AIDS Aleke Enu Awɔ Atsi?
“MEKA ÐE EDZI bliboe be míakpɔ dɔa nu tsitsi ƒe atike aɖe le ƒe siawo me kokoko.”—Jorg Eichberg, si nye abɔtasisinumekuha ƒe amegã le Wyeth Ayerst ƒe Numekuƒe le Philadelphia, U.S.A.
Wò ya tsɔe be woke ɖe atike alo abi si woatsɔ atsi AIDS nui la ŋu. Aleke gbegbe ema avivi ame nu enye si! Ðikeke aɖeke mele eme o be atike ma ƒomevi didi nɔ susu me vevie na AIDS ŋuti nunyala 9,000 siwo wɔ takpekpe le Florence, Italia, le ƒe si va yi me si ƒe tanyae nye “Dzɔdzɔmeŋutinunya Kpe Aʋa Kple AIDS.”
Esi wònye AIDS dɔa le ame 10 ɖesiaɖe dometɔ 9 lém le dukɔ madeŋgɔwo me fifia ta la, wole atike si atsi dɔa nu la dim vevie. Gake magazine si nye New Scientist gblɔ be edze abe ɖe Florence-takpekpea valawo dometɔ geɖewo “ƒe dzi tsitsi ɖe dɔa ŋu yi to” ene. Magazine la gblɔ be “ɖewohĩ” afɔkua keke ta ale gbegbe be “ɖeko” ame geɖewo “ŋe aɖaba ƒu kuxia dzi.”
Nya sesẽ si fɔ ɖe te enye be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dze ŋgɔ nyabiabia geɖewo wu ŋuɖoɖowo. New Scientist ɖe nu me be “togbɔ be dɔlékuiwo ŋuti nunyalawo kple ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete ŋuti nunyalawo zã ƒe 10 tsɔ ku dɔvɔ̃a mee hã Ia, kuxi siwo wodze ŋgɔe la nya dri ɣesiaɣi kloe.” Britania AIDS ƒe atikewɔla Ian Weller xlɔ̃ nu be: “Dɔlélenutsitsi ƒe atike si ŋu ŋusẽ Ie kpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke kura mele dzedzem o.”
Gake ne woke ɖe atike si woatsɔ atsi AIDS nui ŋu hã la, ɖe wòanɔ anyi asu na amewoa? Ðk. Dennis Sifris, si nye atikewɔla si ŋutɔ kpɔ alesi dɔ wɔwɔ le Afrika le ŋutɔŋutɔ teƒe la ɖe nu me be: “Míekpɔ yɔmekpetike si wɔa dɔ nyuie wu eyata le dɔdada me la, ɖe wòle be yɔmekpe natsrɔ̃ ɖa hafi [abe alesi wòle le] agbaɣi kple Aklãdɔléle B tɔ gome ene. Gake dɔléle etɔ̃ siawoe . . . wua ame wu ɖesiaɖe le Afrika egbea. Eyata ne woke ɖe AIDS ƒe atike ŋu gɔ̃ hã la, alesi wòawɔ aɖo amewo gbɔ anye kuxi sesẽ aɖe.”
Esi wònye eƒe gbedada ƒe mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli o ta la, tiatia si wòle be Afrika nawɔ koe nye be wòaƒoe ɖe amewo nu be woatrɔ woƒe gbɔdɔdɔ ƒe nɔnɔme. Gake nyabiabia lae nye—to mɔ ka dzi?
Alesi Wole Nu Wɔm ɖe Eŋui
Alesi wole nu wɔmee be woatsɔ atsi AIDS nue nye alesi wole kɔndɔm alo aŋekotoku gbogbowo nana amewo dzii. Wonaa ʋukulawo faa le dewo dzi. Wonaa wo le kotokuwo me le nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Dɔdaƒewo kple atikewɔlawo dzraa miliɔn geɖewo ɖo fũ.
Togbɔ be afɔɖeɖe siawo akpɔ ŋusẽ aɖe ya ɖe AIDS ƒe takeke dzi hã la, wogahea kuxiwo vɛ kokoko—vevietɔ le Afrika. Atikewɔla Stefan van der Borght si le dɔ wɔm le Medecins Sans Frontieres le Angola ɖe nu me be ne ètsɔ kɔndɔm miliɔn etɔ̃ na la, ema nyo. Gake ema fia be ŋutsu miliɔn ɖeka kple afã koe ate ŋu adɔ nyɔnu gbɔ zi eve hafi woava vɔ.”
Azɔ hã, hekpe ɖe kuxi siwo le ɖoɖo wɔwɔ ɖe kɔndɔm mamã ŋu me ŋuti la, ŋusẽ kae kɔndɔm mamã yakayaka kpɔna ɖe agbegbegblẽnɔnɔ—si dzi koŋ AIDS to le kakam le Afrika—la dzi? Ðaseɖiɖiwo katã ɖee fia be ɖeko afɔɖeɖe siwo katã wɔm wole la dzia gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna ɖe edzi, ke meɖea edzi kpɔtɔna o. Dziɖuɖumegãwo gɔ̃ hã va le nyateƒenya sia kpɔm dze sii. Afrika-dukɔ aɖe de se na eƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe si nye dziɖuɖua tɔ xoxo be wòadzudzɔ kɔndɔm ŋuti boblododo, elabena wodea agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzi ƒo. Agbalẽŋlɔla Keith Edelston gblɔe yi ŋgɔe le eƒe agbalẽ si nye Aids—Countdown to Doomsday me be: “Le afɔku siwo . . . le kɔndɔm zazã me ta la, eme kɔ ƒã be srɔ̃ ɖeka pɛ ko ɖeɖe eye woawɔ nuteƒe nɛ nye mɔ ɖeka kolia si dzi woato anɔ dedie bliboe.”
Gake ɖe tɔtrɔ ava srɔ̃ ɖeka ko ɖeɖe ƒe agbenɔnɔ gbɔ le srɔ̃ɖeɖe me nye tiatia si wɔa dɔ ŋutɔŋutɔa?
AIDS Nu Tsitsi
Nufialagã Reuben Sher, si nya nu tso amewo ƒe AIDS léle le Afrika ŋu gblɔ be: “Ne amewo dzudzɔ agbegbegblẽnɔnɔ la, dɔlélea nu atsi. Amesiwo ŋu wòle la aku eye dɔa avɔ.” Nenema ke nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Star si wotana Ie Johannesburg le Dziehe Afrika me tola aɖe gblɔ be “asesẽ ŋutɔ be ame aɖe si menɔa agbe gbegblẽ o alo womezã ame bubu ƒe abi ma ke nɛ alo doa ʋu o la naxɔ [HIV] dɔlékuia.”
Fifia kura gɔ̃ hã Ia, Yehowa Ðasefo siwo wu 450,000 le Afrika le asa ƒom na nusiawo wɔwɔ.Woxɔe se bliboe be agbenyuinɔnɔ si wotu ɖe Biblia dzi ɖea vi. De ŋugble le woƒe nukpɔsusuwo ŋu kpɔ: Esi wònye Wɔla, si nye Yehowa Mawue wɔ amegbetɔwo ta la, ekema nunya le eme be edze be woalé ŋku ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋuti se siwo nu amegbetɔwo anɔ agbe ɖo la ŋu. Gɔmeɖose si woŋlɔ ɖe Hebritɔwo 13:4 nye kpɔɖeŋu nyui aɖe: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o.” Le esi teƒe be amesiwo wɔ ɖe ŋɔŋlɔa mawo dzi nase le wo ɖokui me be wole vivisese tem yewo la, wokpɔ wo ɖokui ta tso ŋutilã me kple seselelãme ƒe tɔtɔ geɖe me.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 15:29; Korintotɔwo II, 7:1; Efesotɔwo 5:3-5.
Edo dzidzɔ na ame ŋutɔ be woƒo nu nyui tso Yehowa Ðasefo siwo le Afrika ƒe agbenɔnɔ ŋu zi geɖe le nyadzɔdzɔwo me: “[Woɖee] fia be . . . yewonye dukɔmevi agbenyuinɔla siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, amesiwo nɔa agbe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe se deŋgɔwo nu.” Aleae London, England ƒe Daily Telegraph gblɔ. Egblɔ kpee be: “Womebua agbegbegblẽnɔnɔ kple nyɔnu geɖe ɖeɖe siwo dzena le Afrikatɔwo ƒe agbenɔnɔ me ƒe tame le Ðasefowo dome o.” Nenema ke agbalẽ si nye Contemporary Transformations of Religion ŋlɔla si nye Bryan Wilson gblɔ be “le Afrikatɔwo dome la, Ðasefowo . . . nye amesiwo to vovo sã” eye be “dɔ si [woƒe] agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo wɔna ɖe wo dzi la ɖe dzesi ƒã le wo dome.”
Esia mele fiafiam be Yehowa Ðasefowo vo keŋkeŋ tso AIDS ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo si me o. Wo dometɔ aɖewo xɔ dɔa le srɔ̃ siwo mewɔna ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose mawo ke dzi abe woawo ene o la gbɔ, eye wo dometɔ bubuwo xɔ dɔa hafi va zu Ðasefowo. Azɔ hã wo dometɔ ʋee aɖewo tiae be yewoagbugbɔ ayi egbexexea ƒe agbe blibaa nɔnɔ me, eye amesiawo dometɔ ʋee aɖewo xɔ AIDS abe woƒe agbenɔnɔ ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe ene. (Galatiatɔwo 6:7) Gake amesiwo ɖonɛ koŋ yia edzi nɔa agbe gbegblẽ hã bu woƒe Kristo-hamea me nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ la. (Korintotɔwo I, 5:13; 6:9,10) Gake ŋutilã, seselelãme, kple gbɔgbɔ me lãmesẽ si tsoa wɔwɔ ɖe Wɔla la ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo dzi me la le Yehowa Ðasefo miliɔn ene kple vɔ siwo le xexeame katã ƒe akpa gãtɔ si.
Dzidzɔtɔe la, Biblia la ɖee fia be dɔvɔ̃wo abe AIDS ene gbɔkpɔnu mavɔ aɖe tu aƒe. (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Yehowa Mawu do xexe yeye aɖe si me dɔlélewo katã abe AIDS ene, siwo agbegbegblẽnɔnɔ hena vɛ ƒe ɖeke kura manɔ o ƒe ŋugbe. Ame aɖeke manɔ anyi si axɔ dɔa le ame bubu ƒe nuwɔna ta o, elabena amesiame anɔ agbe dzɔdzɔe si me lãmesẽ le, esi nana wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ.—Yesaya 11:9; Petro II, 3:13.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
“Mehiã be míazã ga biliɔn geɖe ɖe numekuku kple ŋgɔyiyi ŋu o . . . Ehiã be míatrɔ ava agbenyuinɔnɔ gbɔ.”—Ðk. Mark Hendricks, Dziehe Afrikatɔ ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ŋuti nunyala.
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Srɔ̃ ɖeka pɛ ko ɖeɖe nye mɔ vevi aɖe si dzi woato aƒo asa na AIDS dɔvɔ̃a
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Mawu do xexe yeye aɖe si me dɔlélewo abe AIDS ene ƒe ɖeke kura manɔ o ŋugbe