Nyɔnuwo—Wobua Wo le Dɔwɔƒea?
“Ŋutsuwo ƒe akpa gãtɔ, woɖanye trewo alo srɔ̃tɔwo o, bua nyɔnuwo be wonye amesiwo dze be woaɖe ɖe nu.”—Jenny, si nye senyalawo ƒe agbalẽŋlɔla tsã.
“Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ aɖe fui na nyɔnuwo kple wo gbɔ dɔdɔ le kɔdzi le nyanya na ame geɖe.”—Sarah, si nye dɔnɔdzikpɔla si wona hehee.
“Wonɔa ahiãnya si nye agbegbegblẽnɔnyawo dom ɖe gbɔnye ɣesiaɣi le dɔ me,”—Jean, dɔnɔdzikpɔla si wona hehee.
ÐE NYA siawo fia nɔnɔme si mebɔ oa, alo wobɔ fũ? Nyɔ! bia nya nyɔnu geɖe siwo kpɔ nuteƒe le dɔwɔƒewo. Ðe woƒe dɔwɔhati ŋutsuwo tsɔ sisiɖa wɔ nu ɖe wo ŋui hebu woa? Woƒe nya aɖewoe nye esiwo gbɔna:
Sarah, si nye dɔnɔdzikpɔla tso New Jersey, U.S.A., si si ƒe asieke ƒe nuteƒekpɔkpɔ le Amerika ƒe asrafowo ƒe kɔdzi su la gblɔ be: “Meɖo ŋku ɣeyiɣi si me menɔ dɔ wɔm le San Antonio, Texas, eye wonɔ ame aɖe dim be woaxɔ ɖe dɔme le Mɔ̃ si Wɔa Dɔ ɖe Ayiku Teƒe ƒe Dɔwɔƒe la dzi. Mebia nusi mawɔ be woaxɔm ɖe dɔa me la ɖɔktawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe. Wo dometɔ ɖeka tsɔ nukoko ɖo eŋu be, ‘Na mia kple míaƒe amegã miadɔ.’ Ðeko megblɔ be: ‘Ne nenemae la ke dɔa nenɔ anyi ko.’ Gake nenemae wowɔna zi geɖe be nɔƒe kɔkɔ kpɔkpɔ le dɔ me kple dɔwɔɖui sua ame si. Ele be nyɔnua nalɔ̃ ɖe ŋutsu si me nudzodzro xɔ aƒe ɖo ƒe ahiãnyawo dzi nɛ.
“Ɣebubuɣi la menɔ dɔ wɔm le afisi wokpɔa dɔléle kpatawo gbɔ le henɔ ka si me atike tona gena ɖe lãme na ame dem na dɔnɔ aɖe esime ɖɔkta aɖe va do ɖe dzinye hetsɔ asi nɔ lilim ɖe nye agɔnu. Medo dziku hedzo yi xɔ aɖe si le afima me. Ekplɔm ɖo hegblɔ gbegblẽnya aɖe. Ðeko metutu asii ƒu gbelɔnu me! Megbugbɔ yi nye dɔnɔ la gbɔ. Tso ema dzi la megaɖea fu nam o!”
Miriam, si nye srɔ̃tɔ tso Egipte si wɔ agbalẽŋɔŋlɔdɔ kpɔ le Cairo la gblɔ nɔnɔme si me nyɔnu siwo le dɔ wɔm le Egipte ƒe Moslemtɔwo dome le la, “Nyɔnuwo doa wu ɖe nɔnɔme nyui me wu esiwo le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Nyemekpɔ wotsɔ gbɔdɔdɔ nɔ fu ɖem na amee le nye dɔwɔƒe ya o. Gake wotsɔa gbɔdɔdɔ nɔa fu ɖem na amee le Cairo ƒe tomemɔ dzi ale gbegbe be fifia woɖoe be nyɔnuwo naɖo ʋu gbãtɔ.”
Jean, si nye ame kpoo aɖe gake nye nyɔnu si ɖoa tame kplikpaa si si dɔnɔdzikpɔkpɔ ƒe 20 ƒe nuteƒekpɔkpɔ su la gblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be mia kple ame aɖeke míazɔ le dɔ me o. Gake wova nɔa fu ɖem nam ne mía kple ɖɔktawo míele dɔ wɔm alo mía kple ŋutsu kɔdzidɔwɔla bubuwo míele dɔ wɔm. Wo katã wosusu be yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nye susu dzi. Ne mí dɔnɔdzikpɔlawo míelɔ̃ ɖe woƒe gbɔdɔnudzodzrowo dzi o la, ekema ŋutsu kɔdzidɔwɔlawo mava ne míehiã wo be woakpe ɖe mía ŋu míakɔ dɔnɔ ada ɖe aba dzi kple dɔ bubu mawo tɔgbe o.”
Jenny wɔ dɔ abe senyalawo ƒe agbalẽŋlɔla ene ƒe adre. Egblɔ nusi teƒe wòkpɔ esime wònɔ dɔ wɔm kple senyalawo. “Ŋutsuwo ƒe akpa gãtɔ, woɖanye trewo alo srɔ̃tɔwo o, bua nyɔnuwo be wonye amesiwo dze be woaɖe ɖe nu. Nɔnɔme si woɖena fianae nye, ‘Mí senyalawo la míedze nɛ, eye nyɔnuwoe nye míaƒe mɔnukpɔkpɔwo dometɔ ɖeka.’” Eye ewɔ abe ɖe ɖaseɖiɖia fia be nukpɔsusu ma ke le dɔwɔla bubuwo si ene. Gake nukae nyɔnu ate ŋu awɔ be woaganɔ fu ɖem nɛ fũ o?
Darlene, si nye ameyibɔ Amerikatɔ si nye agbalẽŋlɔla eye wògawɔ dɔ le nuɖuɖudzraƒe la gblɔ be: “Nu ate ŋu agblẽ ne meɖo seɖoƒe na wò nɔnɔme o. Ne ŋutsu aɖe de asi wò koko me eye wò hã nele ekom la, nu ate ŋu agblẽ bɔbɔe. Eva hiã be magblɔ akpa si mele la kɔte le ɣeyiɣi vovovowo me. Mezãa nyagbɔgblɔwo abe ‘Adzɔ dzi nam ŋutɔ ne megblɔ nya mawo nam o’ ene. Megblɔna ɣebubuɣiwo be: ‘Esi wònye nyɔnu srɔ̃tɔe menye ta la, mekpɔ be nya si nègblɔ nam la mesɔ kura o, eye nyemeka ɖe edzi be adzɔ dzi na srɔ̃nye hã o.’
“Nya lae nye be ne èdi be woabu ye la, ele be nàdze agbagba le eŋu hafi. Eye nyemekpɔ alesi nyɔnu awɔ woabui ne eʋlia ho kple ŋutsuwo le nusi meyɔna be enye ŋukpenanya—gbegblẽfefewo kple gbɔdɔdɔ ƒe amenubeblewo me o. Ne mèna nuƒo kple agbenɔnɔ si dze kple esi medzɔ o ƒe seɖoƒe dze ƒã o la, ekema ŋutsu aɖe adze agbagba be yeaɖe ƒu na wò.”
Ŋutsu Ŋutasẽla
Connie, si nye dɔnɔdzikpɔla si si ƒe 14 ƒe nuteƒekpɔkpɔ su la gblɔ fuɖename ƒomevi bubu aɖe si ate ŋu ado mo ɖa le nɔnɔme geɖe me. “Mía kple ɖɔkta aɖe míenɔ nusi wotsɔ blaa abie ɖɔ lim na dɔnɔwo. Mewɔ dɔdamɔnu siwo kata mesrɔ̃ la ŋudɔ. Menya mɔ ɖesiaɖe si dzi wotona nana abi kple abiblavɔ nɔa dzadzɛ kple bubuawo. Gake naneke medzea ɖɔkta ma ŋu o. Ehe nya henyrã ɖem eye woɖe ɖeklemi le nusianu si mewɔ la ŋu. Nusia ƒomevi si nye nyɔnuwo dada ɖe anyi bɔ ŋutɔ. Ŋutsu aɖewo dzea wɔ ɖokui ŋu, eye ewɔ abe ɖe wokpɔe be ehiã be yewoazi yewoƒe ŋusẽ ɖe nyɔnu siwo le dɔ wɔm kple yewo dzi ene.”
Sarah, amesi ƒe nya míeyɔ do ŋgɔ la gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ kpee be: “Menɔ dzadzraɖo wɔm ɖe amekoko ŋu esime melé ŋku ɖe dɔnɔa ƒe dzoxɔxɔ, eƒe gbɔgbɔ kple eƒe ʋu ƒe sisi ŋu. Eƒe dzia ƒe tsotso ɖiɖi ale gbegbe be mekpɔe be menyo be woawɔ dɔ nɛ o. Mewɔ vodada be megblɔe na amekola la. Edo dziku ŋutɔ, eye wògblɔ be: ‘Zãkpliwo ŋue wòle be dɔnɔdzikpɔlawo nalé ŋku ɖo, ke menye dzi ƒe tsotsoe o.’ Ðeko mena amekokodzikpɔla si dea ame alɔ̃ me nya, eye wògblɔ be le nɔnɔme siawo me la, yeƒe dɔwɔha malɔ̃ ɖe edzi na amekola la o. Emegbe nusi wɔ mo yaae nye be amekola la gblɔ na ŋutsua srɔ̃ be gbɔnyee wòtso be womewɔ dɔ na srɔ̃a vaseɖe fifia o! Le nɔnɔme sia me la, nyɔnu ƒe nya madzɔ o. Nukatae? Elabena menya be yeda ŋutsu ɖe anyi o.”
Eme kɔ ƒã be woɖea fu na nyɔnuwo zi geɖe heɖia gbɔ wo le dɔwɔƒe. Gake nukae nye woƒe tenɔnɔ le se gbɔ?
Nyɔnuwo Kple Sewo
Le dukɔ aɖewo me la, exɔ ƒe alafa geɖe hafi wova gblɔ le nya me ko be nyɔnuwo sɔ kple ŋutsuwo le se gbɔ. Eye le afisiwo sea gblɔ be wosɔ kple ŋutsuwo le la, zi geɖe la vovototo gã aɖe va nɔa nyagbɔgblɔ kple wo ŋudɔwɔwɔ dome.
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽ si nye The World’s Women—1970-1990 gblɔ be: “Vovototo sia [dziɖuɖu ƒe ɖoɖo ƒe vovototodedeameme] ƒe akpa gã aɖe nɔa se siwo mena gomewo su nyɔnuwo kple ŋutsuwo si sɔsɔe be anyigba nanɔ wo si, woado ga, eye woage ɖe dɔwɔɖoɖowo me o la me.” Abe alesi Uganda-nyɔnu aɖe gblɔe ene la: “Míeyi edzi nye dumevi siwo womebuna ɖe nemi me hã o—gake menye amesiwo ŋu tsɔɖu aɖekeɖeke kum mele o ya o, elabena mía viŋutsuviwo le ŋgɔ na mí. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa nu ɖe tedziwo kple agbleŋlɔmɔ̃wo ŋu nyuie wu gɔ̃ hã.”
Time-Life ƒe agbalẽ si nye Men and Women gblɔ be: “Le ƒe 1920 me la, United States ƒe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo 19 lia na akɔdada ƒe gome nyɔnuwo—esi nye ɣeyiɣi didi aɖe esi gome ma su wo si le Europa-dukɔ geɖe me vɔ megbe.
Gake womena akɔdada ƒe mɔnukpɔkpɔ wo le Britania o vaseɖe ƒe 1928 me hafi (eye womena wo le Japan o vaseɖe Xexemeʋa II megbe hafi) .” Be wòatsɔ atsi tre ɖe dunyahehe me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu la, Britania-nyɔnuwo ƒe akɔdada ƒe gomenɔamesi taʋlila Emily Wilding Davison tsɔ eɖokui ƒu anyi ɖe Fia ƒe sɔ ŋgɔ le sɔwo ƒe duɖimekeke ƒe hoʋiʋli me le ƒe 1913 me eye wòku. Eku le gome sɔsɔe si asu nyɔnuwo si abe ŋutsuwo ene la ta ʋiʋli me.
Nyateƒe si wònye be nyitsɔ laa si nye ƒe 1990 me hafi United States ƒe Sewɔtakpeha bu “Nu Vlo Wɔwɔ ɖe Nyɔnuwo Ŋu ƒe Se” la ŋu ɖee fia be sewɔtakpeha si me ŋutsuwo kpɔ ŋusẽ ɖo mewɔ nu kaba be woaʋli nyɔnuwo ƒe nuhiahiãwo ta o.
Alesi wowɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋui le xexeame godoo ŋuti numeɖeɖe kpui sia fɔ nyabiabia la ɖe te be, Ðe nɔnɔmeawo ava to vovo gbaɖegbea? Nukae hiã hafi nɔnɔmea natrɔ? Nyati eve siwo gbɔna la adzro biabia mawo me.
[Aɖaka / Nɔnɔmetata si le axa 11]
Amekawoe Kpea Fu Wu?
“Nyɔnuwoe wɔa xexeame ƒe dɔwo ƒe akpa evelia ne womã dɔawo ɖe akpa etɔ̃ me. Woawoe dea Afrika kple Asia ƒe nuɖuɖu ƒe akpa 60 vaseɖe 80 lia le alafa ɖesiaɖe me kple Latin Amerika ƒe nuɖuɖu ƒe akpa 40 lia le alafa ɖesiaɖe me ƒe agble. Gake xexeame ƒe ga ƒe akpa ewolia koe woɖuna eye xexeame ƒe nunɔamesi siwo le wo si la mede alafa memamã ɖeka o. Wole xexeame ƒe hiãtɔwo kekeake dome.”—May You Be the Mother of Hundred Sons, si Elisabeth Bumiller ŋlɔ.
“Nya lae nye be nyɔnuviwo medea suku [le xexeame ƒe akpa aɖewo] o le tsinono ƒe anyimanɔmanɔ ta. . . . Mekpɔ nyɔnuvi ƒewuivi geɖe wozɔna kilometa blaeve eye ɣeaɖewoɣi la kilometa blaetɔ̃ yina ɖakua tsinono, esi xɔa ŋkeke bliboa katã. Kaka nyɔnuvi siawo naxɔ ƒe wuiene alo wuiatɔ̃ la, . . . womede suku kpɔ o, eye womesrɔ̃ naneke hã kpɔ o.”—Jacques-Yves Cousteau, The Unesco Courier, November 1991.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
MeIe be nàɖe mɔ woatsɔ gbɔdɔdɔ anɔ fu ɖemee na wò o