INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 4/8 axa 14
  • Kiev Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe Kafu Ðasefowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kiev Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe Kafu Ðasefowo
  • Nyɔ!—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðekawɔwɔ si Wɔa Nuku na Xexeame
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Xexeame Awɔ Ðekaa?
    Nyɔ!—2000
  • “Vivisese Le Wò Nuɖusi Me Tegbee”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa Ðasefowo ƒe Dukɔwo Dome Takpekpe Gbãtɔ si Wowɔ le Russia
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 4/8 axa 14

Kiev Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe Kafu Ðasefowo

OLEKSA KURPAS kafu takpekpe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Kiev, Ukranine, le August 5 vaseɖe 8, 1993 me la vevie. Eŋlɔe ɖe Kiev ƒe Democratic Ukraine me le August 10 lia dzi be:

“ƔeyiƔi didi aɖee nye sia si amewo megava kpe ta ɖe Republican Lãmesefefewɔƒea alea kpɔ o. . . . Wò ya bu eŋu kpɔ be ame 64,000 (siwo dometɔ akpe geɖe tso duta) wodze amedzrodzeƒewo, woɖi tsa le fiasewo me, woɖo dugbadzaʋu si amesiame ɖona. . . . Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpea de ŋgɔ ŋutɔ. Woƒo asikpe sesĩe na nuƒola siwo ƒo nu (abe alesi wònɔ tsã va yi ene), eye aɖatsi koe nɔ gegem le mo nam.

“Ame geɖe menya nu tso subɔsubɔha sia ŋu o. Yehowa Ðasefowo to vovo tso Orthodoks xɔse gbɔ, le esi woxɔe se be Mawu ƒe Vie nye Yesu Kristo, eye gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye Mawu ƒe gbɔgbɔ alo ŋusẽ, (ema fia be, womeda asi ɖe edzi be etɔ̃a katã wɔ ɖeka le Triniti Kɔkɔe me o). Wofiaa nu be dzo mavɔ aɖeke meli o. Le ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ aɖe megbe la, woatrɔ anyigba la wòazu paradiso, afisi ame dzɔdzɔewo anɔ eye vɔ̃wɔlawo aku. Habɔbɔ sia me tɔwo léa be na woƒe ƒometɔwo vevie. Nu kɔkɔe aɖee nye sia, gɔmeɖokpe ŋutɔŋutɔ si dzi woatu nuwo ɖo, nu dzeanitɔ kple esi vivia ame nu wu ɖesiaɖe le xexeamee wònye. Xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nɔnɔme aɖe ƒomevi le wo me na wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo (eye nusi ɖe dzesi wue nye be wolɔ̃ ha bubu me tɔwo hã). Nyemekpɔ nusia tɔgbe kpɔ o. . . .

“Nu dodzidzɔname aɖe dzɔ le Memleɖa, August 7 dzi. Le Yehowa Ðasefowo ƒe Dukɔwo Dome Takpekpe ƒe ŋkeke sia dzi la, wona nyɔnyrɔ̃ ame gbogbo aɖewo, siwo ƒe xexlẽme nye 7,402. Le wɔna vevi tɔxɛ sia ta la, wotu tsiƒuƒe gã ade si woate ŋu agakaka la ɖe Fefewɔƒea ƒe akpa si woƒua du le. Ŋutsu blaade siwo bi le gbɔgbɔ mee nɔ nyɔnyrɔ̃ nam nyanyui gbeƒãɖela yeye siawo ɖe tsi me. Wɔna blibo sia yi edzi gaƒoƒo 2 kple aɖabaƒoƒo 15. . . .

“Nusrɔ̃la yeyeawo nɔ fli atɔ me le fefewɔƒea eye Ðasefo siwo va takpekpea la tsɔ asikpeƒoƒo do dzaa na wo. Amesiwo wonyrɔ̃ le Kiev la sɔ gbɔ wu agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si wokpɔ kpɔ va yi le ƒe 1958 me [si nye 7,136] le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York me. Le habɔbɔ nyui sia si le Yehowa Ðasefowo si eye wòle dɔ wɔm ta la, eteƒe madidi o subɔsubɔha sia atrɔ dzime na ame geɖe siwo nɔ Orthodoks-hawo me ƒe geɖe la be woava woƒe ha me.

“Meɖe kuku na subɔsubɔha vovovoawo ƒe ŋgɔnɔlawo be woatsɔ nye vodada akem, gake ne womedzudzɔ ŋukpenanuwɔwɔ ƒe dzrehehe siawo le wo nɔewo dome o la, mawusubɔla nyui akpe alafa geɖe ado le woƒe hawo me. Míekpɔe le takpekpe sia me be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si anɔ ame ƒomevi kple dukɔ vovovo me tɔwo dome la ate ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ame 7,402 siwo xɔ nyɔnyrɔ̃ le Kiev, Ukraine, ƒe takpekpea me la dometɔ aɖewoe nye siawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe