INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/15 axa 14-15
  • Asrãdɔ—Nu Si Wòle Be Nànya Tso Eŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Asrãdɔ—Nu Si Wòle Be Nànya Tso Eŋu
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • 1 NU KAE NYE ASRÃDƆ?
  • 2 ALEKE ASRÃDƆ WƆNA KAKANA?
  • 3 ALEKE NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TAE?
  • Nudzodzoe Siwo Hea Ku Vɛ na Ame
    Nyɔ!—1993
  • Wotrɔ Ðe Dɔdamɔnu Gbãtɔwo Ŋu be Woatsi A Srãnu
    Nyɔ!—1997
  • Kpɔ Ðokuiwò Ta tso Lãvinoʋulelãmewo Si Me!
    Nyɔ!—1999
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 7/15 axa 14-15

Asrãdɔ Nu Si Wòle Be Nànya Tso Eŋu

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ bu akɔnta be le ƒe 2013 me la, ame miliɔn 198 sɔŋue lé asrãdɔ (atikesi), eye ame akpe 584 aɖewoe dɔ sia wu. Ame siwo ŋu dɔ sia gblẽ nu le la dometɔ 4 kloe le 5 me nye ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ o. Dɔ sia xɔ aƒe ɖe xexemedukɔ siwo ade alafa ɖeka me, eye ate ŋu agblẽ nu le ame miliɔn 3,200 ŋuti.

1 NU KAE NYE ASRÃDƆ?

Ne mu ɖu amee wòléa asrãdɔ alo atikesi. Dɔ sia ƒe dzesiwo dometɔ aɖewoe nye dzoxɔxɔ, vuvɔwɔame, fifiatete, taɖuame, lãmeve, dzigbɔtɔame kple tutru alo xeɖeɖe. Dzesi siawo tea ŋu tɔa te sẽe gavana le gaƒoƒo 48 va se ɖe 72 ɖe sia ɖe me, anɔ te ɖe mu ƒomevi si ɖu amea kple ɣeyiɣi didi si dɔa le amea ŋu dzi.

2 ALEKE ASRÃDƆ WƆNA KAKANA?

Nɔnɔmetata si ɖe ale si asrãdɔlékui kakana ɖe lãme na ame la fia
  1. Ne munɔ ɖu amee asrãdɔlékui gena ɖe ʋu me na ame.

  2. Dɔlékuia yina ɖe ame si mua ɖu la ƒe aklãmenugbagbeviwo me eye wòdzina sɔa gbɔ le afi ma.

  3. Aklãmenugbagbeviawo gbãna eye dɔlékuiawo kakana ɖagena ɖe amea ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo me. Dɔlékuiawo yia edzi nɔa dzidzim ɖe edzi le afi ma hã.

  4. Eye ne ʋumenugbagbevi dzĩwo gbã la, asrãdɔlékui gbogbowo dona tso wo me ɖagena ɖe ʋumenugbagbevi dzĩ bubuwo me.

  5. Alea ko wòyia edzi le ʋumenugbagbevi dzĩawo me ɖaa. Ɣesiaɣi si ʋumenugbagbevi dzĩawo gbã la, asrãdɔ ƒe dzesi vovovoawo dzena le amea ŋu.

3 ALEKE NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TAE?

Ne èle dukɔ si me asrãdɔ bɔ ɖo me la . . . 

  • Mlɔ mudɔ me. Ele be

    • mudɔa nanye esi wode atikee.

    • wòanɔ nɔnɔme nyui me, afi aɖeke megavuvu nɛ o.

    • woadee belia te nyuie.

  • Wu mutikewo ɖe wò aƒe me.

  • Ne anya wɔ la, mide ɖɔwo alo gaɖɔwo fesrewo kple ʋɔtruwo ŋu, mizã xɔmefamɔ̃ alo yaƒomɔ̃ ale be muwo magava ɖe fu na mi o.

  • Do awu alo nàtsyɔ avɔ si ƒe mo kɔ eye nàna wòaxe wo ametia ƒe afi sia afi.

  • Ne anya wɔ la, ƒo asa na gbe siwo me muwo sɔa gbɔ ɖo alo tsiteƒe siwo muwo ate ŋu adzi ɖo nɔnɔ.

  • Ne ède dzesi asrãdɔ ƒe dzesiwo le ŋuwò la, na woawɔ atike na wò enumake.

Ne èwɔ ɖoɖo be yeazɔ mɔ ayi nuto aɖe si me asrãdɔ bɔ ɖo me la . . . 

Ale si amegbetɔwo xɔa asrãdɔlékuiwo tso muwo gbɔ eye muwo hã xɔnɛ tso amegbetɔwo gbɔ

Asrãdɔlékuia ate ŋu age ɖe lãme na ame ne mu ɖui. Nenema ke ne mu si ŋu dɔlékui sia mele o ɖu ame aɖe si ŋu dɔlékui sia le la, mua hã xɔa dɔlékuia. Eye ne mu sia ɖu ame bubu la, ame sia hã axɔ dɔlékui sia

  • Ku nu me tso ale si nɔnɔmea le le afi ma fifia la ŋu hafi nàyi. Asrãdɔlékuiwo tea ŋu toa vovo tso teƒe yi teƒe, eye esia kpɔa ŋusẽ ɖe atike si ƒomevi woawɔ na ame hã dzi. Eye anyo hã be nàɖo dze kple wò ɖɔkta ale be wòagblɔ nu siwo wòle be nàƒo asa na etɔxɛe na wò, elabe enya nu tso wò lãmesẽnyawo ŋu.

  • Ne èyi teƒea la, wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me, ku ɖe nuto siwo me asrãdɔ bɔ ɖo ŋu la, dzi.

  • Ne ède dzesi asrãdɔ ƒe dzesiwo le ŋuwò la, na woawɔ atike na wò enumake. Nyae be ne mu ɖu ame la, asrãdɔ ƒe dzesiwo ate ŋu adze le eŋu le ŋkeke ɖeka megbe, eye ne etsi megbe ƒãa la, kwasiɖa ene.

NU BUBU SIWO NÀGATE ŊU AWƆ

  1. Di kpekpeɖeŋu tso dziɖuɖu alo nutoa me dɔwɔƒe siwo kpɔa lãmesẽnyawo gbɔ la gbɔ.

  2. Ƒle atike tso ame siwo woɖe mɔ na le se nu be woadzra atike ko gbɔ. (Atike manyomanyo alo atike kpayɔ ate ŋu ana be dɔlélea nagbe vɔvɔ alo enu nasẽ kura.)

  3. Ðe nu sia nu si me mu ate ŋu adzi ɖo la ɖa le wò aƒe me.

Ne èle nuto aɖe si me asrãdɔ bɔ ɖo me alo nètso afi ma gbɔ la, mègado toku asrãdɔ ƒe dzesi siwo gbɔna o . . . 

  • Dzoxɔxɔ gbãgbãgbã

  • Fifiatete

  • Vuvɔwɔame kple ƒoƒo kpakpakpa

  • Taɖuame

  • Lãmeve

  • Ðeɖiteameŋu

  • Dzigbɔtɔame

  • Tutru alo xeɖeɖe

  • Mitsinyenye

Asrãdɔ si womeda o ate ŋu ana ʋu navɔ le lãme na ame eye esia ate ŋu awu ame le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Kpɔ atikewɔlawo kaba hafi dɔa nava do gã, vevietɔ le ɖeviwo kple funɔwo gome.a

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le Nyɔ! siwo nye January 2012, axa 24-25 kple January 2010, axa 26-29 me.

ÈNYAA?

Gaƒoɖokui aɖe si le Afrika ƒe anyigbatata dzi

Le Afrika ɖeɖe dzaa la, asrãdɔ wua ɖevi ɖeka le miniti ɖe sia ɖe me

  • Ðeviwo kple funɔwo koŋ ŋue dɔ sia tea ŋu gblẽa nu le wu.

  • Le Afrika ɖeɖe dzaa la, asrãdɔ wua ɖevi ɖeka le miniti ɖe sia ɖe me.

  • Togbɔ be mebɔ o hã la, amewo tea ŋu xɔa asrãdɔ to ʋudodo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe