INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 7/8 axa 13-17
  • Nudzodzoe Siwo Hea Ku Vɛ na Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nudzodzoe Siwo Hea Ku Vɛ na Ame
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Futɔ la Didi le Dzigbɔɖi Me
  • Asrãdɔ ƒe Nugbegblẽ
  • Aʋahoho be Woatsɔ Aɖu Edzii
  • Aʋawɔnu Yeyewo
  • Aʋahoho ɖe Eŋu si Wonɔ Mɔ Kpɔm be Adze Edzi
  • Asrãdɔ la Ganyrã Ake
  • Asrãdɔ—Nu Si Wòle Be Nànya Tso Eŋu
    Nyɔ!—2015
  • Wotrɔ Ðe Dɔdamɔnu Gbãtɔwo Ŋu be Woatsi A Srãnu
    Nyɔ!—1997
  • Xexe Si Me Dɔléle Manɔ O
    Nyɔ!—2004
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 7/8 axa 13-17

Nudzodzoe Siwo Hea Ku Vɛ na Ame

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ

Menye aʋawɔwɔ aɖe si ŋu nya ɖi hoo le nyadzɔdzɔgbalẽwo me o; gake ame miliɔn gbogbo aɖewo tsi eme. Menye aʋa aɖe si wowɔ kple bɔmbwo kple tukpewo o; gake ne wobu nuxaxa siwo wòhe vɛ kple amesiwo tsi eme ŋu la, esɔ kple amesiwo tsi aʋa siwo wowɔ kple aʋawɔnuwo alo eƒo wo ta gɔ hã.Le aʋawɔwɔ sia me la, menye futɔwo ƒe aʋawɔʋu siwo me wode bɔmbwoe dzie kua to vana o, ke boŋ to munɔe ƒe aʋalawo mee.

Zã tsi; ƒomea me tɔwo katã mlɔ anyi. Mũ aɖe si nɔ aʋala ƒom zi 200 vaseɖe 500 le aɖabaƒoƒo ɖeka me la dzo ge ɖe xɔdɔmea me. Ele ameʋu dim be yeano. Edze ɖe ŋutsuvi aɖe ƒe abɔ ŋu dzaa. Esi wònye eƒe kpekpeme koe nye gram 3/1,000 ta la, ŋutsuvia menyɔ o. Emegbe edidi eƒe dɔ tsũe si nu ɖa abe ŋu ene la eye wòtsɔe ƒo ɖe ŋutsuvia ƒe ŋutilã me wòto eƒe ʋukavi aɖe me. Ʋuyɔnu eve le eƒe tame si wòtsɔ yɔ eƒe ʋui. Le ɣeyiɣi ma ke me la, asrã ƒe lãviwo toa mũa ƒe numetsi me gena ɖe ŋutsuvia ƒe ʋu me. Ewɔ dɔ na ŋutsuvia vɔ keŋ nye ma; ŋutsuvia mese naneke o. Mũa dzo hedzo, eye ʋua na be wòlolo ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, ŋutsuvia dze dɔ de kuku ge kloe. Asrã lée.

Enye nusi dzɔna nenema zi gbɔ zi miliɔn akpe geɖe. Nusi wòhena vɛ nyea fukpekpe kple ame gbogbo aɖewo ƒe kuku. Ðikeke mele eme o be ameƒomea ƒe futɔ ŋutasẽla si menaa ta o ye asrãdɔ nye.

Futɔ la Didi le Dzigbɔɖi Me

Menye dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ siwo le Europa lae ke ɖe aʋahoho ɖe asrãdɔ ŋu ƒe nu gã siwo wokpɔ la ŋuti o, ke boŋ Britaniatɔwo ƒe Aʋakɔ ƒe amekola si nɔ India ye. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple atikewɔlawo nɔ te ɖe nukpɔsusu si nɔ anyi le ƒe akpe eve siwo va yi me dzi susui be ya ʋeʋẽ si le yame gbɔgbɔe nana woxɔa dɔ la.a Le nusi to vovo nɛ me la, Ðk. Ronald Ross xɔe se be muwoe kakaa dɔ la ɖe amewo dome. Esi wova nya be asrãdɔ ƒe lãvi gena ɖe amegbetɔ ƒe ʋu me vɔ megbe gɔ̃ hã la, numekulawo yi edzi nɔ eƒe kpeɖodziwo dim le yame kple afisiwo tsi le. Le ɣeyiɣi ma me la, Ross ya yi edzi nɔ ŋku lém ɖe muwo ƒe dɔme.

Esi wònye blema nudokpɔmɔ̃ tsɛwo koe nɔ esi wòtsɔ wɔa dɔe ta la, muwo ƒe dɔme kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Esi Ross nɔ numekukua wɔm la, mu gbogbo aɖewo ƒo xlãe, eye egblɔ be yewoɖoe kplikpaa be yewoabia hlɔ̃ wo “ɖe yewo xɔlɔ̃wo ƒe ku ta.”

Mlɔeba le ƒe 1897 ƒe August 16 lia dzi la, Ross kpɔ nugbagbevi suesue nogoenogoe siwo tsi le zã ɖeka me la le mu siwo woyɔna be anopheles ƒe dɔme. Asrã ƒe lãviwoe!

Esi dzi dzɔ Ross ŋutɔ ta la, eŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ me be yeke ɖe nu ɣaɣla si axɔ “ame akpe geɖewo” ɖe agbe la ŋu. Eŋlɔ mawunyakpukpui aɖe hã tso Biblia ƒe agbalẽ si nye Korintotɔwo me be: “Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le?”—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:55.

Asrãdɔ ƒe Nugbegblẽ

Nusi ŋu Ross ke ɖo la nye ŋgɔyiyi gã aɖe le aʋahoho ɖe asrãdɔ ŋu me, esi nye nusi ʋu mɔ na amegbetɔwo ƒe aʋahoho gbãtɔ ɖe dɔlélea kple nudzodzoevi si kakanɛ la ŋu.

Le ŋutinya ƒe akpa gãtɔ me la, asrãdɔ wu ame gbogbo aɖewo ɣeyiɣi didi. Egiptetɔwo ƒe nutata siwo wotsɔna ŋlɔa nui kple woƒe aƒlagbalẽwo (papari) ɖo kpe asrãdɔa ƒe amewuwu ƒe 1,500 do ŋgɔ na Kristo ƒe anyigba dzi vava la dzi. Egblẽ nu le blema Hela balimedu dzeaniwo ŋu eye wòwu Aleksanda Gãtɔ le eƒe ɖekakpuime. Etsrɔ̃ Roma-duwo eye wòna kesinɔtɔwo ʋu yi tonyigbawo dzi. Le Atitsogaʋawo, Amerikatɔwo ƒe Dukɔmeviʋa, kple xexemeʋa eveawo me la, ewu ame gbogbo aɖewo wu aʋa ga bubu geɖewo.

Le Afrika la, asrãdɔ wɔe be wotsɔ ŋkɔ na Ɣetoɖoƒe Afrika be “Yevuwo ƒe Yɔdo.” Le nyateƒe me la, dɔlélea xe mɔ na Europatɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoaɖu Afrika dzi ale gbegbe be Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe yunivɛsitiwo dometɔ ɖeka gblɔ be muwo nye dukɔ me aʋadziɖula xɔŋkɔ! Le Titina Amerika la, asrãdɔ xe mɔ na Franseawo ƒe agbagbadzedze be yewoatu Panama ƒe Tsimɔ la. Wogblɔ be esi wonɔ Mamoré-Madeira ƒe ketekemɔ dom le Brazil le Dziehe Amerika la, asrãdɔ wu amewo le ketekegakpo ɖesiaɖe ɖoɖo me.

Aʋahoho be Woatsɔ Aɖu Edzii

Aʋahoho ɖe muwo ŋu yi edzi ƒe akpe geɖe, gake womenya be asrãdɔ ŋue yewole ehom ɖo o. Le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. me la, Egiptetɔwo zãa ati si nye Balanites wilsoniana ƒe ami tsɔ wɔa munyatikee. Le ƒe akpe ɖeka megbe la, Herodotus ŋlɔe be Egiptetɔ tɔƒodelawo doa mudɔwo ɖe woƒe abawo dzi le zã me be yewoatsɔ anyã muawoe. Le ƒe alafa 17 megbe la, Marco Polo ka nya ta be kesinɔtɔ siwo nɔ India la mlɔa aba siwo ŋu wotɔ avɔ tsɔ ƒo xlãe si woate ŋu atu le zã me la dzi.

Le teƒe bubuwo la, woke ɖe dzɔdzɔmetike siwo ŋu gbedaŋusẽ vavã le la ŋu. Wote ŋu tsɔ numiemie si woyɔna be qinghaosu, si nye amatsi si wogbugbɔ gafɔ le ƒe ʋee siwo va yi me la da asrãdɔe le China ƒe 2,000 kple edzivɔ sɔŋ. Le Dziehe Amerika la, Peru Indiatɔwo zã ati si woyɔna be cinchona ƒe akpa. Le ƒe alafa 17 lia me la, wotsɔ cinchona va Europae, eye le ƒe 1820 me la, Paristɔ atikewɔla eve ɖe tsi veve aɖe si woyɔna be quinine le eme.

Aʋawɔnu Yeyewo

Womeva nɔ gbedaŋusẽ si le quinine ŋu le mɔxexe ɖe asrãdɔ nu kple edada me kpɔm nɔ si dzemee o, gake esi wova kpɔe dze sii la, eva zu atike si womeƒoa asii o ƒe alafa geɖe. Emegbe le xexemeʋa evelia ƒe gɔmedzedze me la, Japan-srafowo va xɔ cinchona-gble vevi siwo le Ɣedzeƒe Ʋĩ la sesẽe. Quinine si va nɔ vevem vevie le United States le ema ta la na woku nu me vevie be woawɔ asrãtike si atso nu bubuwo me ke menye gbe nyanyɛ tɔ o. Nusi do tso emee nye chloroquine si wowɔ, si megblẽa nu le ame ŋu o, si daa dɔ nyuie eye ewɔwɔ megblẽa ga fũ o.

Eteƒe medidi hafi chloroquine va zu aʋawɔnu vevi aɖe si wotsɔ nɔ aʋa wɔm kple asrãdɔa o. Woto nudzodzoewutike sẽŋu aɖe si nye DDT hã vɛ le ƒe 1940 me, si wotsɔ wua muwoe. Togbɔ be DDT fia dichlorodiphenyltrichloroethane si atikewɔlawo yɔna nɛ hã la, Eŋlisigbedola geɖewo tsɔa nya siwo nye drop dead twice (nu wuwu zi gbɔ zi eve,” si kpena ɖe ame ŋu wòɖoa ŋku eyɔyɔ dzi la ɖoa ŋku ŋɔŋlɔdzesiawo dzii, elabena menye ɣeyiɣi si me wowu DDT la koe wòwua muwo o, ke boŋ emegbe eƒe aɖi si susɔ ɖe gli siwo ŋu wowui ɖo la wua nudzodzoeviwo.b

Aʋahoho ɖe Eŋu si Wonɔ Mɔ Kpɔm be Adze Edzi

Le xexemeʋa evelia megbe la, dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo tsɔ DDT kple chloroquine bla aʋakpae la wɔ ɖoɖo be yewoaho ɖe asrãdɔ kple muwo ŋu le xexeame katã. Woawɔ aʋa la le go eve me—woatsɔ atikewo awu asrãdɔ ƒe lãvi siwo le lãme na ame, eye woatsɔ nudzodzoewutikewo wuwu ɖe teƒe geɖewo atsrɔ̃ muawoe.

Tame si woɖo ɖe esia ŋue nye be woatsɔ aɖu edzi gbidii. Ele be woatsrɔ̃ asrãdɔa ɖa kura. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ si woɖo yeyee si tsɔ etsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ ƒe ɖoɖo wɔ eƒe taɖodzinu vevi lae le ŋgɔ le aʋahoho ɖe eŋu me. Wotsɔ ga do alɔ etsɔtsrɔ̃ ɖa ƒe tameɖoɖo kplikpaa lae. Tso ƒe 1957 vaseɖe ƒe 1967 me la, dukɔwo zã dɔlar biliɔn 1.4 tsɔ ho aʋa ɖe eŋui le xexeame katã. Nusiwo do tso eme le gɔmedzedzea me la ɖe dzesi ŋutɔ. Woɖu dɔlélea dzi le Europa, Anyiehe Amerika, Soviet Union, Australia, kple Dziehe Amerika ƒe dukɔ aɖewo me. Nufialagã L. J. Bruce-Chwatt, si nɔ eme woho aʋa ɖe asrãdɔa ŋu kpɔ ɖo ŋku edzi be: “Asesẽ egbea be woaɖɔ dzonɔameme gã si eɖeɖeɖa ƒe taɖodzinua nyɔ ɖe amewo me le xexeame katã le ŋutifafaɣeyiɣi mawo me.” Asrãdɔa nu va nɔ yiyim! Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒo adegbe be: “Asrãdɔa tsɔtsrɔ̃ ɖa zu nusi míate ŋu awɔ.”

Asrãdɔ la Ganyrã Ake

Gake womele aʋa la dzi ɖu ge o. Nudzodzoewutikewo megawua muwo ƒe dzidzimevi siwo tsi agbe le atike siwo wotsɔ nɔ wo tsrɔ̃mee me la o. DDT megate ŋu wua wo bɔbɔe abe alesi wòwua wo tsãe ene o. Nenema ke chloroquine megate ŋu ɖua asrã ƒe lãvi siwo le amegbetɔ me la dzi o. Esiawo kple kuxi bubuwo he nu dziŋɔwo vɛ le dukɔ aɖewo siwo me wodze abe woaɖu edzi le godoo ene me. Le kpɔɖeŋu me, Sri Lanka, afisi wosusu be wotsrɔ̃ asrãdɔ ɖa le kloe le ƒe 1963 me la gakpɔ dɔa le ƒe atɔ̃ ko megbe wònɔ ame miliɔn geɖewo lém.

Kaka ƒe 1969 naɖo la, wova lɔ̃ ɖe edzi le teƒe geɖe be asrãdɔ nye futɔ si dzi womate ŋu aɖu o. Le esi teƒe be woazã nya “etsɔtsrɔ̃ ɖa” la, nya si nye “edzi ɖeɖe akpɔtɔ” boŋ ye va bɔ wu. Nukae “edzi ɖeɖe akpɔtɔ” la fia? Ðk. Brian Doberstyn, si nye Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe dɔwɔƒe si kpɔa asrãdɔ ƒe nyawo gbɔ ƒe amegã ɖe nu me be: “Nusi ko míate ŋu awɔ fifiae nye be míadze agbagba aɖe amesiwo wòwuna kple amesiwo wòɖea fu na ƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ.”

Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe amegã bubu xa nu be: “Le agbagba siwo wodze le asrãdɔa tsɔtsrɔ̃ ɖa ŋu le ƒe 1950 ƒeawo me kple DDT zazã be woatsɔ atsrɔ̃ nudzodzoeviawoe megbe la, dukɔwo ƒe lãme va fa ɖe eŋu. Ahedada, nuhiahiãwo ƒe anyimanɔmanɔ, atike kple nudzodzoewutike siwo megate ŋu le wo dzi ɖum o la na dɔa kpɔtɔ gali. Le nyateƒe me la, dɔa ɖu mía dzi.”

Gake nu bubu si gbɔ wòtso hãe nye be atikewɔhawo va dzudzɔ numekuku. Asrãdɔa ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Kuxi lae nye be ebia gazazã geɖe, evɔ viɖe aɖeke medona tsoa eme o, eye medea dzi ƒo na ame hã o.” Ẽ, togbɔ be woɖu aʋa geɖewo dzi hã la, womeɖu asrãdɔ ya dzi o. Gake Biblia la gblɔ ɣeyiɣi aɖe si tu aƒe kpuie si me “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” ŋu nya na mí. (Yesaya 33:24) Vaseɖe esime ɣeyiɣi ma naɖo la, nudzodzoeviwo ayi edzi anɔ dɔléle kple ku hem vɛ na ame.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Eŋlisigbe me nya “malaria” tso Italiagbe si nye mala (gbegblẽ) aria (ya) me.

b Wokpɔe be DDT gblẽa nu le nutowo ŋu eye wode se ɖe ezazã nu alo woɖe ezazã dzi kpɔtɔ ŋutɔ le dukɔ 45 me.

[Aɖaka si le axa 14]

Muwo Kple Amegbetɔwo Kpe Aʋa

Edoa ŋɔdzi na ameƒomea ƒe afã kloe le dukɔ alafa ɖeka kple edzivɔ me, vevietɔ le anyigbaxɔdzowo dzi. Afrikae wòxɔ aƒe ɖo vevie wu.

Wonya muwo nyuie be wobena ɖe yameʋuwo ŋu tsoa anyigbaxɔdzowo dzi eye woɖu amesiwo te ɖe dukɔwo ƒe yameʋudzeƒewo.

Amesiwo Ŋu Wogblẽa Nu Le. Eléa ame miliɔn 270 ƒe sia ƒe, eye wòwua ame miliɔn 2 sɔŋ. Vevietɔ egblẽa nu le nyɔnu funɔwo kple ɖeviwo ŋu, eye le mamã dedie nu la, ewua ɖevi eve aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe.

Eléa amesiwo ɖia tsa yia anyigbaxɔdzowo dzi la. Woka nya ta be ƒe sia ƒe la, asrãdɔléle si ‘woxɔ tso dukɔ bubu me vɛ’ la léa ame 10,000 le Europa eye wòléa amesiwo wu 1,000 le Anyiehe Amerika.

Mɔ Siwo Dzi Wòtona Léa Ame. Zã me koŋ ye muawo ƒe nyɔnu tɔ si woyɔna be anopheles ɖua ame. Woxɔa asrãdɔ le ʋudodo hã me, eye ƒã hafi woxɔnɛ le abi siwo me wòle wodo na ame la me.

Ƒe siwo va yi nyitsɔ laa ko hafi sidzedze kple mɔnuwo va su amegbetɔwo si be woatsɔ akpe aʋa kplii. Togbɔ be dukɔ 105 wɔ ɖeka le agbagba dzem be yewoaɖu asrãdɔa dzi hã la, ameƒomea mete ŋu le aʋa la dzi ɖum o.

[Aɖaka/​Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nɔ Ŋudzɔ ɖe Muwo ƒe Ameɖuɖu Ŋu

Mlɔ mudɔ me. Nudzodzoewutike wuwu ɖe mudɔwo ŋue nye nyuitɔ.

Ne mɔ̃ si ƒoa ya fafɛ ɖe xɔ me li la, sii le zã me, alo nàmlɔ xɔ siwo ƒe fesrewo kple ʋɔtruwo nu wode ɖɔkae la me. Ne womede ɖɔka wo nu o la, ekema tu ʋɔwo kple fesreawo.

Ne zã do la, anyo be nàdo awu abɔlegbe kple atalegbe. Nu yibɔwo hea muwo.

Si ami si wua muwo ɖe ŋutilã ƒe akpa siwo le dzedzem la. Tia esi me diethyltoluamide alo dimethyl phthalate le la.

Zã mutike siwo wowuna ɖe xɔ me, nudzodzoewutikewo, alo mutikewo.

Etsoƒe: Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

H. Armstrong Roberts

[Aɖaka si le axa 16]

“Dɔlélea Ðeɖe Ða ƒe Mɔ Kpata Aɖeke Meli O”

Togbɔ be edze abe asrãdɔa dzi ɖuɖu gbidii ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke mele dzedzem ene o hã la, aʋa si woho ɖe eŋu la metɔ te o. Le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Brazzaville, Congo, le ƒe 1991 ƒe October me la, Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa ƒe amedɔdɔwo bia be woaɖe asi le ‘ɖekematsɔleme ƒe agbenɔnɔ si wua ame’ si xɔ aƒe ɖe amewo me la ŋu, eye woɖo aɖaŋu be xexeame katã naho aʋa yeye atsɔ aɖe asrãdɔ la ɖae. Dzidzedze kae woakpɔ le agbagbadzedze mawo me?

Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe dɔdzikpɔlagã Hiroshi Nakajima gblɔ nyitsɔ laa be: “Mɔ kpata aɖeke meli si dzi míato aɖe asrãdɔ ɖa o. Eyata ele be míaho aʋa ɖe eŋu le goawo keŋ me.” Aʋahoho ɖe eŋu ƒe mɔnu etɔ̃ siwo li siwo woɖe gbeƒãe bobobo le teƒe geɖewo nye esiwo gbɔna:

Abɔtasisi. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem ƒe geɖee nye sia tsɔ le mɔxexe na asrãdɔa ƒe abɔtasisitike dimee, eye wogblɔa “ŋgɔyiyi” siwo wowɔ le numekuku me la ɣeaɖewoɣi le nyadzɔdzɔwo me. Esi Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa nɔ agbagba dzem be yeatsi mɔkpɔkpɔ dzodzro si nye be nɔnɔmeawo ava ka ɖe eme ŋuti dzidzɔkpɔkpɔwo nu la, exlɔ̃ nu tso “abɔtasisi be woatsɔ atsi asrãdɔ nui kpɔkpɔ le etsɔ me ƒe ameɖokuibeble” ŋuti.

Kuxi siwo wodo goe le abɔtasisitike wɔwɔ me dometɔ ɖekae nye be asrãdɔ ƒe lãvi si gena ɖe amegbetɔ me la te ŋu ɖu dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete si le amegbetɔ me be wòatsrɔ̃e ɖa la dzi. Le ƒe geɖe siwo asrãdɔa dze amewo dzi enuenu megbe gɔ̃ hã la, dɔlélea nu tsitsi ƒe ŋutete ʋee aɖe koe ɖo amewo me. Ðk. Hans Lobel, si nye dɔléleŋutinunyala le United States ƒe Dɔlélenutsitsidɔwɔƒe le Atlanta gblɔ be: “Dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete meɖoa ame si ne zi ʋee aɖewo koe dɔa ƒu ame anyi o. Eyata [le agbagbadzedze be woawɔ abɔtasisitike me la] ɖeko woanɔ agbagba dzem be woana dzɔdzɔmenuwo nanyo ɖe edzi.”

Atikewo. Le alesi atike siwo li mete ŋu le asrãdɔ ƒe lãviwo dzi kpem kura o ta la, Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ le atike yeye si woyɔna be arteether si woɖe tso Chinatɔwo ƒe amatsi si nye qinghaosu me la wɔwɔ dom ɖe ŋgɔ.c Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ xɔe se be woate ŋu atsɔ qinghaosu awɔ dzɔdzɔmetike ƒomevi yeyee, esi ate ŋu asu xexeamenɔlawo si le ƒe ewo siwo gbɔna me.

Mudɔ: Ametakpɔnu sia si li ƒe akpe eve sɔŋ enye sia la kpɔtɔ wɔa dɔ nyuie. Zi geɖe la, zã mee mu siwo dea asrãdɔ lãme na ame la ɖua ame, eye mudɔ xea mɔ na wo. Mũdɔ siwo xea mɔ na wo nyuie wu ɖesiaɖee nye esiwo wode nudzodzoewutike abe permethrin ene eme. Numekuku siwo wowɔ le Afrika ɖee fia be le kɔƒedu siwo me mudɔ siawo le la, amesiwo asrãdɔ wuna ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ame 60 le alafa ɖesiaɖe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

c Woɖe qinghaosu tso ati si woyɔna be Artemisia annua me.

[Aɖaka/​Nɔnɔmetata si le axa 17]

Àzɔ Mɔ Ayi Anyigbaxɔdzowo Dzia?

Ne èɖoe be yeazɔ mɔ ayi teƒe aɖe si asrãdɔ nye afɔku le la, wɔ nusiwo gbɔna la:

1. Kpɔ wò ɖɔkta alo nàyi afisi wosia abɔta na ame le.

2. Wɔ ɖe mɔfiame siwo wona wò la dzi pɛpɛpɛ, eye ne èle asrãtike nom la, ekema yi enono dzi kwasiɖa geɖe le wò dzodzo le afisi asrãa le vɔ megbe.

3. Kpɔ ɖokuiwò ta tso muawo ƒe ameɖuɖu me.

4. Nya asrãdɔ ƒe dzesiwo: ŋudza, taɖuame, lãmevee, xeɖeɖe, kple/alo mĩŋɔŋɔ. Ðo ŋku edzi be asrãdɔ la ate ŋu alé wò le wò dzodzo le afisi asrãdɔa le ƒe ɖeka megbe ne èno atike siwo tsia asrãa nu gɔ̃ hã.

5. Ne èkpɔ asrã ƒe dzesiwo la, yi atikewɔƒe. Asrãdɔ te ŋu gblẽa nu kpatakpata eye ate ŋu awu ame le eƒe dzesi gbãtɔwo ƒe dodo gaƒoƒo 48 vɔ megbe.

Etsoƒe: Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

H. Armstrong Roberts

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe