“Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpea Tu Aƒe
Ŋkeke etɔ̃ Biblia me nufiame siwo aɖe vi na wò le lalawòm le Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpea. Wowɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpea le teƒe 21 le Ghana kple Togo, woawɔe le Togo le August kple September me eye woawɔe le Ghana le December kple January me. Eyata àte ŋu ayi takpekpe si tsɔ gbɔwò wu.
Woatsɔ hadzidzi adze takpekpea gɔmee le Fiɖa ŋdi ga 10:20 me eye takpekpea awu enu gbemagbe le ŋdɔ ga atɔ̃ me lɔƒo. Le Memleɖa kple Kwasiɖagbe la, kpekpea adze egɔme ŋdi 9:30 eye wòawu enu le ŋdɔ ga atɔ̃ me lɔƒo le Memleɖagbe kple ŋdɔ 4:15 le Kwasiɖagbe.
Menye nusi mawuvɔvɔ̃ nye koe nuƒo tɔxɛ si woaƒo le Fiɖa ŋdi afia o ke aɖe viɖe siwo amesiwo tua vɔvɔ̃ ma ɖo akpɔ hã fia. Takpekpea me nuƒo bliboa ate gbe ɖe viɖe siawo dzi.
Le Fiɖa ŋdɔ ƒe nuƒo kpui kple wɔwɔfia siwo axɔ gaƒoƒo ɖeka me la, àse alesi mawuvɔvɔ̃ ate ŋu ado ŋusẽ srɔ̃ɖeɖe kple ƒome gbenɔnɔ, kple alesi wòakpe ɖe ɖeviwo ŋu woanɔ te sesĩe le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me. Woatsɔ nuƒo lédziname si ƒe tanyae nye “Akɔfafa na Amesiwo ƒe Lɔlɔ̃tɔwo Ku” aƒo Fiɖagbe nuƒoawo tae. Kpekpeɖeŋu nyui si woana le nuƒo ma me na amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku la adzɔ dzi na wò.
Memleɖagbe nuƒoawo afia alesi mawuvɔvɔ̃ ate ŋu ado ŋusẽ mí be míalé ɖe Yehowa ƒe mɔfiame le hamea me kple míaƒe subɔsubɔdɔa me ŋui la mí. Nuƒo si nye “Amesiwo Yehowa Megblẽ Ði O” aƒo nu tso alesi wòle be Mawu ƒe ŋugbedodo be yemagblẽ yeƒe amewo ɖi o la nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi le egbe xexeame ŋu. Emegbe woaɖo aɖaŋu siwo awɔ dɔ na vavalawo le ŋdɔ me le nuƒo si nye “Xlẽ Mawu ƒe Nya Biblia Kɔkɔe la Gbesiagbe” me le alesi woaxlẽ Biblia la ahasrɔ̃e ŋu. Woaƒo Memleɖa nuƒoawo ta kple tanya ʋãme sia be “Yehowa ƒe Ŋkeke Dziŋɔ la Gogo.”
Kwasiɖagbe nuƒoawo dometɔ ɖekae nye “Woafɔ Ame Dzɔdzɔewo Ðe Tsitre.” Woaɖe ŋugbe wɔnuku si Yesu do le amesiwo maku akpɔ o ŋu la me le nuƒo si akplɔe ɖo me, eƒe tanyae nye “Woɖe Wo tso Xaxa Gã la Me.”—Yohanes 11:26.
Woawɔ drama si ana woabu tame si axɔ miniti 40 la atsɔ awu Kwasiɖagbe ŋdi kpekpea nui, eƒe tanyae nye “Tiatia Siwo Dze Ŋgɔ Wò.” Woahe nyaselawo ƒe susu ayi Yosua ƒe ŋkekea me dzi eye woakpɔ alesi wòɖoe kplikpaa be yeasubɔ Yehowa. Woagakpɔ dzo ƒe dodokpɔ si va le Eliya ƒe ŋkekea me, eye vavalawo asrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ siawo me si akpe ɖe wo ŋu woaɖe mawuvɔvɔ̃ afia egbea.
Takpekpe me nuƒo tɔxɛ si woaƒo le Kwasiɖagbe ŋdɔ mee nye dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Nusita Wòle Be Nàvɔ̃ Mawu Vavã la Fifia.” Míeka ɖe edzi be aɖe vi geɖe na wò ne ènɔ anyi ŋkeke etɔ̃awo katã! Míekpe wò tso dzime ke be nàva. Ne èle teƒe si gogo wò wu dim la, yi ɖabia le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe akpata si le mia gbɔ la me alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Àte ŋu akpɔ June 8 ƒe Awake!, hã, si me United States, Canada, Britania, kple Ireland ƒe takpekpewɔƒewo katã adze le.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
T. Rosenthal/SUPERSTOCK