ‘Aleke amesi ƒe dɔtɔ ƒe nya me sẽ abe tɔnye ene la mano aha o?” Eƒe nyawo wɔa dɔ ɖe eƒe ƒomea dzi ale gbegbe be ɖeko ƒomea alɔ̃ ɖe edzi nɛ. ‘Ehia be fofowò naɖi ɖe eme le ŋkekea ƒe nuwuwu.’ ‘Ehiã be papa nano aha. Dada ɖikpi le nya hem ɖe eŋu akpa.’ Womaʋu go ƒomea ƒe nya ɣaɣla o: Ahanomunɔtɔe papa nye. Ðk. Susan Forward ɖe eme be: “Mɔ sia dzi koe woate ŋu ato anɔ anyi kple wo nɔewo. Aʋatsokakawo, taflatsedodowo, kple nya ɣaɣlawo bɔ ɖe aƒe siawo me abe ya ene.”

Ƒomea me tɔwo mate ŋu aɖe ahamula la tso ahamumu ƒe agbi la me o negbe ɖe woɖe wo ɖokui gbã hafi. Ame aɖewo agbe agblɔ be, ‘Ahamula lae hiã kpekpeɖeŋu, ke menye nyee o!’ Gake bu eŋu kpɔ: Aleke gbegbee ahamula la ƒe agbenɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖe wò seselelãmewo kple nuwɔnawo dzie? Zi nenie eƒe nuwɔnawo doa dziku na wò, nana nèxaa nu, ɖea dzi le ƒowò, eye nevɔ̃na? Zi nenie nètsia aƒeme nɔa ahamula la dzi kpɔm le esi teƒe be nayi aɖawɔ dɔ vevi aɖe? Ne ƒomea me tɔ siwo memua aha o dze agbagba be yewoana yewoƒe agbenɔnɔ nanyo wu la, ahamula la adze wo yome.

Dzudzɔ fɔ bubu ɖokuiwò. Ahanomunɔ la agblɔ be: ‘Ne ɖe miele nu wɔm ɖe ŋunye nyuie la, nyemanɔ aha nom o.’ Aɖaŋuɖola Toby Rice Drews gblɔ be: “Ahamula la di be nànɔ esia dzi xɔm se ale be wòate ŋu ada eƒe ahanono ƒe agbanɔamedzia ɖe dziwò.” Megaxɔ nukpɔsusu sia dzi se o. Menye aha ɖeɖeko ŋue ahamula la ɖoa ŋu ɖo o, ke boŋ eɖoa ŋu ɖe amesiwo alɔ̃ ɖe eƒe nuwɔna dzi la hã ŋu, Ƒomea me tɔwo ato esia dzi emanyamanyae ana ahamula la ƒe ahanonoa nayi edzi ɣeyiɣi didi.

Woate ŋu atsɔ Biblia me lododo aɖe si ku ɖe dziku dzi maɖumaɖu ŋu aku ɖe ahamula hã ŋu. “Na wòanɔ te ɖe emetsonuwo nu. Ne èɖee le xaxa me zi ɖeka la, ahiã be nagaɖee ake.” (Lododowo 19:19, Today’s English Version) Ẽ, na ahamula la naƒo ka na eƒe dɔtɔ eye wòagblɔ nusitae meyi dɔme o la nɛ, nehe eɖokui yi aba dzii, netutu xe si woɖe la. Ne ƒomea me tɔwo wɔa nu mawo nɛ la, kpekpem ko wole ɖe eŋu be wòayi edzi anɔ aha nom vaseɖe esime wòawu eɖokui.

Xɔ kpekpeɖeŋu. Esesẽ eye ɖewohĩ manya wɔ na ƒomea me tɔwo be woawo ɖeɖe nado le xaxa la me o. Èhia kpekpeɖeŋu. Ðo ŋu ɖe xɔlɔ̃ siwo mada asi ɖe ahamulaa ƒe nuwɔna dzi o eye womagblẽ wò ɖeɖeko ɖi nanɔ fua kpem o la ŋu vevie.

Dzidzɔnyae wònyena ne ahamula la lɔ̃ be woakpe ɖe ye ŋu. Gake alesi woadzudzɔ ahamumu ƒe gɔmedzenuwɔna koe wònye. Woate ŋu ato aha muame xɔxɔ le ahamula si ana woadzudzɔ ahamumu le ŋkeke ʋee aɖewo megbe. Gake esesẽ ŋutɔ be woaɖe ahamumu ya le susu me nɛ.

[Aɖaka si le axa 5]

Ahamula ƒe Nɔnɔme Vovovowo

Exɔ Aƒe ɖe Susu me Nɛ: Ahamula la kpɔa mɔ na ɣeyiɣi siwo wònoa aha la vevie. Ne mele aha nom o la, ke ele tame bum le aha ŋu.

Ðokuidzimaɖumaɖu: Eƒe ahanono la to vovo tso nusi ƒe tame wòɖo la gbɔ, eɖanye aleke kee wòɖo tame kplikpae o.

Ðoɖo Kplikpaa: Sewo dede na ame ɖokui (“Menye nye ɖeɖekoe noa aha o ɖe,” “menye le dɔwɔɣi o,” kple bubu geɖe) wonye ŋkumeflunuwo ko na ahamula la ƒe se ŋutɔŋutɔ be: “Mègana naneke naxe mɔ na nye ahanono o.”

Mɔ Ðeɖe Ðe Eŋu: Alesi wòte ŋu ɖea mɔ ɖe aha geɖe fũ nono ŋu menye yayra o​—zi geɖe la enyea ahamumu ƒe dzesi gbãtɔ.

Emetsonu Gbegblẽwo: Numãme dzrowo ko megblẽa nu le ame ƒe ƒome, dɔwɔɖui, kple lãmesẽ ŋu o. Ahamumue gblẽa nu le wo ŋu ​—Lododowo 23:​29-35.

Gbegbe: Ahamula la bua tame le eƒe nɔnɔmea ŋu, tsɔnɛ nu tsɛe, hetsɔnɛ doa taflatsɛe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe