Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
Television ƒe Ŋusẽkpɔkpɔ ɖe Xexeame Dzi
Aleke gbegbe television kpɔkpɔ bɔe le xexeame katã? Le International Herald Tribune ƒe nya nu la, television siwo ƒe xexlẽme wu biliɔn ɖekae le xexeame katã, esi nye dzidziɖedzi 50 le alafa me wu esiwo nɔ anyi ƒe atɔ̃ siwo va yi me. Le Japantɔwo ƒe aƒewo me la, television sɔ gbɔ wu nugodoƒe siwo me tsi klɔna. Meksikotɔwo ƒe aƒewo ƒe afã me koe telefon le, gake television ya le ƒome ɖesiaɖe si kloe. Eye televisiondɔwɔƒe 25 alo 30 le Amerikatɔ geɖe si be woate ŋu alé esi dze wo ŋu faa. Tribune gblɔ be: “Television ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ, dunyahehe, kple ganyawo dzi le xexeame katã la lolo ŋutɔ. . . . Ame aɖewo xaa nu be television kpɔkpɔ nenema ana xexeame ƒe akpa mamlea ƒe agbalẽxexlẽ ƒe dzodzro nu natsi, abe alesi wòdzɔ ɖe Amerikatɔwo ƒe dzidzime eve dzi xoxoe ene.”
Ƒometɔwo ƒe Ʋu Dodo Gɔ̃ Hã Mele Dedie Wu O
Numekuku si dziɖuɖu aɖe wɔ le amesiwo wu miliɔn ɖeka ƒe ʋuɖeɖe ŋu le United States ƒe nuto gã atɔ̃ me klo nu le dzixɔse si nye be xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo ƒe ʋuxɔxɔ le dedie wu amedzrowo tɔ ƒe aʋatsonyenye dzi. Le kpɔɖeŋu me, dodokpɔ aɖe ɖee fia be ʋu siwo ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nana dometɔ 2.6 le alafa me nye esiwo me aklãdɔléle si woyɔ be B, gake eƒe agbɔsɔsɔ nye 1.8 le alafa me le amedzrowo tɔ gome. Wokpɔ agbadza si nu sẽ, akladɔléle, kple cancer dɔlékui si nye HTLV-1 hã le ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe ʋuɖeɖe me. Lyle Petersen si le dɔ wɔm le Dziɖuɖudɔwɔƒe si kpɔa Dɔlélenutsitsi kple Mɔxexeɖenu gbɔ la gblɔ be: “Ne èna xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo ɖe ʋu na wò la, ele wò afɔkumenɔnɔ dzim ɖe edzi wu.”
Ɣletinyigba la Ðo Afɔku Me Vɔ
British Medical Journal me nyatakaka aɖe gblɔ be fifia la, xexeamenɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ dzina ɖe edzi miliɔn 100 kloe ƒe sia ƒe, eye wobu akɔnta be kaka wòaɖo ƒe 2050 la, ame xexlẽme si anɔ xexeame katã aɖo biliɔn 10. Fiaƒomehabɔbɔ si le London kple U.S. Dukɔa ƒe Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe Suku Kɔkɔ la wɔ ɖeka do nya yeye aɖe ɖa si gblɔ be dzidziɖedzi sia agblẽ nu le xexeame ŋu si womate ŋu aɖɔ ɖo o. Esia adzɔ vevietɔ ne dukɔ madeŋgɔ siwo me dzidziɖedzi sia ƒe akpa gãtɔ le edzi yim le la zã nunɔamesiwo abe alesi dukɔ deŋgɔwo le ezãmee ene. Suku kɔkɔawo ɖo aɖaŋu be ele be dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋuŋutinunya nawɔ akpa vevi aɖe le esia me, gake wogagblɔ be nunya mele eme be woaɖo ŋu ɖe esiawo ɖeɖeko ŋu “le kuxi siwo amegbetɔ ƒe dzidziɖedzi kabakaba, nunɔamesiwo dome gbegblẽ, kple amewo ƒe nuwɔna siwo me afɔku le he vɛ la gbɔ kpɔkpɔ me” o. Wogblɔ be ne tɔtrɔ aɖeke meva o la, “dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋuŋutinunya mate ŋu axe mɔ ɖe nusiwo ƒo xlã mí si le gbegblẽm ɖe edzi alo ahedada si le edzi yim le xexeame ƒe akpa gãtɔ me la nu o.” Aƒetɔ Michael Atiyah, si nye Fiaƒomehabɔbɔ si le London la ƒe zimenɔla gblɔ be: “Ne míedze agbagba tsi amegbetɔ ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dzidziɖedzi nu o la, nu bubu ɖesiaɖe madze edzi o.”
Kpekpeɖeŋu si Mevana O
Ferhat Yunes si nye Afrika ƒe Ŋgɔyiyi Gadzraɖoƒe ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be kpekpeɖeŋunudzɔdzɔ siwo dukɔwo nana be woatsɔ aɖe dɔwuame kple ahedada le Afrika dzi akpɔtɔ la ƒe 7 le alafa me koe ɖoa amesiwo hiãnɛ la gbɔ. Ðevi miliɔn geɖe siwo le Afrika siwo le nɔnɔme wɔnublanui me na be kuxia gasẽ ɖe edzi. Spaniatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El País ka nya ta be le anyigba ma katã dzi la, ɖevi miliɔn 30 siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o ye li eye miliɔn 40 bubu siwo nunyuimaɖumaɖu na wokua te hã li. Afrika-dukɔ 44 teƒenɔla siwo kpe ta le Dakar, Senegal, la kafui be woana dɔwɔha vovovowo namã kpekpeɖeŋunuawo eye woaɖe ga si wozãna ɖe dukɔtaʋiʋli ŋu dzi akpɔtɔ be wonye afɔɖeɖe vevi eve siwo woawɔ atsɔ ana ɖevi siawo ƒe nɔnɔme naka ɖe eme.
Afrika ƒe Ʋuʋudedi
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be Afrika ƒe ʋuʋudedi siwo pepiya xɔdzowo lɔna tsoa dzogbenyigbawo kple anyigba siwo dzi ati kpuiwo le dzi la ɖea vi na anyigba la ƒe akpa bubuwo. International Herald Tribune ka nya ta be, le kuɖiɖi ƒe ɣeyiɣi didi le dziehe Afrika kple nya bubuwo ta la, Afrika ƒe anyigba dzi ke tɔn miliɔn geɖewo trɔ zu ʋuʋudedi siwo li kɔ ɖi le ƒe 1992 ɖeɖeko me. Ʋuʋudediawo ƒe akpa gãtɔ yia Atlantik-ƒua me, eye wònana nuɖuɖu me nunyiame—vevietɔ gayibɔŋusẽ si hiã ŋutɔ la—tsimenumiemiewo kple lãviwo, esiwo nye ƒumelãwo ƒe nuɖuɖu ƒe akpa vevi aɖe. Ʋuʋudedi mamleawo lɔna yia Amerika-nyigbawo dzi. Numekuku siwo wowɔ le Amazon ƒe avetsu ŋu ɖee fia be Afrika ƒe ʋuʋudediwo wɔnɛ be nunyiameŋusẽ gaɖoa anyigbamawɔnuwo me le afima. Ðk. Michael Garstang si le Virginia Yunivɛsiti la gblɔ be: “Alesi Afrika ƒe ʋuʋudediwo le kpekpem ɖe Atlantik-ƒua kple Amerika-nyigbawo ŋui la fia alesi dzɔdzɔmenu siwo didi boo tso wo nɔewo gbɔ la léa wo nɔewo ɖe tee. Nusi wòfia míe nye be ɖekawɔwɔ kple alesi nuwo léa wo nɔewo ɖe te ƒe ɖoɖo si gɔme míete ŋu sena yia ŋgɔ o lae wɔa dɔ le míaƒe anyigba la dzi. Míese naneke gɔme haɖe kura o.”
Mawusubɔsubɔ ƒe Magazinewo Le To Yim
Associated Press ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Womegale dukɔa ƒe mawusubɔsubɔ ƒe magazine eve siwo nye American Baptist kple Christian Herald siwo nɔ anyi didi wu la tam azɔ o. Wogblɔ be amewo megava le vivi dom ɖe Christian Herald si tata gɔme wodze le Cappaqua, N.Y. le ƒe 1878 eye wòxɔ ƒe 115 kple etɔgbe si nye American Baptist si tata gɔme wodze le ƒe 1803 la ŋu o.” Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖee axɔ ɖe American Baptist si wotana ɣleti sia ɣleti le Valley Forge, Pennsylvania la teƒe. Gake Gbetakpɔxɔ si nye mawusubɔsubɔgbalẽ bubu si wodze tata gɔme le ɣeyiɣi ma me la yi edzi le dzidzim ɖe edzi. Wole Gbetakpɔxɔ si wodze egɔme nɔ tatam ɣleti sia ɣleti tso ƒe 1879 me le Pittsburgh, Pennsylvania, eye wotaa 6,000 ɖe Eŋlisigbe me ɣleti sia ɣleti la tam ɣleti afã sia ɣleti afã fifia ɖe gbegbɔgblɔ 112 me eye wotaa tata ɖesiaɖe 16,400,000.
Nuvlowɔwɔ le Sukuwo
Wowɔ numekuku deto aɖe le suku 169 me le Hamburg, Germania, be woatsɔ akpɔ nusi gbɔ amedzidzedze ƒe dzidziɖedzi le sukuwo me la tso. Nukatae nuxɔxɔleamesi sesẽe, vɔvɔ̃doname, nuveviwɔame, kple gbɔdɔdɔ me agɔdzedzewo le dzɔdzɔm kabakaba le sukuwo nenema? Le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Frankfurter Allgemeine Zeitung ƒe nya nu la, sukuvi siwo wobia nyae la gblɔ be nuvlowɔwɔ si dzena le nyadzɔdzɔwo me, ɖekematsɔleme na wo le aƒeme, avuwɔwɔ kple sukuvi siwo tso dukɔ bubuwo me, kple nuteɖeamedzi le sukue nye nusiwo ta koŋ yewowɔa esiawo ɖo. Numekukua yɔ hadomegbenɔnɔ me nya aɖewo siwo xea mɔ na nuvlowɔwɔ nu tsitsi le suku. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔe be ɖeviwo kple sɔhɛwo katã kloe menya nusi fɔɖiɖi alo nugbegblẽwɔwɔ nye o eye wobua wo ɖokui ko ŋu ŋutɔ, womegbɔa dzi ɖi o, eye womebua ame ŋu o. Eye dzila geɖewo bua nuvlowɔwɔ be woatsɔ akpɔ nyawo gbɔe be enyo eye wofiaa wo viwo be woawɔ nu atsɔ akpɔ wo ɖokui tae.
Seƒoƒo me Tsi Viviwo Kplɔa Wo Tranae
Nukae dzɔna ne anyiwo no seƒoƒo me tsi vivi si tsi? Wowɔa nu abe ahanomunɔwo ene. Wo dometɔ aɖewo mete ŋu gakpɔa aƒememɔ o, eye womenaa mɔ esiwo te ŋu kpɔnɛ la be woage ɖe anyitɔ la me o le woƒe nutovowɔwɔ ta. Spaniatɔwo ƒe El País ka nya ta be, ne vuvɔ mewu wo o la, woƒe tsatsa le yame nenema ɖea woƒe agbenɔɣi ƒe afã dzi kpɔtɔna. Gake le anyiwo gome la, ahamumu menye nusi woɖona wɔna o. Errol Hassan si le Queensland Yunivesiti, Australia, la gblɔ be yame ƒe dzoxɔxɔ ate ŋu ana numiemiewo me tsi viviwo siwo wonona la natsi eye wòazu nu muame.
Afɔku Ɣaɣla
The New York Times ƒe nyati aɖe gblɔ be: “Woate ŋu agblɔ na atamanolawo vodadatɔe be woƒe lãme sẽ le esime wodze ŋgɔ dzidɔ ƒe afɔku.” Nukatae? Elabena nusi atamanono gblẽna le dzi ƒe ʋuka siwo le suesue ŋu la medzena ne wodo dzia kpɔ o. Eyata ne nu te ɖe atamanolawo dzi le ŋutilã me alo le seselelãme gome la, ʋu vɔna le woƒe dzia me, eye wònana woƒe dzidɔ xɔxɔ ƒe afɔku la lolona ɖe edzi. Numekuku aɖe si wowɔ le Iowa Dziŋutinusrɔ̃ƒe si le Des Moines la ɖee fia be esia nye nyateƒe ne atamanola la mele atama nom o gɔ̃ hã eye be kuxia dzina ɖe edzi le atamanoɣi. Ne nu te ɖe ame dzi la, ʋukavi siwo le dzia me la ʋuna eye wòate ŋu ana ʋu si tona eme la teƒe ene nato eme ayi dzi la me. Gake ʋusisi sia dzi ɖena kpɔtɔ 30 le alafa me le atamanolawo ƒe dzi me.
Amewo Xɔxɔ ƒe Mɔnu Yeye
The West Australian nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be: “Television dzi boblododo si me nyɔnu saɖagaxɔmenɔla siwo tsɔ mɔ̃ le gbe ŋlɔmee eye nunɔla le basketball ƒom le la nye mɔ yeye si dzi Katoliko-ha to le amewo xɔm be woatsɔ adzi nunɔla siwo ƒe agbɔsɔsɔ le ɖiɖim la ɖe edzii. Aɖabaƒoƒo afã ƒe boblododoa . . . ɖe sɔhɛ siwo nye nunɔlawo kple nyɔnu saɖagaxɔmenɔla siwo le dze ɖom le woƒe dɔwɔnawo ŋu esime wole gbe ŋlɔm, wole nu ƒlem, le kamedefefewo wɔm, kple esime wole dɔnɔkɔdzi kple amesiwo wolé de game srãm kpɔ. Osɔfo Brian Lucas si nye Sydney Katoliko-ha ƒe nyanuɖela gblɔ be zi geɖe la wowɔnɛ nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo kple nunɔlawo léa bosomikaɖiwo ko ɖe asi henɔa sɔlemexɔwo ƒe kɔkɔƒewo eye be boblododo sia ana amewo nabu wo abe ame bubuwo ke ko ene. Wole television dzi boblododo sia ɖem fia le Melbourne eye woakekee ɖe enu ayi dukɔ bubuwo me ne wokpɔ be ele dzidzedze kpɔm.