Ðe Dzime Vea Wòa?
Srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla Karen si xɔ ƒe 32 eye vi eve le esi la gblɔ be: “Vevesesea nu sẽ. Ðeko wòwɔ abe ame aɖee tsɔ dzosinu tɔ dzo dzime nam ene! Nusi dzi meɖo ŋku koe nye be mebɔbɔ be mate nɔgãyɔvinye ɖa le atukpa gbagbã aɖe gbɔ, kasia nye dzime koe ʋu dzo. Metsi nenema ŋkeke ene sɔŋ nyemete ŋu madzɔ o. Nyemese veve alea kpɔ o.”
DZIMEVEE ye kplɔ taɖui ɖo le United States. Eyae va gblẽa nu le amesiwo mexɔ ƒe 45 haɖe o ŋu wu eye wònye etɔ̃lia le amesiwo xɔ wu ƒe 45 gome. Veveselawo zãa dɔlar biliɔn 24 ƒe sia ƒe be yewoakpɔ gbɔdzɔe—ewu ga si wogblẽ ɖe AIDS-dɔlélea dada ŋu le ƒe 1991 me zi gbɔ zi ene.
Ðk. Alf L. Nachemson si nye dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekula le dzimevee ŋu gblɔ be ali ve dɔnɔ biliɔn 2 le xexeame katã le ƒe ewo siwo va yi me. Egblɔ be: “Mía dometɔ 80 le alafa me ase dzimevee vie ɣeaɖeɣi le míaƒe ŋusẽmenɔɣi.”
Vevesese Edziedzi
Dzimevee metsoa ame aɖeke ɖi o. Evea dɔsesẽwɔlawo kple ɔfisdɔwɔlawo siaa. Dzime ate ŋu ave ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. Ne vevesesea gahona eye enu mefana o la, ate ŋu agblẽ nu le wò dɔwɔna, ganya, ƒome, kple wò ɖoƒe le ƒomea me ŋu eye wòana nàse veve le ememe hã. Alekee?
Agbalẽ si nye The Fight Against Pain gblɔ be amewo sea veve enuenu. Lãmevee hea nuxaxa kple blanuiléle si na wosea veve vevie matɔmatɔe la vɛ. Le kpɔɖeŋu me, le esi dzimevee ate ŋu awɔe be nu geɖe maganya wɔ na dzila alo aƒedzikpɔla si metsi o ta la, eƒe dɔmetɔwo, ƒomea, kple exɔlɔ̃wo anɔ fu ɖem nɛ.
Agbalẽŋlɔla Pat si xɔ ƒe 35 si dzime ve zi geɖe, zi gbãtɔ le ƒe 1986 me la gblɔ be: “Mekpɔe be ƒonyemeawo kple xɔ̃nyewo ƒe nugɔmemasemase kple vevemaseɖeamenu ye nye kuxi gãtɔ kekeake. Amewo mebunɛ be vevea nu sẽ o elabena womenya fu si gbegbe kpem nèle o. Esi mènya ɣeyiɣi si me vevea agaho alo afisi wòaho le o ta la, màwɔ ɖoɖo ɖe dɔ geɖe wɔwɔ ŋu o. Àva dze hadomenumawɔla, màlɔ̃ be yeayi ne wokpe wò o, màlɔ̃ akɔ ame bubu ƒe vi o, màko alɔgbɔnu o, le esi nèle veve sem ta. Ne èɖe mɔ na vevesesea la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò.”
Nusita Dzime Vea Ame
Ðe womate ŋu axe mɔ ɖe dzimevee nu oa? Nukae nàwɔ be enu naka fa vie alo atsɔ axe mɔ nɛ? Ɣekaɣie wòle be nàdi kpekpeɖeŋu tso atikewɔlawo gbɔ? Togbɔ be dzimevee si nu gbe fafa ate ŋu aʋlu lãmedɔ geɖe hã la, numedzodzro sia aku ɖe nusi hea dzimevee ƒomevi eve vɛ ŋu—dzimeƒukpeƒewo ƒe gigli kple lãmeka ƒe miamiã.
Dzimeƒukpeƒewo ƒe gigli ye nana ɖeviwo kple ame tsitsi siwo xɔ tso ƒe blaene sea dzimevee wu. Woyɔa kpeƒe siawo zi geɖe be “dzimeƒukpeƒewo ƒe gigli,” gake ŋkɔ sia mesɔ o elabena womate ŋu atsɔ dzimeƒuwo aɖo enu alo agli wo le wo nɔƒe o.
Kaka ame naxɔ ƒe 20 la, ade kple tsi si le nusi le abe akutsa ene me le dzimeƒua me la dzea vɔvɔ gɔme eye kpeƒea nɔ miamiãm. Gake zi geɖe la, esia mena wosea veve o. Gake ame aɖewo sea veve vevie ne nusi le abe akutsa ene le ƒua me do to ka lɛlɛawo me.
Fortune magazine gblɔ le dzimeƒukpeƒeawo ŋu be: “Ne wogblẽ va ɖo afi aɖe ko la, nu suetɔ kekeake si nàwɔ—abe nyenyẽ alo bɔbɔ be yeatsɔ haƒomɔ̃ ɖeɖe—ate ŋu ana vevesesea nadze egɔme.”
Kpeƒeawo wɔa dɔ abe nusi ɖea nane ƒe ŋusẽ dzi kpɔtɔna ene le dzimeƒukpeƒe 24 gbãtɔwo dome. Ƒu siawo le wo nɔewo dzi eye woɖe ʋe didi aɖe si me dzimeka to. Do sue aɖe le dzimeƒukpeƒe eve ɖesiaɖe dome, si me lãmeka ƒe ƒuƒoƒo si woyɔna be lãmekawo ƒe agunu do to, lãmeka siawo ƒe ɖeka le akpawo kple eve. Dzimeƒukpeƒe ate ŋu agli ava miã lãmeka aɖe. Esia ate ŋu axe mɔ na lãmekawo dome kadodo si ɖoa lãmenusese ɖe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo gaxɔnɛ tsoa afimawo vɛ la.
Le kpɔɖeŋu me, alivee kple ataɖui sesẽ ate ŋu aɖe fu na ame ne nane te ɖe ka siawo ƒe agunu dzi. Ka gbogbo siwo do tso alimee va wɔ ataka la. Ka ɖeka le akpawo kple eve, eto ata ɖesiaɖe megbe va ɖo klonu heva de nu lãmeka bubuwo me. Alivee dzea egɔme zi geɖe tso alime yia agɔnu va ɖoa ata megbe eye wòva dona ɖe sobo kple afɔ gbɔ ɣeaɖewoɣi. Esia awɔe be womate ŋu abi afɔ o—enaa afɔ dzea ti le esi afɔkawo megate ŋu kɔa afɔbidɛawo dzi o ta. Vevesela la ƒe afɔ si nua wɔ la ate ŋu aku ɖe eŋu, adze ti, eye kawo hã agbɔdzɔ.
Ne dzimeƒukpeƒeawo miã lãmekawo ƒe agunu si le cauda equina, si nye lãmeka ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le alia te tututu, si wɔa dɔ le aɖuɖɔtui kple dɔmenuwo ŋu la, aɖuɖɔɖɔɖɔ alo nugododede asesẽ nɛ. Ele be amesiwo kpɔ dzesi siawo ƒe ɖe le wo ɖokui ŋu la nakpɔ ɖɔkta enumake elabena woate ŋu anye lãmeka ƒe kuxi sesẽ aɖe ƒe dzesiwo.
Ne dzimexlɔ̃ewo miã eye wogbɔdzɔ la, wova zua ka ƒokpli sesẽ si léa dzimeƒua ɖe te be magagli o eye wònana wòte ŋu bina hetrona. Gake ne nane te ɖe lãmeka dzi eye megate ŋu le dɔ wɔm nyuie o la, ete ŋu miãna sesĩe ale gbegbe be eva zua kpo sesẽ aɖe. Dzimevee si dzea ame dzi zi ɖeka eye wòna womegate ŋu ʋãna nyuie o ɣeyiɣi aɖe la vena helĩhelĩ. Vevesela aɖe ƒo nu tso vevesesea ŋu be ele abe “anyigbae ʋuʋu ɖe wo nɔewo yome le wò dzime” ene.
Ðɔktawo gblɔ be kawo miãna be wòakpɔ ame ta be nu magagblẽ le ka siwo gbɔdzɔ xoxo la ŋu ɖe edzi o. Agbalẽtaƒe si woyɔna be Time-Life ƒe agbalẽ si nye The Fit Back gblɔ be: “Ne wò dzime dze ti la, kawo ƒe miamiã azi dziwò be nàwɔ nu nyuitɔ kekeake si nye be nàmlɔ anyi. Menye ɖeko anyimɔmlɔ ɖea dzimevee dzi kpɔtɔna o ke enaa ka si megale dɔ wɔm nyuie o la ɖɔa eɖokui ɖo.”
Be wò dzime magahe si nana kawo miãna zi geɖe o la, ele be dzimekawo, ƒodokawo, kple atakawo nawɔ dɔ nyuie ahasẽ. Le kpɔɖeŋu me, ƒodoka siwo gbɔdzɔ ate ŋu ana dzime naliã elabena womete ŋu lée ɖe te nyuie o eye womate ŋu tsɔ ŋutilã ƒe kpekpe si zi ɖe dzimeƒua dzi o. Ne ƒodokawo le ɖoɖo nu la, wozua “lãmeka sesẽ” si ana ali mave ame eye wòaxa gobaa o. Ali ƒe xaxa gobaa hea dzimeƒukpeƒeawo be womeganɔa ɖoɖo nu o.
Nusi Nàwɔ Atsɔ Atsi Vevesese Nui Vie
Tsitrematsimatsi alo anyimanɔmanɔ nyuie, lolo fũ, lãmekawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ, kple nuteɖeamedzi nye nu ene siwo ate ŋu ana ali nave ame. Gbesiagbenuwɔna siwo womewɔ nyuie o, abe anyinɔnɔ, tsitretsitsi, alo nu kɔkɔ ene hã nye nusiwo na wòte ŋu dzea ame dzi bɔbɔe.
Ƒomedodo aɖe le tsitretsitsi alo anyinɔnɔ nyuie kple ƒodokawo kple dzimekawo ƒe sesẽ dome. Tsitretsitsi alo anyinɔnɔ nyuie wɔnɛ be kawo wɔa dɔ nyuie eye kawo ƒe dɔwɔwɔ nyuie hã le vevie be woate ŋu atsi tre nyuie. Tsitretsitsi alo anyinɔnɔ ɖe alesi dzimeƒua xa ɖe S ƒe nɔnɔme la hiã hafi woate ŋu atsi tre alo anɔ anyi nyuie. Mefia be woahe dzimeƒua me wòadzɔ o.
Robin McKenzie gblɔ ɖe agbalẽ si nye Treat Your Own Back me be ne woɖɔ ame ƒe tsitretsitsi alo anyinɔnɔ ɖo nyuie azɔ la, woate ŋu aɖe vevesese si wòhena vɛ la ɖa, eye wògblɔ kpee be: “Gake ne ɣeyiɣiwo va le yiyim eye womeɖɔ tsitrematsimatsi nyuie si mã ame ɖo o la, etrɔa ƒunukpeƒewo ƒe nɔnɔme, nu gblẽna le wo ŋu vevie, eye wòna nu tea ƒunukpeƒeawo ŋu kaba wu alesi wòle be wòanɔ.”
Kpekpe fũ, vevietɔ le ƒodo gbɔ hã, ate ŋu ana nu nate ɖe dzime dzi elabena ehea ka siwo lé dzime la me. Kamedede edziedzi nye nu vevi aɖe si ana wò dzime nasẽ nyuie. Ne mègasea veve o hã la, kamedede hiã elabena dzimevee si nu fa la te ŋu agaho le vome. Wokafui be woado ame kpɔ nyuie hafi woadze kamedede gɔme vevie. Ðɔkta ate ŋu agblɔ kamedede si nyo na amesiame ɖe alesi dzime le evemee nu alo ate ŋu agblɔ na dɔnɔa be wòayi kamededetikewɔla aɖe gbɔ.
Numekulawo kpɔe be nuteɖeamedzi hã ate ŋu ana dzime nave ame. Nuteɖeamedzi amiã ame aɖewo ƒe lãmekawo me elabena gbɔdzɔemakpɔmakpɔ hea kawo me si na wosea dzimevee. Asitɔtrɔ le nusiwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona ŋu alo mɔxexe nɛ ate ŋu aɖe dzimevee dzi akpɔtɔ.
Dzime ate ŋu ave amesiwo nɔa anyinɔƒe ɣeyiɣi didi le dɔ me alo ne wole mɔ didi aɖe zɔm. Numekuku aɖe si wowɔ le Sweden fia be ame ƒe kpekpe katã va tsia eƒe alime ne enɔ anyi. Nublanuitɔe la, ɔfiszikpui siwo ŋu medenu nyui mele o zazã na afɔku sia dzina ɖe edzi. Anyo be edziedzi la, woatso azɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo atsɔ anɔ anyinɔnɔ me tsomee.
Ele be woakpɔ nyuie be woagazã dzimekawo ne wole nu kpekpe alo nu wodzoe gɔ̃ hã kɔm o. Wokafui be woaŋe klo me ne wole nu kɔm ale be agba la katã matsi dzimekawo dzi o.
Dzime ave amesi metsia tre nyuie hafi wɔa dɔ o la hã. Ehiã be mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe ƒe dɔwɔlawo, dɔnɔdzikpɔlawo, elektrikdɔwɔlawo, aƒemedzraɖolawo, kple agbledelawo nabi ɖe ŋgɔgbe hafi anɔ woƒe dɔwo wɔm. Be nuvevi magawɔ dzime na wo fũ o la, kamededetikewɔlawo kafui be woanɔ gbɔgbɔm ɖe eme alo anɔ teƒe ɖɔ lim edziedzi. Woɖo aɖaŋu na amesiwo nɔa tsitrenu eteƒe didina la be woatsɔ zikpui sue alo afɔɖodzinu bubu aɖe be woakɔ afɔ ɖeka ɖe dzi vie be woadzɔ woƒe ata.
Gbedamɔnu Didi
Ðɔktawo kafui na dzimeveesela siwo ƒe vevesese tso lãmekawo gbɔ la ƒe akpa gãtɔ be woazã gbedamɔnu siwo li tso blema ke—ɖiɖiɖeme le aba dzi, nu xɔdzo zazã, tsiƒoƒo lãme, kamedede, kple gbã la, woano vevesesenutsitike. Ðk. Mark Brown si le Miami Yunivɛsiti ƒe Atikesrɔ̃suku ɖo aɖaŋu aɖe le vevesesenutsitikewo ŋu. Egblɔ be atikenono ɣeyiɣi didi koŋ ye na amewo sea dzimevee le United States, efia be atikenonoe naa dzime vea wo. Ele be woakpɔ nyuie be atike aɖe nono manɔ ame nu vivim si ate ŋu ana woanɔ enom sɔ gbɔ eye wòazu numãme na ame o.
Kamedetikewɔwɔ kple dzime hehe na ame ate ŋu akpe ɖe dɔnɔ aɖewo hã ŋu eye wòana gbɔdzɔe wo. Agbalẽ si nye HealthFacts gblɔ be ne womã dzimeveesela siwo le United States ɖe akpa etɔ̃ la, woƒe akpa eve yia kɔdzi be woahe lãme na yewo.
Ðewohĩ ahiã be woako ame atsɔ aɖɔ dzimeƒu ƒe gigli ɖo alo atsi veve si wòna wosena nu. Gake zi geɖe la, ɖɔktawo akafui na dzimeveeselawo ƒe akpa gãtɔ be woazã gbedamɔnu siwo li tso blema ke la gbã. Anyo be amesiwo wogblɔ na be woako wo la nagakpɔ ɖɔkta ɖeka alo eve bubu ɖe nya sia ŋu.
Ame miliɔn geɖe sea dzimevee ɖaa gake enu mesẽna akpa o. Ame geɖe ɖea susu ɖa le vevesesea ŋu gake wodzea agbagba be womana wòagblẽ yewoƒe gbesiagbedɔwo me o. Wonya nusiwo naa wosea veve eye woxea mɔ nɛ alo tsia enu. Wodea kame edziedzi, woakpɔa egbɔ be yewomekpe fũ o, woléa ŋku ɖe alesi wotsia tre alo nɔa anyii ŋu nyuie, woɖea woƒe agbemenuteɖeamedziwo dzi kpɔtɔna. Togbɔ be dzimeƒu ƒe gigli kple lãmeka ƒe miamiã na Karen si míeyɔ va yi nɔa veve sem hã la, etsɔa dzidzɔ gawɔa dɔ vevie kple ŋkubiã, eye wòzãa ɣeyiɣi geɖe le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ si Yehowa Ðasefowo wɔna la me. Abe Karen ene la, vevesela geɖe metsia dzi wu alesi dze o eye wodzea agbagba be yewoanɔ te ɖe yewoƒe dzimevee nu.
[Aɖaka si le axa 26]
Mɔxexe Ðe Dzimevee Nu ƒe Kpekpeɖeŋu Aɖewo
☞ Mègakɔ nu kaba zi ɖeka le anyigba o. Le esi teƒe be nàbɔbɔ tso ali gbɔ la, ŋe klo me boŋ.
☞ Na woakpe ɖe ŋuwò ne èle nu kpekpe kɔm.
☞ Ne èlé nu geɖe ɖe asi la, na kpekpemea nada sɔ le akpa evea. Ne nu kpekpe ɖekae nèkɔ la, kɔe kple asi eve ɖe ŋgɔgbe ɖe ametia ŋu. Ne axadzie nèkɔe ɖo tae la, ke nɔ tɔtrɔm ɖe eŋu.
☞ Ne àzɔ mɔ la, tsɔ agbatsɔnu si woate ŋu aŋe bɔbɔe alo akplo si ŋu ka le nàkpla.
☞ Ne èle agba ɖem le ʋu me la, te agbawo ɖe ɖokuiwò ŋu nyuie hafi nàkɔ wo.
☞ Zã tsitrenutixali tsɔ kplɔ nui. Le esi teƒe be nàbɔbɔ ɖe ali gbɔ hafi akplɔ nuwo te la, da ɖovu bɔbɔe ɖe anyigba nàdze klo ɖeka ɖe edzi boŋ. Gake ne ahiã be nàbɔbɔ ɖe ali gbɔ kokoko la, ekema ne anya wɔ la, tsɔ asi ɖeka lé nui.
☞ Ne èle ɔfisdɔ wɔm le kplɔ̃ ŋu sẽ la, tso eye nàwɔ dɔa le nane si le yame va ɖo wò ali dzi la ŋuti.
☞ Dze klo ne èle dɔ wɔm le abɔ me eye ka dɔa vivivi. Mègabi ɖokuiwò ɖe ali gbɔ ne èle tsitrenu o.
☞ De dzime edziedzi gbesiagbe ne aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 15 pɛ koe hã. Wɔ kamedede bɔbɔewo ko ne ètsi.
☞ Ne èle aba ɖom la, dze klo ɖeka ɖe aba dzi eye mègado wò abɔ evea siaa ɖe aba ƒe akpa keme o ke viã ɖe abɔ ɖeka ŋu. Nɔ zɔzɔm ƒo xlã abaa ne èle abadzivɔa kekem alo ne èle etem ɖe eme.
☞ Ne èku ʋu yina didiƒe la, nɔ ɖiɖim ɖe eme le mɔa dzi. Ne ʋua ƒe megbezikpui mesɔe na wò o la, tsɔ suɖui ɖo zikpuia ƒe akpa si mesɔ dzime na wò nyuie o.
☞ Mègaƒu du le anyi- gba sesẽ dzi ne èle kame dem o. Do kamedefɔkpa nyuiwo.
☞ Tsɔ suɖui alo nu bubu aɖe ɖo megbe ne èmlɔ akpasa me alo nèdze ŋe ɖe zikpui lɔbɔɔ me. Tɔ ɖe afɔnu nàtso blewuu.
☞ Ne ènɔa anyinɔƒe ɣeyiɣi didi le dɔ me la, ekema di zikpui si ƒe medenu nyo nyuie. Tso nàzɔ vie ɣeaɖewoɣi.
☞ Ne èle dɔ wɔm le agbalẽwo ŋu la, mèganɔ tsitrenu eteƒe nadidi o ke nɔ anyi ɖe zikpui dzi ne anya wɔ.
☞ Ne ehiã be nàdo zɔkɔkɔefɔkpa le ŋkekea me eye wòanya wɔ la, tsɔ afɔkpa bubu siwo hã sɔ la ɖe asi eye nàdoe atsɔ anɔ eɖɔlimee.