Kpekpeɖeŋu na Ahamulawo ƒe Vi Tsitsiwo
“Ne ahanomunɔtɔwo ƒe ƒome mee nètsi le la, ahiã be nàɖɔ nusɔsrɔ̃ ƒe tɔtɔ kple seselelãme ƒe tɔtɔ siwo do tso amehehe ma me la ɖo. Womate ŋu aƒo asa nɛ o.”—Ðk. George W. Vroom.
ASRAFO si xɔ abi vevie la le anyimlɔƒe le aʋagbedzi eye ʋu nɔ dodom le eŋu. Kpekpeɖeŋu va ɖo enumake eye wowɔ kaba kɔ asrafo si xɔ abi la yi kɔdzii. Asrafo la tsi agbe, gake eƒe kuxiawo ya mevɔ o. Ele be woada abiawo nɛ, eye fukpekpe si me wòto ƒe nuteɖeamedzi anɔ anyi ƒe geɖe.
Aƒeme ate ŋu ava zu abe aʋagbedzi afisi wodzea amegbetɔ ƒe nuhiahiã veviwo dzi le ene na dzila ahamula ƒe viwo. Wodɔa ɖevi aɖewo gbɔ; woƒoa bubuwo; woŋea aɖaba ƒua wo dometɔ geɖe ƒe seselelãmewo dzi. Ðekakpui aɖe si ɖo ŋku eƒe ɖevimenɔɣi dzi la gblɔ be: “Vɔvɔ̃ gã ma tɔgbe ye alé ɖevi ne ese bɔmbwo ƒe wowó alo wole aʋawɔtu si me wodaa tukpe trina ɖe enu le dam le eƒe aƒe gbɔ.” Mewɔ nuku o be ahamulawo ƒe vi geɖewo ɖea nuteɖeamedzi ƒe dzesi mawo ke fiana abe esiwo asrafo siwo dzudzɔ dɔ la ɖena fiana ene!
Nyateƒee, ɖevi geɖe toa nuteɖeamedzi siawo me dona eye ʋeʋeʋe la wotsina dzona le aƒeme. Gake wotsɔa nuteɖeamedzi siwo togbɔ be womedzena gaglã o hã, wonye nu ŋutɔŋutɔ siwo yia edzi nɔa anyi abe asrafo si xɔ abi tɔ ene la tsinae. Gloria gblɔ be: “Fifia mexɔ ƒe 60, eye nuteɖeamedzi siwo tso ƒome si me dzila ɖeka nye ahamula le me si me wodzim ɖo la gakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe nye agbe dzi vevie.”
Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame mawo ŋui? Biblia ɖo ɖaŋu be: ‘Mifa konyi kpli wo ti.’ (Romatɔwo 12:15, Phillips) Be woawɔ esia la, ele be woase nuteɖeamedzi siwo dona tsoa ahanomunɔtɔwo dome nɔnɔ me la gɔme.
“Nyemenɔ Ðevime kpɔ O”
Ehiã be woanyi ɖevi, alé be nɛ ahana kakaɖedzi eyama ɣesiaɣi. Zi geɖe la, beléle ma menɔa ahanomunɔtɔwo ƒe ƒome me o. Le ƒome aɖewo me la, agbanɔamedzia trɔna, eye wodina tsoa ɖevia si be wòanyi dzila la. Le kpɔɖeŋu me, Albert si xɔ ƒe 14 lae dia nuɖuɖu vaa aƒee na eƒe ƒomea! Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Jan ye wɔa aƒemedɔwo ƒe akpa gãtɔ ɖe edzila ahamula la teƒe. Hekpe ɖe eŋu la, eya koŋ ye kpɔa nɔviawo dzi—edze esiawo katã gɔme esime wòxɔ ƒe ade ko!
Menye ame tsitsiwoe ɖeviwo nye o, eye womate ŋu awɔ dɔ abe ame tsitsiwo ene hã o. Ne dzilawo kple ɖeviwo ƒe agbanɔamedziwo trɔ la, ekema ɖevi siwo wɔa ame tsitsi dɔwo egbea la va zua ame tsitsi siwo mekpɔa dzidzeme le woƒe etsɔ me o. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 6:4.) Ƒome ƒe aɖaŋuɖola John Bradshaw ŋlɔe be: “Wotsina zua amesiwo si ame tsitsiwo ƒe ŋutilã le. Wodzena ame tsitsiwoe heƒoa nu abe ame tsitsiwo ene, gake ɖevi sue dzidzememakpɔla si ƒe nuhiahiãwo gbɔ womekpɔ nɛ o ƒe nɔnɔmee le wo me.” Ame mawo ase le wo ɖokui me abe alesi Kristotɔ aɖe se le eɖokui me ene be: “Nye seselelãme ƒe nuhiahiã vevitɔ siwo gbɔ womekpɔ nam le ɖevime o la ƒe nuxaxa geɖe gakpɔtɔ ɖea fu nam vevie.”
“Anye Nye Vodadae”
Esi Robert xɔ ƒe 13 ko la, fofoa dze afɔku ku. Robert ɖo ŋku edzi kple aɖatsi be: “Menya be mewɔa nusiwo medzea eŋu o, gake menye ɖevi gbegblẽe menye o.” Robert fofo ƒe ahamumu na Robert se le eɖokui me be yeɖi fɔ ƒe geɖe. Esi Robert nɔ nya siawo gblɔm la, exɔ ƒe 74!
Enye nusi bɔ ŋutɔ be ɖeviwo natsɔ wo dzila ƒe ahamumu ƒe agba. Fɔ bubu ame ɖokui blea ɖevi wòsusuna be yeɖu nɔnɔmea dzi. Abe alesi Janice gblɔe ene la: “Menɔ susum be ne ɖe meɖe nɔnɔme nyui fia la, anye ne fofonye magano aha ake o.”
Nya lae nye be ɖevi—alo ame tsitsi—aɖeke mate ŋu ana ame aɖe nanɔ aha mum, akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ahamumu dzi alo ana wòadzudzɔ o. Ne ahamulae dziwòla nye Ia, eɖanye nya kae wogblɔ na wò alo nukae nane fia o, menye wòe woabu fɔe kum o! Eye ahiã be nade ŋugble le eŋu nyuie be esi yenye ame tsitsi la, ɖe yegasea ame bubuwo ƒe nuwɔnawo kple nɔnɔmewo ƒe fɔɖiɖi le ye ɖokui me madzemadzee hã.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 14:12; Filipitɔwo 2:12.
“Nyemate Ŋu Aka De Ame Aɖeke Dzi O”
Nyateƒetoto kple anukwareɖiɖi ye nana wokana ɖe ame dzi. Gake bebemenuwɔwɔ kple malɔ̃malɔ̃ ɖe nu dzi dzie wotu ahamumu ƒe nɔnɔme ya ɖo.
Esi Sara nye ɖevi la, enya nu tso fofoa ƒe ahamumu ŋu. Gake eɖo ŋku edzi be: “Tame bubu le nya si nye ‘ahamumu’ ŋu gɔ̃ hã ana mase le ɖokuinye me be meɖi fɔ elabena ame bubu aɖeke mele míaƒe ƒomea me si agblɔe o.” Susan gblɔ nuteƒekpɔkpɔ ma tɔgbe be: “Ame aɖeke menɔ míaƒe ƒomea me si ƒo nu tso nusi nɔ edzi yim, alesi wolé blanui alo alesi gbegbe míedo dziku ɖe [danye srɔ̃ ahamula] ŋu la ŋuti kpɔ o. Ewɔ nam be ɖeko meŋe aɖaba ƒu nɔnɔmea dzi kplikpaa.” Eyata zi geɖe la, womelɔ̃na ɖe dzila ƒe ahamumu ƒe nyateƒenyenye dzi o. Susan gblɔ be: “Mesrɔ̃ alesi maŋe aɖaba aƒu nuwo dzie elabena mekpɔ nu geɖe teƒe wòtim.”
Ahamula ƒe nɔnɔme si meto mɔ ɖeka o la hã nana womekana ɖe ame dzi o. Enɔ dzidzɔ kpɔm etsɔ, gake do dziku egbea ya. Martin, si nye vidada ahamula ƒe vi tsitsi gblɔ be: “Nyemenya ɣekaɣie dzikua agafla o.” Ahamula mewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi o, menye ɖekematsɔleme tae o ke boŋ le aha ko tae. Ðk. Claudia Black ɖe nu me be: “Ahanono atraɖii va zua nu vevitɔ si ahamula ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Nu bubuwo katã va xɔa nɔƒe evelia.”
“Meɣlaa Nye Seselelãmewo”
Ne ɖeviwo mete ŋu le woƒe seselelãmewo gblɔm fia dziɖeɖitɔe o la, wova srɔ̃a alesi woatsyɔ nu wo dzii, Agbalẽ si nye Adult Children—The Secrets of DysfunctionaI Families gblɔ be wotsɔa “nukumoɖoɖo” yia sukui “evɔ nue te ɖe wo dzi le woƒe dzi me hafi,” eye atse meblea wo be woagblɔ woƒe susuwo na ame aɖeke o le vɔvɔ̃ be anye ƒomea ƒe nya ɣaɣla gbɔgblɔ ta. Nusianu dzena nyuie le gota; gake seselelãme siwo dzi wozi le wo me la dzea mododo ɖa gɔme.
Le tsitsime la, agbagba ɖesiaɖe si woadze be woatsɔ ‘nusianu nyo’ ƒe ameblenu atsi seselelãmewo nui la medzea edzi o. Ne womete ŋu le seselelãmewo gblɔm kple nu o la, woadze le nu ƒe dɔwɔwɔ ɖe ŋutilã dzi me—esi nye ame ƒe dɔme si awɔ abi, taɖuame atraɖii kple bubuawo. Shirley gblɔ be: “Nuteɖeamedziwo nɔ nu gblẽm le ŋunye vevie. Lãmegbegblẽ ɖesiaɖe si wonya la nɔ fu ɖem nam,” Ðk. Timmen Cermak ɖe nu me be: “Alesi ɖevi tsitsiwo wɔa nu ɖe nuteɖeamedzi ŋui lae nye be woagbe lɔlɔ̃ ɖe edzi, gake màte ŋu aflu Dada Dzɔdzɔme o. . . . Ŋutilã si dzi wozi le nuteɖeamedzi me, kple le nuteɖeamedzi vevie ƒe nuƒo me ƒe geɖe la dzea gbegblẽ gɔme.”
Nu Geɖe Hiã Wu Agbetsitsi
Ahamulawo ƒe vi tsitsiwo sesẽ; woƒe dodo tso ɖevimenuteɖeamedziwo me ɖe esia fia. Gake nu geɖe hiã wu agbetsitsi ko. Ele be woasrɔ̃ nu yeyewo le ƒomea ƒe kadodowo me. Ahiã be woaɖɔ fɔɖiɖi ƒe seselelãme, dziku, kple sese le ame ɖokui me be bubu gobii aɖeke mele ye ŋu o la ɖo. Ele be ahamulawo ƒe vi tsitsiwo nazã woƒe ŋusẽ atsɔ ado nusi Biblia yɔ be ‘amenyenye yeye’ lae.—Efesotɔwo 4:23, 24; Kolosetɔwo 3:9, 10.
Esia menye nu bɔbɔe o. LeRoy, si nye ahamula ƒe vi tsitsi la dze agbagba ƒe 20 sɔŋ be yeawɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi. “Esime mexɔ aɖaŋuɖoɖo ɖesiaɖe si me nunya le tso Habɔbɔa gbɔ to Family-gbalẽa kpakple agbalẽ bubuwo dzi la, nyemete ŋu se wo me nyawo gɔme o.a Le ema ta la, nyemewɔ wo me nyawo ŋudɔ nyuie o. . . . Menɔ agbagba dzem le ɖokuinye si be madi sewo ahawɔ ɖe wo dzi seselelãme aɖeke manɔmee abe Farisitɔwo ene.”—Kpɔ Mateo 23:23, 24.
Le ame abe LeRoy ene gome la, nudidi bɔbɔe siwo nye be “woalɔ̃ ame vevie” alo “aɖo dze” alo be “nàhe viwo” manye nusi su o. Nukatae? Elabena ɖewohĩ ɖevi tsitsia mekpɔ woɖe nɔnɔme alo aɖaŋu siawo fia o, eyata aleke wòate ŋu aɖe wo afiae alo asrɔ̃ woe? LeRoy di gbedada be yease dɔ si fofoa ƒe ahamumu wɔ ɖe edzi la gɔme. Esia ʋu gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ƒe mɔ nɛ. Egblɔ be: “Togbɔ be esia nye vevesese ƒe ɣeyiɣi le nye agbe me hã la, eganye ɣeyiɣi si me mewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi geɖe hã le. Zi gbãtɔ le nye agbe me la, meva se le ɖokuinye me ŋutɔŋutɔ be meva le nusi lɔlɔ̃ na Mawu nye la nyam nyuie wu.”—Yohanes I, 5:3.
Hadomededienɔnɔ ƒe dɔwɔla si bi ɖe ƒome ƒe ahamunyawo me ƒe kpekpeɖeŋu ɖe vi na nyɔnu Kristotɔ si ŋkɔe nye Cheryl. Egblɔ eƒe dɔmenyawo na hamemegã seveveɖeamenu aɖe hã. Egblɔ be: “Tso esime meɖe nye ŋukpenanu ɣaɣlawo ɖa ko hafi mese le ɖokuinye me be mele ŋutifafa me kple Yehowa kpakple ɖokuinye. Fifia mebua Yehowa be enye Fofonye (nusi nyemebu kpɔ do ŋgɔ o) , eye nyemegasena le ɖokuinye me be wotafam ŋutɔ le esi nyemekpɔ lɔlɔ̃ kple mɔfiafia si mehiã tso fofonye gbɔ le anyigba dzi afisia ta o.”
Amy si nye ahamula ƒe vinyɔnu tsitsi kpɔe be agbagba dzedze be yeatu “gbɔgbɔ ƒe kutsetse” ɖo kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eva nya alesi wòagblɔ eƒe dɔmenyawo kple seselelãmewo hã na hamemegã si sea nu gɔme, Amy gblɔ be: “Eɖo ŋku ŋudzedzekpɔkpɔ si wòle be madi ŋutɔŋutɔ, si nye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo tɔ la dzi nam. Woƒe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ didi megblẽa nu le ame ŋu gbeɖe o.”
Gbedada Blibo
Yesu Kristo do ŋugbe woŋlɔ ɖe Biblia me be amesiwo va dzea si ye siwo dzi dzimaɖitsitsiwo te ɖo la akpɔ gbɔdzɔe. (Mateo 11:28-30) Hekpe ɖe eŋu la, woyɔ Yehowa be “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mi le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Maureena gblɔ be: “Meva nya Yehowa be enye Amesi magblẽm ɖi le ŋutila me, le susu me, alo le seselelãme gome o.”
Ɣeyiɣi si Biblia yɔ be ŋkeke mamleawo mee míele, esi nye ɣeyiɣi si me ame geɖe—le ƒomea me gɔ̃ hã—anye ‘ameƒolawo, amesiwo si lɔlɔ̃ mele o, kple ame wɔadãwo.’ (Timoteo II, 3:2, 3, The New English Bible) Gake Mawu do ŋugbe be eteƒe madidi o yeahe ŋutifafaxexeme yeye si me yeatutu aɖatsiwo kple konyifafawo katã ɖa le la vɛ. (Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Kristotɔ aɖe sí wonyi le ahamulawo ƒeme la gblɔ be: “Míele mɔ kpɔm be mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔe ɖekae le xexe ma me, afisi míakpɔ gbedada blibo si Yehowa ɖeka ko ate ŋu ana la le.”
AME AÐE ƑE AGBEMEŊUTINYA
“Ahamula ƒe vi tsitsie menye. Ƒe enyi ko mexɔ esime fofonye zu ahamula. Ne emu aha la, ewɔa nu adãtɔe. Meɖo ŋku ŋɔdzi si lé ƒome bliboa la dzi. Le ɣeyiɣi si me wòle be makpɔ dzidzɔ le nye ɖevime teƒe la, meva srɔ̃ alesi matsyɔ nu nye seselelãmewo, nudidiwo, nudzroamewo, kple mɔkpɔkpɔwo dzii. Danye kple Fofonye ƒe ŋku biã ɖe fofonye ƒe kuxia gbɔ kpɔkpɔ ŋu be womekpɔ vovo ɖe ŋunye o. Womegblẽ ɣeyiɣi ɖe ŋunye o. Meva se le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o. Esi mexɔ ƒe enyi la, agbanɔamedzi siwo woda ɖe dzinye la na nyemeganye ɖevi o—mezu ame tsitsi zi ɖeka eye mekpɔa ƒomea ƒe agbanɔamedziwo gbɔ. Nye agbe va tsi yame.
“Fofonye ƒe agbenɔnɔ nye ŋukpe ale gbegbe be eƒe ŋukpe la ɖe ɖe ŋunye. Be mawɔ nu atsɔ aɖo eteƒee la, medze agbagba be mawɔ nu abe ame deblibo ene. Menɔ nu nana dzi eye menɔ agbagba dzem be maƒle lɔlɔ, eye nyemese le ɖokuinye me kpɔ be medze na lɔlɔ̃ blibo o. Dɔwɔwɔ atraɖii va xɔ nye agbenɔnɔ me, eye nu te ɖe dzinye ŋutɔ. Le ƒe aɖewo megbe la, srɔ̃nye kple vinyewo gblɔ nam be mɔ̃ si le abe amegbetɔ ene ye menye. Mesubɔ wo ƒe 30 sɔŋ, metsɔ nye seselelãmenuhiahiãwo sa vɔe ɖe wo tɔ ta, mekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo abe alesi mekpɔ dzinyelawo tɔ gbɔ na wo tso gbaɖegbe ke ene. Eye esiae woatsɔ ada akpee nama? Eya kura vem wu!
“Le dziku, tɔtɔ, kple dziɖeleameƒo ta Ia, meɖoe kplikpaa be manya nusi nɔ wɔyem. Ne meƒo nu kple ame bubu siwo wonyi le ahamulawo ƒe aƒewo me la, nuteɖeamedzi ƒe seselelãme ɣaɣla doa mo ɖa, nusiwo dzi nyemeɖo ŋkui kpɔ o, nusiwo na blanui si gblẽa nu le ame ŋu la lém zi geɖe. Enɔ abe agba ɖeɖe le ame ɖokui dzi kple dɔme tɔtrɔ ene. Gbɔdzɔe kae nye si mekpɔ esi meva nya be menye nye ɖeka koe o, be nuteɖeamedzi si do tso alesi wonyim le ahamula ƒe aƒeme la le ame bubuwo hã dzi eye wonya nusi wònye!
“Meyi habɔbɔ aɖe si woyɔna be Ahamulawo ƒe Vi Tsitsiwo gbɔ eye medze woƒe aɖaŋuɖoɖo aɖewo zazã gɔme. Nufiamegbalẽwo kpe ɖe ŋunye metrɔ nye susu totrowo. Meŋlɔa gbesiagbe ƒe seselelãmewo ɖi be maɖe seselelãme bubuwo, siwo nye seselelãme siwo meɣla ƒe geɖe la ɖe go. Meɖoa to sea kasɛt siwo kpena ɖe ame ŋu be wòaɖu nuteɖeamedzi dzi la. Mekpɔ ŋutsu aɖe si ŋutɔ nye ahamula ƒe vi tsitsi ƒe numedzodzro aɖe si wowɔ le television dzi. Agbalẽ si nye Feeling Good si Pennsylvania ƒe Atikesɔsrɔ̃ Yunivɛsiti ta la kpe ɖe ŋunye metu bubudeameɖokuiŋu ɖo eye metrɔ asi le nye tamesusu totrowo ŋu.
“Tamesusu yeye siawo dometɔ aɖewo va nye dɔwɔnuwo, esiwo nye nya siwo akpe ɖe ame ŋu wòakpe akɔ kple agbenɔnɔ kpakple ƒomedodowo. Nusiawo siwo mesrɔ̃ hewɔ wo ŋudɔ la dometɔ aɖewoe nye: Menye nusi dzɔna ɖe mía dzie nye nusi le vevie o, ke boŋ alesi míebua nusi dzɔna alo sea egɔme lae. Mele be woazi seselelãmewo dzi ɖe ame ɖokui me o ke boŋ ehiã be woadzro wo me ahaɖe wo ana alo woaɖe wo ɖa. Dɔwɔnu bubue nye nyagbe si nye ‘tamebubu ƒe mɔ nyuitɔ nenɔ asiwò. Nusi wogagbugbɔ wɔ la ate ŋu anye susu ƒe tame bubumɔnu yeye.
“Dɔwɔnu vevitɔ kekeake si ƒo ɖesiaɖe tae nye Mawu ƒe Nya, Biblia la. Mexɔ gbɔgbɔmegbedada nyuitɔ kekeake tso eme kple tso Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me kpakple tso woƒe hamemegãwo kple Ðasefo bibi bubuwo gbɔ eye meva srɔ̃ alesi maɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ afia ɖokuinye. Meva srɔ̃e hã be meto vovo eye nye amenyenye hã to vovo, eye be ame aɖeke mesɔ kplim le xexeame o. Vevietɔ wu la, menya be Yehowa lɔ̃m, eye be mía kple ame bubuwo tae Yesu ku ɖo.
“Fifia le ƒe ɖeka kple afã megbe la, magblɔ be nye nɔnɔme ƒe akpa 70 lia le alafa ɖesiaɖe me ka ɖe eme wu. Ne Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenyexexeme yeye xɔ ɖe fifi xexe vɔ̃ɖia kple eƒe mawu, Satana Abosam teƒe ko hafi dɔyɔyɔ blibo ava.”
NYATAƑONYA
Biblia gblɔ be: “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.” (Lododowo 20:5) Ele be woaɖe nugɔmesese afia ne amesi le kpekpem ɖe ame ŋu la akpɔ dzidzedze le nusiwo le fu ɖem na amesi lé blanui ƒe dzi ƒe tɔ goglowo ɖeɖe do go me. Viɖe gã le ‘adaŋudelawo ƒe agbɔsɔsɔ’ ŋu ne nugɔmesese le wo si. (Lododowo 11:14) Lododo si gbɔna la hã ɖe viɖe si le ame bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ me la fia: “Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.” (Lododowo 27:11) Ne amesiwo dzi nu te ɖo ƒo nu kple wo nɔewo la, ‘woade dzi ƒo na wo nɔewo.’ (Romatɔwo 1:12) Eye be akɔfala la nawɔ ɖe Biblia ƒe sedede be “mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo” dzi la, ele be wòase nusi gbɔ blanuiléle si le fu ɖem na amesi woafa akɔ na la tso kple blanuilélea me tsonuwo gɔme.—Tesalonikatɔwo I, 5:14.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Making Your Family Life Happy si Watchtower Bible and Tract Society of New York, lnc. ta.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Ahamulawo ƒe vi geɖewo ɖea nuteɖeamedzi ƒe dzesi mawo ke fiana emegbe abe asrafo siwo dzudzɔ dɔ ene!
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
‘Nuteɖeamedziwo nɔ nu gblẽm le ŋunye vevie”
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Bebemenuwɔwɔ kple malɔ̃malɔ̃ ɖe nu dzi dzie wotua ahamumu ƒe nɔnɔme ɖo
[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]
Wotsɔa “nukomoɖoɖo” yia sukui “evɔ nue te ɖe wo dzi le woƒe dzi me hafi”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
“Fifia mebua Yehowa be enye Fofonye (nusi nyemebu kpɔ do ŋgɔ o) ”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]
Dɔwɔnu vevitɔ kekeake si ƒo ɖesiaɖe tae nye Mawu ƒe Nya, Biblia la
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
“Nuteɖeamedziwo nɔ nu gblẽm le ŋunye vevie”