Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
Ƒome aɖe si Gbe Tanana Nazitɔwo Mexɔ ƒe 90 eye mele nu srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo. Mexlẽ nyati si ƒe tanyae nye “Oo, Yehowa Na Vinye Nyɔnuvia Nawɔ Nuteƒe!” (March 8, 1994 ƒe Nyɔ!) Eƒo nu tso dzila aɖewo kple wo vinyɔnuvi ŋu, amesiwo togbɔ be wonɔ Hitler ƒe ameteteɖeanyi sesẽ te hã la, wowɔ aʋa kalẽtɔe be woalé Yehowa ƒe nufiafia me ɖe asi. Menɔ avi dzi hafi nɔ exlẽm. Meɖoe kplikpa be matsɔ veviedodo asrɔ̃ Yehowa ƒe nufiafiawo fifia wu tsã.
S. T., Japan
Nuteƒekpɔkpɔ sia wɔ dɔ ɖe dzinye geɖe ŋutɔ. Simone Arnold Liebster nye nyɔnuvi dzaa aɖe ko, si woɖe le edzilawo ŋu eye wokplɔ yi ɖevi dzeaglãwo ƒe suku le esi wòɖoa to Yehowa ta. Xɔse ŋuti kpɔɖeŋu wɔnuku kae nye si!
M. C. L. S., Brazil
Alesi woda wo ɖokui ɖe Yehowa dzii kple lɔlɔ̃, bubu, kple kakaɖedzi si eya kple edzilawo tsɔ nɔ agbee la na megbugbɔ ƒomedodo si le nye ŋutɔ kple Yehowa dome la me dzro ake. Ena mebɔbɔ ɖokuinye, eye wòkpe ɖe ŋunye mekpɔ ŋudzedze ɖe dzidodo kple xɔse siwo nye gbɔgbɔ me nunɔamesiwo la ŋu.
V. B., Australia
Akogotsitsi Mexlẽ akogotsitsi ŋuti nyatia (Awake! September 22, 1993) zi gbɔ zi etɔ̃ alo ene sɔŋ. Mido susua ɖa be ele be ame naɖu ɣe, adzi ha, ahakpɔ dzidzɔ. Gake miegblɔ alesi ahɔhɔ̃menuwo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ate ŋu ana ameɖokuiwuwu nadzro ame ŋu nya aɖeke o.
P. C., United States
Menye amesiwo blanuiléle vevie alo amesiwo ameɖokuiwuwu ƒe nuwɔnawo le fu ɖem na, siwo hiã beléle tɔxɛ ŋutie nyati sia ƒo nu tsoe o. Ke boŋ, eƒo nu tso amesiwo ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe akogotsitsi le fu ɖem na le nɔnɔme sesẽ aɖewo, abe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta ene ŋu. Wota blanuiléle ŋuti nya ɖe míaƒe Awake! si do le October 22, 1987 me kple le tata sia ƒe nyati si nye “Sɔhɛwo Biana be . . .” te.—Etalawo
Wokpɔ Ŋudzedze ɖe Míaƒe Nutatawo Ŋu Dzi dzɔm geɖe ŋutɔ esi mekpɔ Mawu ƒe xexeme yeyea ŋuti foto le October 22, 1993 ƒe Awake! (Nyɔ! December 8, 1993) ƒe akpa dzi. Meɖe ŋku ɖe fotoa dzi hekpɔe ʋuu, menɔ gbe dom ɖa be mate ŋu anɔ agbe le afima. Megakpɔe le ŋkeke ʋee aɖewo megbe, eye wòkpɔ ŋusẽ ma ke ɖe dzinye. Akpe na mi ɖe dzideƒo nyui ma ta.
S. H., United States
Nyemenya amekawoe nye miaƒe nutalawo o, gake woƒe nutatawo nya kpɔna ŋutɔ! Miaƒe agbalẽwo mee mekpɔ nutata nyuitɔ kekeake siwo mekpɔ kpɔ dometɔ aɖewo le. Nutalae nye ŋutɔ menye, eye nutata dzeani ŋutɔŋutɔwo nya kpɔna nam.
D. W., United States
Gbemelãwo Takpɔkpɔ Nutowo me dedienɔnɔ gbɔ kpɔha aɖe si le mía gbɔ la ƒe zimenɔlae menye. Enyo be míakpɔ míaƒe nutoawo me ŋuti nyati vovovo siwo nye nyateƒe la axlẽ. (“Amekae Akpɔ Míaƒe Gbemelãwo Ta?,” November 8, 1993 ƒe Awake!) Enye nya si megblɔna ƒe geɖe enye sia be, ɖe menye Mawu tae o la, ne míetsrɔ̃ xoxo.
M. S., United States
Kakaɖedzitɔe la, Mawu wɔ anyigba be wòte ŋu ɖɔa eɖokui ɖo, ɖikeke mele eŋu o be esia tae wòte ŋu nɔ te ɖe agbagba siwo dzem amegbetɔwo le be woagblẽe la nu. Gake mlɔeba la, alesi Wòakpɔ nya la gbɔe nye be ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’ (Nyaɖeɖefia 11:18)—Etalawo
AIDS AIDS ŋu nya siwo le “Sɔhɛwo Biana be . . .” ƒe nyati vovovoawo me la xexlẽ vivi nunye ŋutɔ. (August 22, 1993, September 8, 1993 ƒe Awake!) Mexɔ ƒe 20 eye nyateƒe si wònye be mekpɔtɔ nye ɖetugbi nɔaƒe la ɖea fu nam. Gake meva kpɔe dze sii le nya siawo xexlẽ vɔ megbe be Yehowa ƒe nunana wònye nam be menye ɖetugbileaƒe.
L. K., United States
Ne miegblɔ be afɔku si le ŋutsu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ me la sɔ kple esi le ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ me la menye nyateƒe o. Numekuku siwo katã wowɔ la ɖee fia be be ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ la ƒe AIDS xɔxɔ le bɔbɔe wu.
J. S., United States
Vavãe, numekukuwo ɖee fia be ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ la le AIDS xɔxɔ ƒe afɔku gã me wu ya. Gake la, amesiwo nya nu le nyaa ŋu gblɔ be dɔlélea xɔxɔ to ŋutsu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ me le dzidzim ɖe edzi ŋɔdzitɔe. U.S. ƒe Nuɖuɖu kple Atikewo ƒe Ðoɖowɔha ƒe nyanuɖela aɖe gblɔ be, nyɔnuwoe “nye amesiwo le AIDS dɔlélea xɔm le dukɔ sia me kabakaba wu.” Esia mefia be nyɔnuawoe dzea agɔ ɣesiaɣi o; wo dometɔ geɖe xɔnɛ le wo srɔ̃ŋutsu siwo nɔa gbɔdɔdɔgbe yakayaka la gbɔ.—Etalawo