AIDS le Afrika—Nuxlɔ̃mee Wònye na Xexeame Katã!
NE ÈÐOA ahiãvi 1 ƒe sia ƒe hena ƒe 6, eye wò ahiãviwo katã hã wɔa nenema la,ekema àdɔ kple ame 45 000 kloe.”Akɔnta bɔbɔe sia si Ðk. K. E. Sapire bu, si woyɔ ɖe Dziehe Afrika ƒe magazine si nye Continuing Medical Education me la ɖe alesi gbegbe agbegbegblẽnɔlawo ate ŋu axɔ AlDS bɔbɔe la fia.
Ke nukatae woahe susu ayi Afrika dzii?
Elabena nusi le dzɔdzɔm le afima nye nuxɔxlɔ̃ na xexeame katã. Menye Afrika koe agbegbegblẽnɔnɔ yakayaka xɔ aƒe ɖo o. Xexeame katã ƒe nue wònye. AlDS ŋuti nunyala Ðk. Denis Sifris gblɔ be: “Mlɔeba la, amesiame si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro le le xexeame si dɔa amesiwo wu ɖeka gbɔ la ate ŋu axɔ dɔa.” Nenema ke magazine si nye U.S.News & World Report gblɔ be le egbegbe dzidzenuwo nu la, “srɔ̃ɖeɖe menye ŋutsu ƒe dɔdɔ kple nyɔnu—alo anukwareɖiɖi na ame srɔ̃ ƒe kpeɖodzi o —eye eyata takpɔkpɔ blibo aɖeke meli le AIDS gome o.”
Eyata susu nyuiwo tae magazine si nye African Affairs xlɔ̃ nu ɖo be: “Dɔa ate ŋu alé amewo le teƒe bubuwo hã.” Ðaseɖiɖiwo katã ɖee fia be xaxa si me Afrika ɖo la le dzɔdzɔm xoxo le xexeame ƒe akpa bubu geɖe.
Newsweek magazine ka nya ta be le kpɔɖeŋu me le Brazil Ia, “ŋutsu gbogbo aɖewo siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi siwo dɔna kple nyɔnu bubuwo la xɔ AlDS tso woƒe ahiãvi siwo ŋu dɔa le la ŋu.” Dukɔ ma ƒe lãmesẽdɔdzikpɔha bu akɔnta be fifia kura gɔ̃ hã ame akpe alafa atɔ̃ nye amesiwo ŋu HlV dɔlékuia le. Ðk. Carlos Alberto Morais de Sá, si nye AIDS numekuha ƒe amegã le Rio de Janeiro ƒe Gaffrée e Guinle ƒe Yunivɛsiti ƒe Kɔdzi gblɔ be: “Ne míewɔ naneke tso eŋu o la, míadze ŋgɔ lãmesẽmefɔku.”
United States hã ɖo afɔku me. Time magazine kɔ nya la be: “Togbɔ be ŋutsu siwo dɔna kple nyɔnu bubuwo ƒe agbɔsɔsɔ si xɔ dɔa le sue ŋutɔ hã la, edzi ɖe edzi ɖo eme 40 le alafa ɖesiaɖe me le ƒe si va yi [1990] me kaba wu nu bubu ɖesiaɖe.” Le kwasiɖa si woɖee gblɔ be lãmesẽfefewɔla xɔŋkɔ Magic Johnson xɔ AIDS to dɔdɔ kple nyɔnu bubu me vɔ megbe la, atikewɔƒewo ƒe telefonkawo dzi yɔ fũ kple amesiwo vɔvɔ̃ ɖo siwo le dɔlélea ŋu nya geɖewo biam la ƒe kaƒoƒowo.
Nɔnɔme siwo le Asia hã ɖee fia be afɔku aɖe dzɔ gbɔna. Amesiwo le anyigba ƒe akpa ma siwo ƒe ɖeke kloe ŋu HlV dɔlékui mele o le ƒe 1988 me dometɔ siwo va xɔa dɔa dzi ɖe edzi ɖo miliɔn ɖeka egbea! Ðk.Jim McDermott, si gbɔ va ka nya ta le esi wodɔe ɖo ɖe Asia be wòayi aɖaku nu me vɔ megbe la gblɔ ɖi be: “Ne wotsɔe sɔ kple wo nɔewo la, awɔ abe afisi dɔa keke ta ɖo le Afrika mede ŋgɔ boo o ene.” Egblɔ kpee be: “Asia anye teƒe si ame gbogbo aɖewo axɔ xexeame katã ƒe Aids dɔvɔ̃a le.”
Agbagba dzedze be woabu fɔ anyigbagã alo dukɔ aɖe koŋ be afimae AlDS dzɔ tso, eye eyae le ekakam nye nusi me nunya manɔ o eye wòanye nu dzodzro. Ðk. June Osborn, si nye Dukɔa ƒe Lãmesẽsuku si le Michigan, U.S.A. ƒe Yunivɛsiti ƒe amegã gblɔe kã be: “Menye amesi nènye ye o, ke boŋ nusi nèwɔna ŋue wòku ɖo.”
Ðe AlDS ayi edzi anɔ nu gblẽm le afisiafia? Ðe egbɔkpɔnu aɖe lia, alo ɖe AlDS aɖe Afrika-nyigbagã ƒe nuto gãwo me nɔlawo kple xexeame ƒe akpa bubu nɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ mlɔeba?
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]
WHO photo by H. Anenden; background: NASA photo