Ŋgɔyiyi Si Wowɔ Le Vevesese Nu Tsitsi Me
VA ÐO nyitsɔ laa la, ɖɔkta ʋee aɖewo koe nya nu le vevesese ŋu eye wo dometɔ geɖe menya nu le eŋu haɖe o. Dukɔwo Dome Vevesese Habɔbɔ ƒe zimenɔla tsãtɔ, Ðk. John Liebeskind, gblɔ ƒe ʋee aɖewoe nye sia be: “Nyemeka ɖe edzi be atikesrɔ̃suku aɖeke le xexeame, afisi wozãa gaƒoƒo si wu ene le ƒe ene me tsɔ fiaa nu sukuviwo be woade dzesi vevesese ahatsi enu o.”
Gake gɔmesese si wova kpɔ le vevesese ŋu va do go ɖe agbagba gbogbo siwo dzem wole be woatsi enu la nu. Eyata mɔkpɔkpɔ le veveselawo si. American Health magazine ka nya ta be: “Míeda akpe be wova kpɔe le atikewɔwɔ me be vevesese atraɖii menye dɔléle ƒe dzesi gbɔlo ko o ke boŋ enye dɔléle le eɖokui si si woate ŋu ada.” Nukpɔsusu sia na wole atikewɔƒe geɖe ɖom koŋ be woada gbe le veveselawo ŋu.
Vevesesetikewɔƒewo
Ðk. John J. Bonica ɖo kɔdzi si kpɔa vevesenya vovovowo gbɔ gbãtɔ ɖe United States. Egblɔ be: “Kɔdzi siawo ƒe ewo koe nɔ xexeame katã le ƒe 1969 me.” Gake kɔdzi siwo woɖo koŋ ɖe vevesenyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu dzi ɖe edzi kaba ŋutɔ le ƒe 25 siwo va yi me. Kɔdzi siawo wu akpe ɖeka fifia, eye dukɔa ƒe vevesenyawo gbɔ kpɔha teƒenɔla gblɔ be “woɖoa yeyewo gbesiagbe kloe.”a
Bu nusi esia fia ŋu kpɔ! Vevesese nu tsitsi ŋuti nunyala Ðk. Gary Feldstein si le New York Dugã me, gblɔ be: “Fifia dɔnɔ siwo zɔa mɔ kilometa alafa alo akpe geɖe hafi yia kɔdzi be woatsi vevesese nu na yewo la ate ŋu akpɔ kɔdzi si tsɔ wo gbɔ.” Ne wòe le vevea sem la, kpɔ alesi wòanyoe be atikewɔla siwo wona hehee nakpe ɖe ŋuwò be woatsi wò vevesese nui ɖa!
Dzime ve Linda Parsons si nye Yehowa Ðasefo dzikpɔla mɔzɔla aɖe srɔ̃ ƒe geɖe. Etsa le atikewɔla geɖe dzi gake vevesesea nu mefa kpɔ o. Gbeɖeka le ƒe si va yi ƒe May me la, dzi ɖe le srɔ̃a ƒo kloe gake etsɔ telefonxexlẽdzesigbalẽ eye wòkpɔ afisi woŋlɔ ɖo be vevesese. Woŋlɔ vevesesetikewɔƒe aɖe si medidi tso afisi wonɔ subɔsubɔm le le California ƒe dziehe gome o la ƒe telefonxexlẽdzesi ɖe eme. Woɖo ɣeyiɣi eye le ŋkeke ʋee aɖewo megbe Linda yi ɖɔkta aɖe gbɔ be wòakpɔ nusi nɔ fu ɖem na ye ɖa.
Wowɔ ɖoɖo be Linda nanɔ aƒeme tsom ava nɔ atike wɔm. Enɔa kɔa dzi dem zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka me eye wònɔ atike hã wɔm le aƒeme. Kwasiɖa ʋee aɖewo ko megbe la, ekpɔe be enɔ kakam ɖe eme. Srɔ̃a gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be egblɔ nukutɔe gbeɖeka fiẽ be, ‘nyemegale veve sem o.’” Le ɣleti aɖewo megbe megadea kɔdzi edziedzi o.
Alesi wokpe ɖe Linda ŋu le eƒe vevesese nu tsitsi me la nenema ke vevesesetikewɔƒe geɖe hã wɔnɛ. Atikewɔla bibiwoe wɔa dɔ le kɔ siawo dzi, eye Ðk. Bonica yɔe be enye “vevesese atraɖii nu tsitsi ƒe mɔnu nyuitɔ.” Le kpɔɖeŋu me, aleke wowɔ dɔ na Linda tsɔ tsi eƒe vevesese nui?
Alesi Woate Ŋu Atsi Vevesese Nui
Atikewɔgbalẽ aɖe agblɔ ɖoɖoa na wò ne èva ɖo: “Ðɔkta doa amesiame kpɔna akpɔ nusi gbɔ vevesesea tso emegbe eƒoa nu tsoa taɖodzinu ŋutɔŋutɔwo kple gbedaɖoɖowo ŋu na amea. . . . Wotoa mɔ tɔxɛ aɖewo dzi wɔnɛ be ŋutilã wɔa ‘endorphin’ (lãmetsi si ŋutilã ŋutɔ wɔna le eɖokui si) tsɔ tsia vevesese kple nuxaxa nui be woaganɔ vevesesenutsitike ko nom o.”
Atike siwo wowɔ na Linda dometɔ aɖewoe nye abi tsɔtsɔ tɔ ŋutilã kple nusi woyɔna be TENS, si fia elektrikŋusẽ tsɔtsɔ do ŋusẽ lãmekawoe. Wotsɔ elektrikŋusẽ do ŋusẽ eƒe lãmekawo le kɔa dzi eye wotsɔ TENS-mɔ̃ sue ɖeka nɛ be wòazã le aƒeme. Wofia alesi wòalé to ɖe eƒe lãmenusese ŋu ahatrɔ ɖe eŋu be wòatsi vevesesea nu vie la hãe.
Kamedede kple tsiƒoƒo lãme nyuie hã le atike siwo wowɔ nɛ me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Linda ƒe lãme ka ɖe eme vie la, wona wòva nɔ kame dem le kɔadzi ƒe kamedeƒe eye esia va nye atike siwo wowɔ nɛ ƒe akpa vevi aɖe. Kamededea le vevie elabena wokpɔe be ena lãmetsi si woyɔna be endorphin si dzi vevesese atraɖii ɖena kpɔtɔna la gaɖoa eƒe nɔnɔ. Gake alesi woakpe ɖe veveselawo ŋu be woawɔ ɖe kamedeɖoɖo si aɖe vi na wo dzie nye nusi ɖea fu.
Ame geɖe siwo sea veve atraɖii eye woyia kɔdzi la noa vevesesenutsitike ŋutɔ eye Linda hã noe. Gake eteƒe medidi o wogblɔ na Linda be megano atikeawo o eye emae nye vevesesetikewɔƒewo ƒe taɖodzinu vevi aɖe. Esi Linda dzudzɔ atikea nono la, meɖe fu nɛ o, gake esia dzɔna. Veveseseŋutinunyala Ðk. Ronald Melzack gblɔ be le “numekuku si wowɔ le ame 10,000 kple vɔ siwo fiã ŋu me la . . . , womate ŋu agblɔ be atike siwo wona wo le kɔdzi be wòatsi woƒe vevesese nu ye na atike mawo nono va zu numãme na wo dometɔ aɖe emegbe o.”
Esi susua kpɔa ŋusẽ ɖe vevesese atraɖii dzi vevie zi geɖe ta la, wodzea agbagba be woakpe ɖe dɔnɔwo ŋu le kɔdziwo be woaɖe vevesesea le susu me. Ðk. Arthur Barsky si nye nufialagã le Harvard Atikesrɔ̃suku me gblɔ be: “Nusi ŋu nèbuna, nusi nèkpɔa mɔ na, alesi gbegbe nèɖoa to wò seselelãmee—nusiawo katã kpɔa ŋusẽ ɖe nusi nàse le ɖokuiwò me la dzi vevie.” Eyata wokpena ɖe dɔnɔwo ŋu be woagabu woƒe vevesese ŋu o ke woabu nu bubuwo ŋu boŋ.
Enu Tsitsi ƒe Mɔkpɔkpɔwo
Vevesesetikewɔƒe yeye siawoe atsi ameƒomea ƒe vevesese nua? Togbɔ be vevesese nu tsitsi ƒe gbedamɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe le afisia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu hã la, ele be woakpɔ nyuie atia kɔdzi nyui alo vevesesetikewɔla bibi aɖe. Ke hã la, ele be nusiwo woakpɔ mɔ na nanye nu ŋutɔŋutɔ.
Míatsɔ ame aɖe ƒe dzidzedzekpɔkpɔ awɔ kpɔɖeŋui: Wɔna vɔ le Stephen Kaufman si nye Olympik-nukpekpetsɔla tsã la ŋu kloe esi adzoblasu aɖe da tu kɔ nɛ si wɔe be wòse veve vevie atraɖii. Gake esi wowɔ vevesesetike nɛ ɣleti enyi megbe la, ete ŋu gayi dɔ dzi bliboe eye mlɔeba egaʋli ho le nukpekpetsɔtsɔ me. Gake egblɔ be: “Zi geɖe la, nye afɔbidɛwo ʋua dzom hɛ abe tsi fiefie me wole ene.”
Eyata le ŋgɔyiyi nyui siawo katã megbe hã la, edze ƒã be ewu amegbetɔ ƒe ŋutete be wòana Biblia ƒe ŋugbedodo sia nava eme: “Veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ke aleke woaɖo taɖodzinu sia gbɔe?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyɔ! meda asi ɖe kɔdzi alo gbedamɔnu aɖeke ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi o.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]
Vevesesetikewɔmɔnu vovovowo, si me elektrikŋusẽ tsɔtsɔ do ŋusẽ lãmekawo hã le
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Le San Diego Vevesese Nu Tsitsi Dɔwɔƒe ƒe mɔɖeɖe nu