INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 5/8 axa 30-31
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wofɔ Roma Kesinɔnu le Britania
  • Anyigbaʋuʋu si Wu Amewo le India
  • Agbalẽnyanya le Canada Kple United States
  • Amewo Megale Bubu Dem Osɔfowo Ŋu O
  • India Lãwo Ðo Afɔku Me
  • Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe Akɔntabubu
  • Amesiwo Atamanono Wuna le United States Dzi Ðe Kpɔtɔ
  • Mɔkpɔkpɔbuɖeame Kple Dzi La
  • Exɔxɔ Dzi Ko Wole
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
    Nyɔ!—1997
  • Xexeame Ƒe Lãmesẽnyawo—Vovototo Si Le Lolom Ðe Edzi
    Nyɔ!—1995
  • Lãmesẽnyawo Nyo Ðe Edzi Le Xexeame Godoo—Gake Menye na Amesiame O
    Nyɔ!—1999
  • Xexe Si Me Dɔléle Manɔ O
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 5/8 axa 30-31

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Wofɔ Roma Kesinɔnu le Britania

Woku sika, klosalo, kple gadzɛ̃ ga 14,780, sikakɔsɔkɔsɔ si didi sentimeta 90, sikalɔnuga 15, kple klosalogatsi si ade 100 le to me le agble aɖe dzi le Suffolk, England. Abɔdzikpɔla aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔme ye fɔ kesinɔnu sia esi wòtsɔ mɔ̃ si wotsɔ dia ganuwoe nɔ eƒe zu si bu la dim. Eŋutinunyala aɖe bu akɔnta be nuawo axɔ U.S. dɔlar miliɔn 15 ya teti. Senyala aɖe gblɔ be Britania-dziɖuɖua ƒe kesinɔnue, si fia be ŋutsu si fɔ nuawo, Eric Lawes si xɔ ƒe 70 la axɔ akpedaga si asɔ kple kesinɔnua ƒe home pɛpɛpɛ. Guardian Weekly ka nya ta be wotsɔ kesinɔnua da ɖe Britania-blemanudzraɖoƒe be amewo nava kpɔ.

Anyigbaʋuʋu si Wu Amewo le India

Time magazine gblɔ be: “Aƒetɔ Ganesha si ŋu atiglinyita kple ƒodogãtɔ aɖe ƒe ŋutilã le lae nye Hindutɔwo ƒe mawu siwo wolɔ̃ wu la dometɔ ɖeka, enye gɔmedzenu yeyewo kple aklama mawu.” Gake gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe esi woɖu ŋkeke ewo zã tsɔ de bubu aklamamawu sia ŋui vɔ la, anyigba ʋuʋu le India ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome eye wògbã aƒewo le kɔƒe kple du siwo wu 50 me. Killari-du si te ɖe anyigbaʋuʋu si nu sẽ dzeside 6.4 le Richter ƒe anyigbaʋuʋudzidzemɔ̃a dzi ƒe agunu ŋu la ƒe alafa memamã 90 sɔŋ gbã gudugudu. Wobu akɔnta aɖewo be amesiwo ku la wu ame 20,000 si fia be eyae nye anyigbaʋuʋu sesẽtɔ kekeake si ʋuʋu le India-nyigba dzi le ƒe 58 me. Wogblɔ be menye anyigbaʋuʋua ƒe sesẽe wu ame geɖe o ke ŋkumaʋumaʋuxɔ siwo wotsɔ anyi alo anyikpe tui si mu dze emenɔlawo dzi heɖi wo ɖe to boŋ ye. Le kpɔɖeŋu me, anyigba si ʋuʋu le San Francisco ƒe ʋee aɖewoe nye sia la nye dzeside 6.9 le Richter ƒe anyigbaʋuʋudzidzemɔ̃a dzi. Gake ame 67 kple dzidɔlélawo koe wogblɔ be woku.

Agbalẽnyanya le Canada Kple United States

Dukɔ me numekuku aɖe si wowɔ ƒe ene ku ɖe agbalẽnyanya ŋu le United States ɖee fia be “dukɔmevi tsitsi miliɔn 191 siwo le dukɔa me ƒe afã kloe menya Eŋlisigbe nyuie be woaŋlɔ lɛta tso akɔnta me vodada ŋu alo woabu mɔ didi si ʋu azɔ si woŋlɔ ɖe agbalẽ me o.” Nya mae The New York Times gblɔ. Esia fia be wodoa go kuxiwo le gbesiagbenyawo me, abe nyadzɔdzɔgbalẽ me nyawo xexlẽ nyuie, gadzraɖogbalẽvi kpekpe ɖo, nuxexlẽ tso ʋu ƒe mɔzɔzɔ ŋu, alo woaxlẽe le agbalẽvi dzi atike agbɔsɔsɔme si woana ɖevi ene. The Globe and Mail gblɔ be numekuku sia tɔgbe si wowɔ le Canada hã ɖee fia be “ame tsitsi siwo le Canada dometɔ 16 le alafa me menya nuxexlẽ o ale gbegbe be womate ŋu awɔ nuŋɔŋlɔ siwo wokpɔna le gbesiagbegbenɔnɔ me ƒe akpa gãtɔ ŋudɔ o,” eye be nuŋɔŋlɔ si ɖe dɔ bɔbɔe aɖe si woŋlɔ ɖe nyagbɔgblɔ siwo mã wo me koe wo dometɔ 22 le alafa me ate ŋu axlẽ. Dɔmawɔmawɔ nyuie, vodada, kple afɔku siwo agbalẽmanyamanya nyuie he vɛ la na dɔwɔhawo bu dɔlar biliɔn geɖe.

Amewo Megale Bubu Dem Osɔfowo Ŋu O

Los Angeles Times gblɔ be: “Numekuku si wɔm wole ƒe sia ƒe tso ƒe 1988 me ke la ɖee fia be ame geɖe kpɔe be subɔsubɔha ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi le to yim wu alesi wobui be ele dzidzim ɖe edzi. Nusiwo tae ɖekae nye be amewo megale bubu dem osɔfodɔ ŋu o. Le ƒe enyi siwo va yi me la, Amerikatɔ 67 le alafa me si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ gblɔ be osɔfowo ƒe anukwareɖiɖi kple agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo “kɔkɔ” alo “wo kɔkɔ ŋutɔ.” Wokpɔe le ƒe 1993 ƒe numekuku me be xexlẽmea ɖiɖi va 53 le alafa me. Nukatae? Agbegbegblẽnɔnɔ ƒe ŋukpenanu siwo television dzi mawunyagblɔlawo, Protestant, kple Katoliko osɔfowo wɔ la ƒo ɖi osɔfowo abe alesi nyaʋiʋli siwo fɔ ɖe te le gadzɔdzɔ ŋu fia ene. Va ɖo ƒe 1988 me la, amewo va bu atikewɔlawo be wode ŋgɔ le agbenyuinɔnɔ gome wu osɔfowo. Numekuku bubu gɔ̃ hã fia be wogblɔ be ɖokuisidɔwɔlawo, kɔmpiutawo, kple mɔɖaŋudɔwo va le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi hena nyui wu subɔsubɔhawo. Gake amewo gasena le wo ɖokui me kokoko be osɔfowo ɖia anukware wu dunyahelawo kple nyadzɔdzɔŋlɔlawo.

India Lãwo Ðo Afɔku Me

India Nutowo Me Ðekawɔwɔ Dɔwɔƒe ƒe amegãwo katã kpe ta le ƒe si va yi me be woagblɔ nusi wote ŋu wɔ le India-lãklewo takpɔkpɔ me esi wova kpɔe be nu bubu kura ŋu yewoke ɖo: Lãklewo ƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo vɔ. Tso ƒe 1988 me la, adelawo wu lãkle 4,500 siwo le gbea me la dometɔ 1,500. Wodzraa lãkle siwo wowu ƒe ŋutinu ɖesiaɖe kloe​—⁠agbadze, ƒuwo, ʋu, kple vidzinuwo gɔ̃ hã​—⁠le adzamesiwo me ho gãe. Asitsatsa manɔsenuwo hã le India-lã bubuwo tsrɔ̃m. Gbenyi xexlẽme si wowuna ɖe woƒe dzo ta dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Wogale ati­glinyitsu gbogbo aɖewo wum ɖe woƒe aɖuwo ta. Wole kpɔ̃ ƒomeviwo katã wum le woƒe agbadzewo ɖem. Wole zi ƒomevi aɖewo wum ɖe kotoku si ʋẽna lilili si le woƒe akɔnu ta, eye wole sisiblisi yibɔwo hã wum ɖe woƒe veve ta. Hekpe ɖe eŋu la, wole dawo kple adoglowo wum ɖe woƒe agbadze ta, eye wole Agbalĩ hã wum ɖe woƒe fu si wotsɔ wɔa awuŋutikplɔnu ta. Woɖoa lãwo abe klo kple xevi si nye dzeɖetutu ene ɖe duta. Avedzikpɔlawo le vɔvɔ̃m be adela siwo bla aʋakpa nyuie la ava wu yewo.

Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe Akɔntabubu

Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ dziɖeléameƒotɔe le alesi wole avu wɔm kple dɔlélee ŋuti le eƒe xexeame ƒe lãmesẽnyawo ŋuti nyatakaka enyilia me be: “Edze abe ɖe anyigba xɔdzo dzi dɔlélewo le kakam vevie ene, eye kolera hã va ɖo Amerika-nyigbawo dzi zi gbãtɔ le ƒe alafa sia me, aŋutiɖiɖiŋudza kple ŋudza ƒomevi aɖe si woyɔna be dengue va le ame geɖe wu lém eye asrã hã le fievo dom ɖe edzi . . . AIDS-dɔlélea le kakam ɖe xexeame katã . . . yɔmekpe le ta kekem . . . Eyae nye zi gbãtɔ dɔdzẽlélawo va sɔ gbɔ le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me wu dukɔ deŋgɔwo tɔ. Suklidɔ le dzidzim ɖe edzi le afisiafi.” Akɔntabubua ɖee fia le ƒe 1985 va ɖo 1990 me be dɔlélee wua ame miliɔn 50 siwo kuna ƒe sia ƒe dometɔ miliɔn 46.5, eye ɖevi miliɔn 140 siwo wodzina ƒe sia ƒe dome miliɔn 4 kuna ne wodzi wo gaƒoƒo alo ŋkeke ʋee aɖewo megbe. Ame miliɔn adre bubuwo xɔa dɔdzẽ ƒe sia ƒe eye ame miliɔn ɖeka kple edzivɔ xɔa HIV-dɔlékui si hea AIDS vɛ la ƒe sia ƒe. Dzidzɔnyae nye be ɖevime dɔléle aɖewo abe agbaɣi kple kɔkɔdzayi ene le vɔvɔm, eye amegbetɔ ƒe agbenɔƒe dzi ɖe edzi tso ƒe ɖeka yina ƒe eve. Amegbetɔ ƒe agbenɔƒe fifia le xexeame katã le mamã dedie nue nye ƒe 65.

Amesiwo Atamanono Wuna le United States Dzi Ðe Kpɔtɔ

United States ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Habɔbɔ gblɔ be amesiwo atamanono wuna ƒe xexlẽme ɖiɖi​—⁠esiae nye zi gbãtɔ tso esime wodze eŋuti nuŋlɔɖiwo wɔwɔ gɔme tso ƒe 1985 me. Ame 15,000 do le Amerikatɔ siwo atamanono wuna la me va zu ame 419,000 le ƒe 1990 me le esi dzidɔ si tsoa atamanono me dzi ɖe kpɔtɔ ta. Amerikatɔ siwo nye ame tsitsiwo dometɔ 42.4 le alafa me ye no atama le ƒe 1965 me. Ame 25.5 le alafa me ye noe le ƒe 1990 me. Gake atamanono kpɔtɔ nye nusi gbɔ dɔléle kple ku siwo woate ŋu axe mɔ na hafi la tsona eye wòdzia ga si wogblẽna ɖe lãmesẽnyawo ŋu ɖe edzi Amerikatɔwo ƒe dɔlar biliɔn 20 ƒe sia ƒe. Esi dziɖuɖuwo ya zãa dɔlar miliɔn 1 ƒe sia ƒe tsɔ ƒoa nu tsia tre ɖe atamanono ŋu la, atamawɔƒewo ya zã dɔlar biliɔn 4 ɖe boblododo ŋu tsɔ doa atamanono ɖe ŋgɔe. CDC ka nya ta be atamanono ɖea atamanola ɖesiaɖe ƒe agbe dzi kpɔtɔna ƒe atɔ̃ le mamã dedie nu.

Mɔkpɔkpɔbuɖeame Kple Dzi La

Science News gblɔ be: “Wode dzesii be mɔkpɔkpɔbuɖeame kple nuxaxa atraɖii ana ame naxɔ dzidɔ bɔbɔe eye ate ŋu awui hã.” Numekulawo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔbuɖeame kple konyifafa si li ƒe geɖe evɔ mena ‘wolé blanui vevie’ o la ate ŋu agblẽ nu le dzia ƒe dɔwɔwɔ ŋu.” Numekulawo srɔ̃ nu le ame tsitsi 2,832 siwo xɔ ƒe 45 vaseɖe 77 ŋu ƒe 12 le mamã dedie nu. Dzidɔ kple dɔléle xoxo aɖeke menɔ wo ŋu gbã o. Nusiwo ŋu woke ɖo fia be dzidɔ wu wo dometɔ siwo gblɔ be mɔkpɔkpɔ bu ɖe yewo zi gbɔ zi ene wu amesiwo mɔkpɔkpɔ mebu ɖe o eye be dzidɔ si mewua ame o la dze zi geɖe le amesiwo lé blanui ŋu wu. Amesiwo dzidɔ wuna sɔ gbɔ sã le amesiwo lé blanui eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo vie gɔ̃ hã dome ne wotsɔe sɔ kple amesiwo mɔkpɔkpɔ mebu ɖo kura o tɔ.

Exɔxɔ Dzi Ko Wole

Le ƒe 1989 me la, ƒoƒoe aɖe te ƒe adre vi Craig Shergold si nye Britaniatɔ la ƒe ahɔhɔ̃ me eye womebu agbe ɖe eŋu o. Eƒe taɖodzinue nye be yeava zu amesi axɔ gbedonamegbalẽ gbogbotɔ wu le xexeame katã. Esi nyadzɔdzɔgbalẽwo kple habɔbɔ si woyɔna be Atlanta woɖe gbeƒãe la, exɔ gbã le ɣleti ʋee aɖewo ko me. Woxɔ gbedonamegbalẽ siwo wu miliɔn 16 le ƒe gbãtɔ me, miliɔn 33 le ƒe 1992 me. Exɔxɔ dzi ko wogale, 300,000 le kwasiɖa ɖeka me togbɔ be woɖe gbeƒãe ƒe eve enye sia be woadzudzɔ eɖoɖo ɖa gake. Woxlẽe vaseɖe miliɔn 60. Arthur Stein si nye habɔbɔa ƒe zimenɔla gblɔ be: “Gbedonamegbalẽ siwo míeʋu haɖe o la gali eye eyɔ nudzraɖoƒexɔ si lolo meta 900 togodo la taŋ.” Dɔmenyotɔ aɖe kpe ɖe Craig ŋu wowɔ dɔ nɛ le ƒe 1991 ƒe gɔmedzedze me, eye woɖe ƒoƒoea ƒe agbɔsɔsɔme 90 le alafa me nɛ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe