INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 3/8 axa 15-17
  • “Mia Kple Yehowa Koe Susɔ Azɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mia Kple Yehowa Koe Susɔ Azɔ”
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Atikewɔwɔ
  • Kpekpeɖeŋu Lɔlɔ̃tɔe
  • Wozi Dzinye be Mado Ʋu
  • Nye Agbe Ðo Afɔku Me
  • Nuwo Trɔ Kpata
  • Wotsɔ Dɔdada Ʋumadomadoe Ðee tso Kudo Nu
    Nyɔ!—1993
  • Medze Ŋgɔ Atikewɔnya Vevi Aɖe
    Nyɔ!—1996
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
  • Menye Akunyawɔlawo alo Mawuwoe Míenye O
    Nyɔ!—1994
Nyɔ!—1995
g95 3/8 axa 15-17

“Mia Kple Yehowa Koe Susɔ Azɔ”

LE MAY 1991 me la, nye ŋutilã ɖee fia xoxo be nane gblẽ. Ne mezɔ alo do nye gasɔ yi didiƒe la, nye abɔwo kple afɔwo venam vevie, eye nye ƒunukpeƒeewo tena. Medze dɔ esi meyi fonye ɖeka ƒe srɔ̃ɖeƒe le July 1991 me. Emegbe meva tsi aba dzi enuenu eye nutsetse dzẽ aɖewo do ɖe mo kple ŋunye keŋ.

Danye kplɔm yi ɖɔkta aɖe gbɔe, eye wòwɔ kaba kɔm yi kɔ aɖe dzi le míaƒe aƒe gbɔ le Askim, Norway. Wokpɔe be nye aklã meganɔ dɔ wɔm nyuie o eye ʋusɔgbɔdɔ hã le ŋunye. Ʋumenu dzĩ [hemoglobin] gram 7.3 koe nɔ nye ʋu desilita ɖeka me, gake agbɔsɔsɔ si sɔe nye gram 11.5 vaseɖe 16. Woɖem yi kɔ gã aɖe dzi le ŋkeke eve megbe hedam ɖe dɔnɔxɔ tɔxɛ aɖe si me wodaa aklãdɔ le. Esi ɖɔkta la do nye ʋu kpɔ zi geɖe eye wòkpɔ nusiwo le eme vɔ la, eƒo nya ta be dɔléle si woyɔna be systemic lupus erythematosus (si hoa dɔ vovovowo abe asrã, ŋutifiame, dzivee kple bubuwo ene) ye le ŋunye, eye be nye dɔlélenutsitsiŋutete nɔ dɔlékuiwutsi tom si nɔ nu gblẽm le nye ʋukawo kple ayiku ŋu. Wodo atike si nye corticosteroids kple bubuwo nam.

Dɔlélea kple atike siwo zãm wonɔ nam dometɔ aɖewo na ʋu vɔ le lãme nam, eye ʋudodo ƒe nya va do mo ɖa. Medo ŋusẽ ɖokuinye gblɔ na wo be: “Ðasefo ɖeadzɔgbe si xɔ nyɔnyrɔ̃e menye, eye nyemaxɔ ʋu o.” (Mose I, 9:4; Dɔwɔwɔwo 15:​28, 29) Azɔ ɖɔkta la yɔ danye ɖe kpɔe, eye danye ɖe eme nɛ be míadi be woawɔ atike bubuwo nam ɖe ʋudodo teƒe. Egblɔ be yelɔ̃ be yeade bubu nye tenɔnɔa ŋu eye yeawɔ nusianu si yeate ŋui atsɔ akpe ɖe ŋunye.

Atikewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi si míexɔ emegbe gblɔ be: “Dɔnɔa tsi, eƒe susu me kɔ eye woɖe nuwo me nɛ nyuie. Eyata ehiã be woade bubu dɔnɔa ƒe nukpɔsusu ŋu.” Egagblɔ be: “Woɖoe le dɔnɔxɔ si me dɔnɔa le me be woade bubu eƒe nyametsotso be ­yemado ʋu o ŋu ne adzɔ be wòaku gɔ̃ hã.”

Atikewɔwɔ

Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, wowɔ atike vovovowo nam be woatsɔ alé avu nye ʋusɔgbɔdɔa ne woatsɔ aɖe ayiku me vevesesea dzi akpɔtɔe. Atike aɖeke mexɔm o, eye nusi dzi meɖo ŋkui ɣemaɣi koe nye be menɔ xe ɖem edziedzi. Meléa blanui vevie ɣeaɖewoɣi, eye mía kple dzinyelawo míedoa gbe ɖa zi geɖe biaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu ahado ŋusẽ mí. Le nye kɔdzi nɔnɔ ɣleti ɖeka megbe la, woɖe mɔ nam be mayi aƒeme kwasiɖanuwuwu aɖe. Emegbe esime wogaɖe asi le ŋunye zi evelia la, kpeŋui sesẽ aɖe dze dzinye eye egadze dzinye zi ene gake woawo ya mesẽ tututu o. Dɔlélea nɔ nu gblẽm le nye lãmenusese ŋu. Wogakɔm yi kɔdzi enumake.

Ðɔktawo ɖoe be yewoawɔ atike bubuwo nam. Woɖe ʋutsi le ʋua me si wɔe be woɖe dɔlékuiwutsi si nɔ nu gblẽm le nye ʋumenugbagbeviwo kple ayiku ŋu ɖa. Wodo Ringer’s solution (atike aɖe si me ŋutilãnyinu vovovowo le) kple albumin nam. Medzro gbedamɔnu sia me kple ɖɔktaawo eye meŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe mɔ na wo be woazãe.a Togbɔ be wowɔ atike sia nam hã la, dɔa ganyra. Meɖe mɔ na wo be woado immunoglobulin hã nam, gake womedoe nam ɣemaɣi o.b

Nye ayiku ƒe dɔwɔwɔ ɖiɖi ŋutɔ. Nye ʋumenu si nye serum creatinine dzi ɖe edzi va ɖo 682, gake esi sɔe nye 55 vaseɖe 110. Ʋusɔgbɔdɔa gaho, eye nye ʋumenugbagbevi dzĩwo kpɔtɔ nɔ gram 5 kple 6 domee le ʋu dzidzenu desilita ɖeka ɖesiaɖe me. Gbeɖeka ʋumenu si woyɔna be platelet 17,000 nɔ ʋu dzidzenu milimeta ɖeka me (agbɔsɔsɔ si sɔe nye 150,000 vaseɖe 450,000), si ana ʋu nado le ŋunye fũ. Dzidzɔtɔe la, ʋumenuawo va dzi ɖe edzi enumake. Eyi dzi va ɖo 31,000 le ŋufɔke, eye wònɔ dzidzim ɖe edzi nenema.

Kpekpeɖeŋu Lɔlɔ̃tɔe

Seƒoƒo, lɛta, gbedonamegbalẽ, kple telefon kaƒoƒo gbogbo siwo mexɔ tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ lɔlɔ̃tɔwo gbɔ le Norway katã wɔ dɔ ɖe kɔdzidɔwɔlawo dzi vevie. Wotsi yaa alesi wɔ xɔlɔ̃wo sɔ gbɔ ɖe ƒe 18 vi si nenema gbegbe. Esia ʋu mɔ na mí be míaƒo nu tso míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ kple Yehowa ƒe habɔbɔ si lɔ̃a mí ŋu na wo.​—⁠Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:​3, 4.

Ɣemaɣi Yehowa Ðasefowo ƒe Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti nɔ dɔ dzi vevie be woase nya geɖe tso lupus-dɔlélea dada ŋu aɖo ɖe mí. Alɔdzedɔwɔƒe si le Norway ɖo nyati aɖe si woɖe tso atikewɔgbalẽ aɖe si wota le Japan me ɖe mí. Eƒo nu tso ɖetugbi eve siwo ŋu lupus erythematosus sesẽ aɖe nɔ ŋu, si me wodo immunoglobulin na wo le​—⁠exɔ wo nyuie. Esi dzinyelawo kpe kple ɖɔktaawo la, wogblɔ na wo be woaxlẽ nyatia akpɔ be ate ŋu akpe ɖe ŋunye hã. Ðɔktaawo ƒe susu mesɔ le nusi woawɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, wotsi dzi vevie be womegblɔ nusiwo immunoglobulin tsɔtsɔ da dɔe agblẽ o.

Wozi Dzinye be Mado Ʋu

Wosikam ɖe kɔdzi kwasiɖa enyi kloe enye ma. Dɔme ɖum vevie zã aɖe me, eye ʋu ɖuɖu ɖe dɔme nam mede ɖe afɔdzi me. Wona nyanya amekola aɖe. Ebe ele be woado ʋu nam ahawɔ dɔ nam enumake ne menye nenema o la maku le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe. Amekola sia gblɔ na danye si nɔ gbɔnye le kɔa dzi be wòable nunye mado ʋu alo woatsɔ nya ɖe eŋu be eyae wum ne edzɔ be meku. Nya sia ku dzi nam ŋutɔ elabena nye ŋutɔe tso nya me be nyemado ʋu o.

Ðɔktaawo di be yewoaƒo nu kplim anya ne nye ŋutɔe tso nya me nenema, kple ne menya nusiwo adzɔ ne nyemedo ʋu o. Le aɖabaƒoƒo 15 megbe la, wokpɔe azɔ be nyematrɔ susu o. Womegawɔ dɔ nam o ke boŋ wodo dɔlékuiwutikewo nam be wòawɔ avu kple dɔlélea.

Le September 30 dzi, ŋkeke eveagbe esi melé nya la kpɔ kple ɖɔktaawo megbe la, nye ʋumenu dzĩawo ɖiɖi tso 6.5 va 3.5. Wokɔm yi afisi wowɔa atike na ame le etɔxɛe. Megbɔdzɔ ale gbegbe be ehiã be woagbɔ oxygen ɖe lãme nam. Togbɔ be menɔ ame me vie le ɣeyiɣi sesẽ siawo katã me hã la, nyemete ŋu ɖo ŋku naneke dzi o. Eyata nye ƒomea kple Kristotɔ hamemegã eve woe gblɔ nusiwo dzɔ le ŋkeke ʋee siwo kplɔe ɖo me nam emegbe.

Nye Agbe Ðo Afɔku Me

Fifia ɖɔktawo lɔ̃ be yewoado immu­noglobulin nam to ʋukawo me. Tso October 9 vaseɖe 11 dzi la, wodoa immunoglobulin gram ade nam gbesiagbe. Nyemete ŋu léa nye aɖuɖɔ kple afɔdzi o, eye dɔnɔdzikpɔlawo nɔ abadzivɔa ɖɔlim ɣesiaɣi. Nye ʋumenu dzĩawo ganɔ ɖiɖim. Atike ŋuti nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ɣesiɣi ʋu vɔ le lãme nɛ wue nye esi wòɖo dzeside 1.4, emegbe egade ʋu ɖe afɔdzi me eye wotso nya me be yewomagadzidze eƒe ʋu o. Fifia ya la, eɖo kudonu kura.”

Mɔkpɔkpɔ bu ɖe ɖɔktawo azɔ be nyemahaya o, eye wogblɔ be ne metsi agbe hã la, nu agblẽ le nye susu ŋu alo ɖewohĩ nye lãme atu. Woka ɖe edzi ale gbegbe be naneke meli woawɔ o ale be le October 12 dzi la, wotso nya me be woadzudzɔ atike ɖesiaɖe wɔwɔ nam eye woanɔ tsi ko dom nam. Fofonye si dea dzi ƒo nam ɣesiaɣi be mado ŋusẽ nu la bɔbɔ nɔ gbɔnye henɔ gbɔgblɔm be: “Mia kple Yehowa koe susɔ azɔ.”

Hamea me tɔ aɖe nɔa nye ƒomea ŋu le gbɔnye ɣesiaɣi le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Le October 12 ƒe Memleɖa fiẽ la, ame aɖeke mebui be ŋu ake ɖe Mia dzi o. Gake ŋu ke ɖe edzi le Kwasiɖagbe. Le ŋdɔ me la, eƒe gbɔgbɔ tsi dzi eye mí katã míekpɔe be evɔ nɛ vɔ. Ƒome bliboa ƒo xlã eƒe aba. Egbɔ yi eme ʋĩ, eye le nusi dze abe ɖe gbɔgbɔa nu tso ene megbe la, egbɔ fũ. Edzilawo se veve helĩhelĩ si dzilawo ate ŋu ase​—⁠wonɔ wo vi lɔlɔ̃a kpɔm wònɔ kukum vivivi. Fofoa gblɔ be ele be mí katã míado gbe ɖa na Yehowa. Míedo dalĩ emegbe henɔ mɔ kpɔm be Mia magakpe fu eteƒe nadidi o.

“Gake Mia meku o. Ðɔktaawo kple dɔnɔdzikpɔlaawo mekpɔ nusia tɔgbe kpɔ o​—⁠ʋu navɔ le ame ƒe lãme nenema eye wòaganɔ agbe. Ʋu dzudzɔ ɖuɖu le eŋu, eyata eƒe dɔlélea megasẽ ɖe edzi o. Kwasiɖagbe zã va yi, eye Mia gale agbe ko.”

Nuwo Trɔ Kpata

Ðɔkta ɖeka va gbɔnye le Dzoɖa October 14 ƒe ŋdi me. Menɔ akɔlɔ̃e dɔm eye nyemeɖo ŋku nusi dzɔ dzi o. Ðɔkta la tsi tre ɖe nye aba gbɔ, eye danye gblɔ be: “Ðɔkta va be yeado gbe na wò.” Meɖo eŋu wòɖi be “hello.” Mebui o eye ewɔ nuku nɛ hewɔ dɔ ɖe edzi.

Naneke megblẽ le nye susu ŋu o, eye nyemetu o. Wodo erythropoietin, kple iron dextran ɖe nye lãmeka me tsɔ kpe ɖe immunoglobulin dodo eve ŋu gbesiagbe. Nye lãme va nɔ sesẽm ʋeʋeʋe. Le October 16 dzi la, ʋumenu dzĩawo dzi ɖe edzi va ɖo dzeside 2.6 eye le ŋkeke 17 lia dzi la, eɖo 3.0. Nye lãme nɔ kɔkɔm ɖe edzi. Woɖem le kɔdzi le November 12 lia dzi eye ʋumenu dzĩawo sɔ gbɔ va ɖo dzeside 8.0.

Míenya nusi tututu na nye lãmenugbagbevi dzĩwo ƒe tsɔtsrɔ̃ tɔ, alo nusita ʋu va ɖo lãme nam kabakaba nenema gbegbe o. Edze ƒã be atike siwo nye immunoglobulin, erythropoietin, kple iron dextran si wodo nam wɔ akpa vevi aɖe. Le May 1992 ƒe gɔmedzedze la, ʋu ɖo lãme nam ɖo dzeside 12.3 si sɔ nu eye wòtsi nenema.

Fifia wole atike wɔm nam vevie be woalé nye dɔlélea nu, eye mele lãmesẽ me. Meɖe hati Kristotɔ aɖe le November 28, 1992 dzi eye míele Yehowa subɔm ɖekae. Nye dɔlélea kple wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe ʋu ŋuti sea dzi tem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Fifia mele mɔ kpɔm be matsɔ nye ŋusẽ katã asubɔe yi ɖe mavɔmavɔ me.—Abe alesi Mia Biørndal gblɔe ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Woyɔa gbedamɔnu sia be plasmapheresis eye ebia be woana ʋua nasi to mɔ̃ me. Wogblẽe ɖe amesiame si be wòanɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi atso nya me ne alɔ̃ awɔe alo malɔ̃ o, abe alesi wodzro eme le Gbetakpɔxɔ, March 1, 1989, Eŋlisigbe me tɔ ƒe axa 30 kple 31 me ene.

b Abe alesi wodzro eme le Gbetakpɔxɔ, June 1, 1990, axa 30 kple 31 ene la, amesiame anɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi atso nya me ne azã immunoglobulin, si me ʋumenu sue aɖe le alo malɔ̃ o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe