Philippine ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ De Tadedeagu Ƒe Ablɔɖe Dzi
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Philippines gbɔ
LE JUNE 7, 1993 dzi, esime sukuvi miliɔn geɖe gadze suku gɔme le Philippines la, Yehowa Ðasefowoe nye amesiwo dzi dzɔ wu. Nukatae? Nusitae nye be le March 1, 1993 dzi, esi wòsusɔ vie ko sukuƒe si va yi nawu enu la, Philippines ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe nyametsotso aɖe si Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ wɔ le ƒe 1959 me la me eye wòde Yehowa Ðasefo viwo ƒe gomenɔamesi be womado gbe na aflaga o, womagblɔ nuteƒewɔwɔ ƒe atamkanya o, eye womadzi duha o la dzi.
Nuka gbɔe tɔtrɔ sia tso? Eye vi kawoe nyametsotso sia ɖe na ablɔɖelɔ̃lawo katã le Philippines?
Nusita Yehowa Ðasefowo Medoa Gbe na Aflaga O
Enye Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse be gbedodo na aflaga, duha dzidzi, kple nuteƒewɔwɔ ƒe atamkanya gbɔgblɔ nye subɔsubɔnuwɔnawo. Woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia hee la maɖe mɔ na wo be woakpɔ gome le subɔsubɔnuwɔna siawo me o. (Mateo 4:10; Dɔwɔwɔwo 5:29) Eɖanye dukɔ ka mee wole o, esiae nye woƒe tenɔnɔ le Yesu Kristo, amesi gblɔ be ye yomedzelawo ‘manye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi ye hã yemenye xexeame ƒe aɖeke o ene’ la sɔsrɔ̃ me.—Yohanes 17:16.
Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa Ðasefowo bua dziɖuɖu siwo te wole la, eye woxɔ edzi se be enye ɖoɖo si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo. Eyata enye woƒe agbanɔamedzi be woawɔ ɖe dziɖuɖu ƒe sewo dzi, axe adzɔ, eye woade bubu si dze na dziɖuɖumegãwo la wo ŋu. Womewɔa aglãdzenu ɖe dziɖuɖu aɖeke ŋu gbeɖe o.a
Nusiwo Ta Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Tso Nya Me Alea
Nukawoe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si kpɔ nya sia gbɔ gblɔ be woawo tae yete fli ɖe ƒe 1959 ƒe Gerona Kple Dudɔnunɔla si Kpɔa Sukunyawo Gbɔ Dome Nya la ƒe nyametsotso me? Ƒe 1993 me nyametsotsoa si Ʋɔnudrɔ̃lagã Griño-Aquino ŋlɔ la gblɔ be: “Egbe Philippinetɔ siwo dzi Ablɔɖese si na nuƒoƒo faa kple mawusubɔsubɔha si dze ame ŋu me nɔnɔ faa ƒe mɔ ame la kpɔ ŋusẽ ɖo tso woƒe ɖevime ke la ƒe dzitsinya meda asi ɖe nukpɔsusu si nye be ele be woazi ame dzi wòado gbe na aflaga, adzi duha, eye wòagblɔ dulɔlɔ̃ ƒe atamkanya le aflaga dodoɖedzi me, ne menye nenema woanyã ame le dɔ me alo le suku la dzi o.”
Ʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesii be togbɔ be Yehowa Ðasefowo “mekpɔa gome le aflaga dodoɖedzi kɔnuwo me o hã la, womewɔa nane ke si woakpɔ si ave dɔme na woƒe dukɔmevi siwo di be yewoaɖe yewoƒe dulɔlɔ̃ afia to aflaga ƒe kɔnua wɔwɔ me la o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ kpee be: “Wonɔa tsitrenu kpoo ne wole aflaga la dom ɖe dzi tsɔ fiana be yewodea bubu amesiwo ɖoe be yewoakpɔ gome le subɔsubɔkɔnuawo me ƒe gomenɔamesi ŋu. . . . Esi womewɔa naneke si aɖe fu na amewo o ta la, mesɔ be woanyã wo o.”
Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia kpɔ nya si wogblɔ ɖi le Gerona ƒe nyametsotsoa me be ne woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woaɖe woawo ya le gbedodo na aflaga ƒe nudidia me la, “gbedodo na aflaga kɔnua azu tsigãdzinu alo ame ʋee aɖewo koe akpɔ gome le eme, eye ɣeaɖeɣi ava ɖo si womafia bubudede aflaga ŋu, dukɔa lɔlɔ̃, bubudede dukɔa ƒe kalẽtɔwo ŋu, kpakple dukɔlɔlɔ̃ wo o, aƒãe ɖe wo me eye woana wòaɖo wo me o—esia anye nublanui kple afɔkunya gɔ̃ hã, eye esiawo katã adzɔ le esi sukuvi ʋee aɖewo zi woƒe lɔlɔ̃nu ɖe ame bubuwo dzi, eye wobia eye woɖe wo le eme dzaa ko ta.”
Aleae ƒe 1993 Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa ɖo nya sia ŋui enye si: “Nɔnɔme si ŋu nya Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ ɖi tsɔ do ŋɔdzii na ame le Gerona ƒe nya la me . . . la meva eme o. Míeka ɖe edzi be ne míeɖe Yehowa Ðasefowo le gbedodo na aflaga, duha dzidzi kple dulɔlɔ̃ ƒe atamkakawo me la, subɔsubɔƒuƒoƒo sia me tɔ siwo ŋu wogblɔe le nyateƒe be ‘wonye ame ʋee aɖewo ko le sukua’ la ahe tɔtɔ va xexeame la ƒe akpa si míele eye wòana zi ɖeka be wòazu dukɔ si ‘womefia bubudede aflaga ŋu, dukɔa lɔlɔ̃, bubudede dukɔa ƒe kalẽtɔwo ŋu, kpakple dulɔlɔ̃ eye woaƒãe ɖe wo me eye woana wòaɖo wo me la o.’”
Mlɔeba la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia he susu yi nya siwo United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃lagã Robert Jackson gblɔ le ƒe 1943 me le Barnette ƒe nya la me dzi, esi me wògblɔ le be: “Enye didi vevie si le mía tɔwo me be woana tamebubublɔɖe mí ŋu bubu masɔmasɔ be woasusui be ne woɖe mɔ wowɔ dulɔlɔ̃kɔnuwo tso dzi me faa ke menye ɣesiaɣi ƒe nuwɔna si woazi ɖe ame dzi o la, dukɔlɔlɔ̃ me agblẽ. . . . Menye nya tsɛwo me koe ame nawɔ eƒe gomenɔamesi ŋudɔ le be wòawɔ nusi to vovo le o. Ema anye ablɔɖe si mede blibo tututu o. . . . Nusi ɖea ablɔɖe vavãtɔ fianae nye gome si le ame si be eƒe nuwɔna nato vovo le nusiwo dea dzi gbɔ na amewo ƒe habɔbɔ si li fifia la zazã.”
Esi wogblɔ se ŋuti nya vevi siawo vɔ la, nusi dzi Philippines ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe bliboa lɔ̃ ɖoe nye be: “Míetsɔ esia le FLI TEM ÐE amesiwo tsɔ nya ɖe amesiwo tsɔ woƒe nya va mía gbɔe la ƒe amenyanyãgbalẽwo ME EYE MÍEÐE ASI LE EŊU KURA. Alesi Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia ɖo asi [sukumegãwo ƒe sukuviawo nyanyã dzii] gbɔ la, fifia ya míede se ɖe enu kura.”
Ʋɔnudrɔ̃lagã la ƒe kpeɖeŋutɔ Isagani Cruz hã ƒe susu wɔ ɖeka kple nya sia eye wògblɔ be: “Le nye nukpɔkpɔ nu la, nususukpɔ masɔmasɔ dzie wotu nusi wogblɔ be ava dzɔ le Gerona ƒe nya la me ɖo. Ewɔ abe susu si nye be dziɖuɖua kpɔ mɔ atso nya me le nusi sɔ le mawusubɔsubɔ me alo nusi mesɔ o ŋu eye wòagblɔ nusi wokpɔ mɔ asubɔ kple nusi womasubɔ o ye ɖe fu na Ʋɔnudrɔ̃ƒe si de se ma ene. . . . Esi dziɖuɖua bia tso amesiwo tsɔ woƒe nya va mía gbɔ si be woakpɔ gome le gbedodo na aflaga kɔnuwo me la, etsɔ eƒe ŋusẽ le gbɔgblɔm be ne wodo gbe na aflaga la, womeda le Biblia dzi o. Ewɔ na nye ya be enye nudede woƒe mawusubɔsubɔdzixɔse siwo gblɔ na wo be womegawɔe o la me ene. Dziɖuɖua mate ŋu aɖe Biblia gɔme na wo o. Eƒe ŋutete meɖo afisia o.”
Vi si Wòɖe na Ablɔɖelɔ̃lawo
Ðikekemanɔmee la, edzɔ dzi na ablɔɖelɔ̃lawo katã be nyametsotso sia de mɔnukpɔkpɔ si wònye be ame ŋutɔ ate ŋu atso nya me faa le mawusubɔsubɔnyawo kple nya siwo ŋu ame ƒe dzitsinya aɖe mɔ ɖo la me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòabu dziɖuɖua ƒe se la dzi. (Romatɔwo 13:1, 2) Esi dziɖuɖua tɔ kpɔ ɖe dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu ta la, exea mɔ na sedzimawɔmawɔ eye wòsubɔna le mɔ si apostolo Paulo gblɔ le Romatɔwo 13:5, 6 nu, afisi wògblɔ le be: “Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, . . . le dzitsinya ŋuti . . . Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo wonye, amesiwo nɔ nenem nusia wɔwɔ dzi.”
Yehowa Ðasefo siwo le Philippines dea bubu Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe se ŋudɔwɔwɔ nyuie la ŋu eye wonya be ele be kafukafu la ƒe gãtɔ nayi na Yehowa Mawu, mía Wɔla la.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Hena nusita Yehowa Ðasefowo medoa gbe na aflaga, eye womedzia duha, alo kpɔa gome le nuteƒewɔwɔ ƒe atamkanyawo gbɔgblɔ me o la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Suku kple Yehowa Ðasefowo, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 12-16.