Wotrɔ Ðe Dɔdamɔnu Gbãtɔwo Ŋu be Woatsi A Srãnu
Esi wònye xexeame katã ƒe susu le dukɔmeviʋawo, hlɔ̃dodo, dɔmakpɔwɔe, kple nya sesẽ bubuwo ŋu ta la, womegblɔa amesiwo asrã wuna ƒe nya le nya siwo wogblɔna le fiẽme nyadzɔdzɔgblɔɣi si ame geɖe ɖoa toe la me o. Gake Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO), gblɔ be asrã ate ŋu adze xexeamenɔlawo ƒe afã kloe dzi bɔbɔe, eye dɔa dzea amesiwo ade miliɔn 300 va ɖo miliɔn 500 dzi ƒe sia ƒe, si wɔe be asrã va nye “anyigba xɔdzowo dzi dɔléle si kaka wu eye wònye esiwo wua ame wu la dometɔ ɖeka.” Aleke gbegbe wòte ŋu wua amee?
Asrã wua ame ɖeka le sɛkɛnd 20 ɖesiaɖe me. Amesiwo kuna le akɔntabubu ma nu ƒe sia ƒe la va ɖo miliɔn 1.5 kple edzivɔ—xexlẽme ma sɔ kple Afrika dukɔ si nye Botswana me nɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ. Afrika ƒe anyigba xɔdzowo dzie ame ewo ɖesiaɖe siwo asrã wuna la dometɔ asieke kuna le, eye afima ƒe kukulawo ƒe akpa gãtɔ nye ɖeviwo. Le Amerika-nyigba dzi la, Amazon-nutomee WHO de dzesi asrã ƒe amedzidzedze gbogbotɔ le. Avenyigbatsɔtsrɔ̃ kple lãwo kpakple woƒe nɔƒewo ƒe tɔtrɔ wɔe be asrãdɔléla gbogbo aɖewo va le xexeame ƒe akpa ma. Le Brazil ƒe Amazon nuto aɖewo me la, kuxia nu va sẽ ale gbegbe be dɔa dzea ame 500 dzi le ame 1,000 ɖesiaɖe dome.
Eɖanye Afrika, Amerika-nyigbawo dzi, Asia, alo afika kee asrã le ame dzi dzem le o, ame dahe kolikoliwo dzi koŋ ye wòdzena. WHO gblɔ be amesiawo “sie kɔdzidede ƒe mɔnukpɔkpɔ mele o wu, woawo sie ŋutete mele be woakpɔ wo ɖokui ta o wu eye woawoe metsɔ ɖe asrãdɔnutsihawo gbɔ kura o wu.” Togbɔ be ele alea hã la, menye ɖe mɔkpɔkpɔ meli na ame dahe mawo o. TDR News si nye nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be le ƒe ʋee siawo me la, mɔnu ɖeka aɖe si ate ŋu aɖe vi wu ɖesiaɖe le asrã ƒe amewuwu nu tsitsi me la va bɔ. Agbexɔla ma ƒe ŋkɔ ɖe? Mudɔ siwo me wowu nudzodzoewutike ɖoe.
Mudɔ ƒe Viɖewo
Ðk. Ebrahim Samba si nye dɔnunɔla le WHO ƒe Afrika dɔwɔƒe gblɔ na Panos Features si nye Panos Numekuƒe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ŋlɔla be togbɔ be mudɔwo zazã nye tɔtrɔ ɖe dɔa gbɔkpɔnu si wozãna tsã ŋu hã la, dodokpɔ siwo wowɔ bene woakpɔ mudɔwo ƒe dɔwɔwɔ le asrã nu tsitsi me na wokpɔ “emetsonu dodzidzɔname geɖe.” Le kpɔɖeŋu me le Kenya la, menye ɖeko mudɔ siwo me wowu nudzodzoewutike siwo megblẽa nu le ame ŋu o ɖo la ɖe alesi asrã wua ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o dzi kpɔtɔ ko o, ke eɖe ku ƒomeviwo katã hã dzi kpɔtɔ vie. Hekpe ɖe agbexɔxɔ ŋu la, “mudɔwo ate ŋu aɖe agba le lãmesẽgbɔkpɔlawo dzi kura” elabena dɔnɔ ʋee aɖewo koe agayi kɔdzi be woada asrã na yewo.
Gake kuxi aɖe li si gbɔ womekpɔ haɖe o: Amekae axe fe ɖe mudɔawo ta? Esi wobia tso Afrika-dukɔ aɖe me tɔwo si be woadzɔ nu la, ame akpa gãtɔ gbe. Eyata mewɔ nuku o be nudzedzinamee wònye be mudɔ—wowu nudzodzoewutike ɖe eme loo alo womewui ɖe eme o—nanɔ ame si le dukɔ siwo me wozãa $5 (U.S.) ɖe ame ɖeka ŋu na lãmesẽgbɔkpɔkpɔ le. Gake le esi dɔlélenutsimɔnu sia mana dziɖuɖuwo nagblẽ ga wòade dɔdada na asrãlélawo nu o ta la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe amesiwo nya nu tso eŋu gblɔ be “anye dziɖuɖuwo ƒe ga sue dome magblẽmagblẽ be woamã mudɔwo eye woana ga woatsɔ awu atike ɖe wo me.” Nyeteƒee, anye ga dzi kpɔkpɔ nyuie na dziɖuɖuwo be woamã mudɔwo. Gake viɖe geɖe le eme na woƒe dumevi dahe miliɔn geɖe wu ema—enye nusi axɔ wo ɖe agbe.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
CDC, Atlanta, Ga.