Aids Le Afrika—Fɔbubu Ka Gbegbee Le Kristodukɔa Dzi?
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Afrika gbɔ
Nya “Kristodukɔ” si míeyɔ le nyati sia me fia amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, esi to vovo na Kristotɔnyenye si le Biblia me.
Kristodukɔ
“Xexeame ƒe akpa siwo ameawo ƒe akpa gãtɔ gblɔna le be Kristotɔwoe yewonye.”—Webster’s New World Dictionary.
AIDS
“Dɔlélenutsitsiŋutete si meganɔa lãmenugbagbevi siwo le ŋutilã me si o ƒe dɔxɔleameŋu.”—Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary.
AIDS nye dɔvɔ̃ le xexeame katã. Wobu akɔnta be amesiwo ade miliɔn 17 xɔ HIV si nye dɔlékui si hea AIDS vɛ la xoxo. Eye ele kakam kabakaba ŋutɔ.
Togbɔ be woƒo nu geɖe tso atikewɔnyawo, afɔɖeɖe siwo dziɖuɖuwo wɔ, kple alesi amewo se le wo ɖokui me tso dɔvɔ̃ sia ŋui hã la, womeƒo nu boo aɖeke tso mawusubɔsubɔ me nya siwo ku ɖe eŋu la ŋuti o. Fifia ne wogblɔ be mawusubɔsubɔ kpe asi ɖe AIDS ƒe kaka ŋu la, awɔ na ame aɖewo be nya sia mele eme o. Gake ne èbu nusi dzɔ le Afrika-nyigba dzi ŋu la, màgblɔ be nya dzro aɖe koe nya sia nye o.
AIDS gblẽ nu le Afrika ŋu vevie ŋutɔ.a Ame aɖewo gblɔ be anyigba gã ma dzie amesiwo katã xɔ AIDS le xexeame dometɔ 67 le alafa me le. Amesiwo xɔ dɔ sia le Chad ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi 100 le ƒe atɔ̃ siwo va yi me. Evɔ wobu akɔnta be amesiwo ŋu dɔ sia le mamã ɖe akpa etɔ̃ me ƒe ɖeka koe wode dzesi. Xexeame Katã ƒe Gadzraɖoƒegã ka nya ta be AIDS va zu nusi le ame tsitsiwo wum le Afrika ƒe dugã geɖe me wu nu bubu ɖesiaɖe.
Mawusubɔsubɔ—Ðe Wòwɔ Akpa Aɖea?
Enye nyateƒe be womate ŋu abu fɔ Kristotɔnyenye—mawusubɔsubɔ si Yesu Kristo fia—ɖe afɔku sia ta o. Gake abe alesi míeɖe eme le ete ene la, nya “Kristodukɔ” tsi tre ɖi na anyigba siwo dzi amewo gblɔna le be Kristotɔwoe yewonye. Eye edze ƒã be Kristodukɔa kpɔ gome le eme. Menye be sɔlemehawoe he AIDS vɛ alo woawoe kaka dɔlékuia o. Ke boŋ ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe gbɔdɔdɔ koŋue na AIDS kaka le Afrika.b Eyata míate ŋu ayɔ AIDS be agbenɔnɔ me kuxi, eye esia fɔ nyabiabia ɖefuname aɖewo ɖe te le mawusubɔsubɔ ŋu. Nya lae nye be Afrika “Kristotɔnyenye” nye nusi tututu wohe tso Ɣedzeƒenyigbawo dzi vɛ. Sɔlemehakplɔlawo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewoatrɔ dzime na Afrikatɔwo ava yewo ƒe mawusubɔsubɔ me, eye wogblɔ be ahe agbenɔnɔ si nyo wu Afrikatɔwo ƒe dekɔnuwo la vɛ na wo. Ðe Kristodukɔa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ŋu na be woƒe hamevi yeyeawo ƒe agbenɔnɔ nyo wua? AIDS ƒe dɔvɔ̃a ɖee fia be agbenɔnɔ si menyo kura o boŋue wòhe vɛ.
Le kpɔɖeŋu me, bu dukɔ si nye Chad ŋu kpɔ. Le dugã ene siwo le afima me la, amewo ƒe akpa gãtɔ nye “Kristotɔwo” le wo dometɔ etɔ̃ me. Amesiwo le susɔea me ƒe akpa gãtɔ nye Moslemtɔwo. Gake “Kristotɔwo” ƒe dugã etɔ̃awo mee dɔlékuia bɔ ɖo fifia! Aleae nɔnɔmea le le anyigbagã la katã dzi. Titina kple anyigbe Afrika siwo tɔ ŋkɔ Kristotɔwo la me tɔ siwo xɔ dɔa sɔ gbɔ boo wu Dzigbe Afrikatɔ siwo ƒe akpa gãtɔ nye Moslemtɔwo.
Alesi Afrika Wɔ Va Zu “Kristotɔ”
Aleke wɔ dɔ sia kaka kabakaba nenema gbegbe le amesiwo gblɔ be Kristo yomedzelawoe yewonye la dome? Nyateƒeae nye be, togbɔ be Afrikatɔ geɖe yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo hã la, wo dometɔ ʋee aɖewo koe nɔa agbe ɖe Kristotɔnyenye ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le Biblia me la nu. Anye be mɔ si dzi Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedelawo to “trɔ dzime na” Afrikatɔwo la me tsonu tẽ enye esia.
Wotsi tre ɖe Kristodukɔa ƒe dzixɔsewo ŋu le ƒe alafa 18 kple 19 lia me. Ame geɖe srɔ̃ nu tso Biblia ŋu eye wotsi tre ɖe eŋu, si na wòva zu blema ŋutinyagbalẽ dzro aɖe si ŋu asixɔxɔ mele o le ame geɖe ƒe nukpɔsusu nu. Amewo va xɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la hã dzi se, le nunɔlawo gɔ̃ hã dome. Woƒã ɖikekewo ɖe amewo me. Amewo megaxɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo dzi se o. Le nɔnɔme sia me la, mewɔ nuku o be Kristodukɔa trɔ ɖe xexemenyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu le agbagbadzedze be “woatrɔ dzime na” Afrikatɔwo me. Sɔlemehawo ƒe mawunyadɔgbedelawo nɔ dumeviwo subɔsubɔ ƒe nyanyui gblɔm, eye wote gbe ɖe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo dzi tsɔ wu be woakpe ɖe dzimetrɔlawo ŋu be woawɔ ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi. Ðewohĩ le manyamanya me la, mawunyadɔgbedelawo kpe asi ɖe amewo ŋu be woagade bubu agbenyuinɔnɔ ƒe ɖoɖo si nɔ wo si tsã la ŋu o.
Le kpɔɖeŋu me, Afrikatɔ geɖe ƒe kɔnu ɖe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu tso blema ke. Gake gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ mebɔ o, elabena wode se ɖe ahasiwɔwɔ nu vevie le nuto geɖe me. Joseph Darnas si nye sukunufiala tsã si wonya nyuie le Chad gblɔ na Nyɔ! be hafi sɔlehawo ƒe mawunyadɔgbedelawo nava la, “wosusui be ahasiwɔwɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ.” Le esia ta “wohea to na vodalawo vevie le esi wona dua katã ɖo afɔku me ta—wowua wo zi geɖe.” Aʋatsodzixɔsee wònyea? Ẽ, gake dzixɔse siawo xe mɔ ɖe agbegbegblẽnɔnɔ nu.
Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedelawo va ɖo azɔ. Woɖe gbeƒã be srɔ̃ geɖe ɖeɖe menyo o gake womeƒoe ɖe amewo nu be woawɔ ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi o. Togbɔ be Biblia gblɔ be woaɖe matrewɔla kple ahasiwɔla matrɔdzimewo ɖa le Kristo-hamea me hã la, Kristodukɔa ƒe sɔlehawo mehea to aɖeke na vodalawo o. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Vaseɖe egbe sia la, wonya dunyahela Afrikatɔ geɖe be wonɔa agbe gbegblẽ gake wokpɔtɔ da asi ɖe wo dzi be wonye hamevi nyuiwo. Nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me mebɔ ɖe Afrikatɔ siwo yɔ wo ɖokui be Kristotɔwo la dome o.
Azɔ kpɔɖeŋu gbegblẽ si nunɔlawo ŋutɔ ɖo hã li. Le afisia si wolɔ̃a ƒome ɖoɖo anyi le la, ebɔ be woaɖe srɔ̃ eye woadzi vi fũ. Ðewohĩ esia tae Katoliko-nunɔla geɖe bui be esɔ be woagbe wɔwɔ ɖe agbenyuinɔnɔ kple srɔ̃maɖemaɖe ƒe atam si woka dzi. The New York Times, May 3, 1980 ƒe tata ka nya ta be: “Le kɔƒe geɖe me la, . . . srɔ̃ geɖe le nunɔlawo kple bisiɔpwo si.”
Nya lae nye be womedea srɔ̃ɖeɖe siawo agbalẽ me o, eye le nyateƒe me la, ahiãviwo ko “srɔ̃nyɔnu” mawo nyena. Mele be woaŋe aɖaba aƒu agbegbegblẽnɔnɔ siawo dzi be mele vevie o. Le Times ƒe nya nu la, “Katolikotɔwo ƒe nunɔla xɔŋkɔ aɖe” lɔ̃ ɖe edzi be “wobua nunɔla Afrikatɔwo be ŋusẽ le wo si, wonye amesi xɔ ɖoƒe kɔkɔ le esi teƒe be woanye Yesu Kristo ƒe subɔla.” Edze abe nya siwo “ŋusẽtɔ” siawo gblɔna enye be, “Miwɔ nya si gblɔm mele la dzi, ke migakpɔ nye nuwɔna o” ene.
Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe Modzakaɖeɖe Ge ɖe Eme
Nusi hã dzi mele be woaŋe aɖaba ƒui o enye modzakaɖeɖe siwo me gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo siwo wolɔ va kɔ ɖe Afrika le nyitsɔ laa ƒewo me. Woɖo videoɖeƒe geɖe ɖe Chad siwo mele dzikpɔkpɔ aɖeke te o be woatsɔ aɖe modzakae na amewo—woɖo wo ɖe amewo ƒe aƒewo me, le ʋudzraɖoƒewo, eye zi geɖe la, le kpɔdomewo ne zã do. Womexɔa ga boo aɖeke ɖe nusi woɖena ta o, ga sue abe francs 25 (United States ƒe sɛnt 5) ene koe woxɔna. Ðevi suewo dena. Afikae nusi woɖena la tso? Akpa gãtɔ tso United States—afisi dukɔmeviwo ƒe akpa gãtɔ gblɔ be Kristotɔwoe yewonye!
Gake ɖe Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe agbenɔnɔ si va do la kpɔ ŋusẽ aɖe ɖe nukpɔlawo dzia? Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla aɖe si le Titina Afrika ƒe 14 enye sia la gblɔ be: “Kadodo boo aɖeke mele afimatɔwo kple Ɣetoɖoƒedukɔwo dome o negbe to nusi wokpɔna le videokasɛt dzi la me ko. Wodi be yewoanɔ abe Ɣetoɖoƒetɔ siwo wokpɔna le sinimawo me ene. Nuŋlɔɖi aɖeke meli matsɔ aɖo kpe nya sia dzi o gake edze ƒã na ame geɖe siwo le afisia be modzakaɖeɖe siawo tɔgbe dea gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzi ƒo.”
Nublanuinya kae nye si wònye be esime atikewɔlawo le agbagba dzem vevie be yewoaxe mɔ ɖe dɔléle wuame sia si woxɔna to gbɔdɔdɔ me nu la, dukɔ siwo yɔa wo ɖokui Kristotɔwoe le nusiwo doa agbegbegblẽnɔnɔ si me afɔku le vevie ɖe ŋgɔ la wɔm! Esi sɔlemehawo mewɔ naneke be woatsɔ axe mɔ ɖe nusia nu le wo dedukɔa me alo le duta o ta la, Afrika-dziɖuɖu aɖewo, abe Chad kple Cameroon ene, te kpɔ be woaxe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nuwo tsɔtsɔ va dukɔa me nu alo woaɖe edzi akpɔtɔ ya teti. Gake woƒe agbagbadzedzewo medze edzi o.
Nusi do tso esiawo katã me enye agbegbegblẽnɔnɔ si bɔ ɖe Afrikatɔ “Kristotɔwo” dome. Ganyawo ƒe sesẽ hã wɔ akpa aɖe si medze gaglã o. Esi dɔwɔɖuiwo mebɔ o ta la, ehiã be ŋutsuwo nadzo le woƒe ƒomewo gbɔ ɣleti geɖe be woava di dɔ awɔ. Edze ƒã be gbolo siwo le afima ƒe asi sua ŋutsu siawo dzi. Eye gbolo siawo ŋutɔ hã nye hiãtɔwo. Dzila siwo biaa nyɔnutabianu gãwo hã ƒe asi le eme. Ŋutsu geɖe meɖe srɔ̃ o le esi womate ŋu akpɔ ga si hiã atsɔ axe nyɔnutabianuawo o ta. Eyata nusi wo dometɔ aɖewo wɔna koe nye be woaɖo ahiãviwo. Agbenɔnɔ sia kple ganyawo ƒe sesẽ wɔe be AIDS kaka kabakaba ŋutɔ.
Kuxia Gbɔ Kpɔnu
Eme kɔ be menye Kristodukɔa dzi koe woada AIDS ƒe kuxi si le Afrika ƒe agba la katã ɖo o. Gake edze ƒã nublanuitɔe be agba la ƒe akpa gã aɖe le edzi. Esia ka amesiwo di be yewoanɔ amesiwo Yesu yɔ be ‘nyateƒe tadeagulawo’ dome la vevie.—Yohanes 4:23.
Togbɔ be agba la kpɔtɔ li hã la, nukae woate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe AIDS ƒe dɔvɔ̃a nui? Afrika-dziɖuɖuwo wɔ afɔɖeɖewo ɖe mɔxexe ɖe AIDS nu ŋu eye wode kɔndɔm zazã ƒe dzi ƒo. Gake Xexeame ƒe Lãmesẽnyawo Gbɔkpɔha teƒenɔla si le Nigeria, Ðk. Samuel Brew-Graves, lɔ̃ ɖe edzi wòdze ƒã be: “Ele be ame ɖesiaɖe nanɔ agbe ɖɔʋu . . . , eye ƒomea natsri . . . gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ.”
Biblia tsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu eye wòde agbedzadzɛnɔnɔ, ɖokuidziɖuɖu, kple nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me ƒe dzi ƒo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi wova se AIDS ŋkɔ. (Lododowo 5:18-20; Korintotɔwo I, 6:18) Yehowa Ðasefo akpe alafa geɖe siwo le Afrika nye kpeɖodzi tẽ be zɔzɔ ɖe gɔmeɖose siawo dzi kpɔa ame ta tso AIDS kple gbɔdɔdɔ ƒe dɔxɔleameŋu bubuwo si me. Alesi wowɔna ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi nye nusi bua fɔ Kristodukɔa vavã. Kristotɔ vavã siawo da woƒe mɔkpɔkpɔ hã ɖe xexe yeye si gbɔna si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” dzi. (Petro II, 3:13) Le xɔsetɔwo gome la, esiae nye AIDS ƒe kuxia gbɔ kpɔnu ɖeka kolia.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim la, kpɔ nyati si nye “AIDS le Afrika—Aleke Wòava Nɔ?” le míaƒe December 8, 1992, ƒe tata me.
b Woate ŋu akaka dɔlélea hã to ʋudodo kple abi siwo wotsɔ doa atike ɖe lãme na ame la zazã kple ame bubuwo me. Kristotɔ fɔmaɖila aɖewo xɔ dɔ sia tso wo srɔ̃ siwo nɔ agbe gbegblẽ alo zã atikevɔ̃ɖi tsã la gbɔ.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 26]
“Le kɔƒe geɖe me la, . . . srɔ̃ geɖe le nunɔlawo kple bisiɔpwo si.”—The New York Times
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Kpɔɖeŋu gbegblẽ si Kristodukɔa ƒe nunɔlawo ɖo na gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dɔvɔ̃ la kaka le Afrika
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Ðeviwo kpɔa agbegbegblẽnɔnɔ ƒe modzakaɖeɖe siwo wodɔ tso dukɔ siwo nye “Kristotɔwo” me