Nutikɔname—Ava Dzɔ ɖe Dziwòa?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE JAPAN GBƆ
“Ele dzedzem le nyɔnu nuɖukplɔ̃ŋusubɔla siwo le Sweden, nufiala siwo le Japan, Amerika-posudɔwɔlawo, bɔsukula siwo le Europa kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo katã le afisiafi ŋu be dɔ le tetem ɖe wo dzi.”—MAINICHI DAILY NEWS.
ÐEÐI te Nobuaki ŋu. Ewɔ dɔ zã kple keli eye wòxɔ ame 130 ɖe dɔ me le ɣleti ene me. Enye fiase gã aɖewo siwo woɖo ɖe teƒe vovovowo le Japan la ƒe alɔdze yeye aɖe ƒe nudzadzrawo dzi kpɔla, eye esi dɔ tsi edzi ta la, exɔ amesiwo meɖo dzidzenu si dim wònɔ gbɔ o. Wowɔa dzre kple wo nɔewo eye wotoa nyatoƒoe le woƒe dɔwo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ŋutsu dɔwɔla aɖe kplɔ nyɔnu dɔwɔla aɖe si dzoe. Ta ɖua Nobuaki gbesiagbe. Eteƒe medidi o mete ŋu gayia dɔ me o, eye le ŋkeke siwo dzi wòsẽ ŋkume yi la, etrɔna vaa aƒeme kaba. Nu ti kɔ nɛ eye wɔna vɔ le eŋu abe dzosinu si bi vɔ ene.
Nu tia kɔ na nyɔnu siwo kpɔa aƒe dzi gbesiagbe hã. Esi Sarah nɔ via etɔ̃awo gbɔ le aƒeme ƒe eve la, megava gbɔa dzi ɖi na wo kura o. Egblɔ be: “Ewɔ nam be dɔwɔwɔ dzi ko mele, gake dɔa mevɔna o.” Ne vidada wɔa ŋutilãmedɔ ganyia ɖeviwo la, anɔ bɔbɔe be nu nati kɔ nɛ wu. Betty si xɔ ƒe 40 di be yeada asɔ le vidadanyenye kple eƒe dɔ aɖe wɔwɔ me, eye wòdzea agbagba be yeakpɔ akpa eveawo gbɔ bliboe. Edze agbagba be yeadze amesiame ŋu—srɔ̃a, viawo, eƒe dɔtɔ, kple eƒe dɔwɔhatiwo. Eƒe ʋusɔgbɔdɔ nyrã, eye nya suesuewo kua dzi nɛ vevie. Nu va ti kɔ nɛ.
Nu tia kɔ na amesiwo ŋu womebunɛ ɖo o hã. Dzo nɔ Shinzo si nye Kristotɔ subɔla bibi la me ŋutɔ eye wòwɔa dɔ nyuiwo. Eyi be yeava na kpekpeɖeŋu le afisi Kristotɔ nufialawo ƒe hiahiã la lolo le wu. Gake le ɣleti ʋee aɖewo megbe la, nu te eŋu, eye wòdo ʋɔ ɖe eɖokui nu ŋkeke blibo. Ese le eɖokui me abe do si ŋu mɔ aɖeke mele o mee wòle ene. Nyametsotso le nusi wòawɔ kple eƒe ŋdɔnuɖuɖu ŋu gɔ̃ hã sesẽ nɛ. Naneke wɔwɔ megadzronɛ o. Nu ti kɔ nɛ keŋkeŋ.
Nukae Nye Nutikɔname?
Ekema nukae nye nutikɔname? Herbert Freudenberger kple numekula bubuwo dze nya sia zazã gɔme le ƒe 1970 ƒeawo ƒe domedome, eye eva nye nya si fia “ɖeɖiteameŋu si tsoa nuwɔwɔ kple amewo si kpɔa ŋusẽ ɖe seselelãme dzi me.” Efia “ŋutilã me alo seselelãme ƒe ɖeɖiteameŋu, vevietɔ esi tsoa ɣeyiɣi didi ƒe nuteɖeamedzi alo hloluitsotso me” hã. (American Heritage Dictionary) Gake vovototo vi aɖe le alesi numekula ɖesiaɖe ɖea nya sia gɔmee la me.
Togbɔ be womeɖe nusi koŋ nutikɔname nye le atikewɔnyawo me o hã la, dzesi siwo nye ɖeɖiteameŋu, dzomanɔameme, ƒuƒlutsitsi, mɔkpɔkpɔbuɖeame, kple lãmegbegblẽ dzena le amesiwo nu tia kɔ na ŋu. Amea sena le eɖokui me be ɖeɖi te ye ŋu vevie eye nya suewo kua dzi nɛ. Naneke meʋãnɛ ɖe dɔwɔwɔ ŋu o. Edzena abe nusianu manya wɔ nɛ o ene, eye adi kpekpeɖeŋu vevie tso amesiame si wòado goe gbɔ. Adze nɛ abe ɖe taɖodzinu aɖeke mele yeƒe agbagbadzedze le dɔwɔƒe kple aƒeme ŋu o ene. Mɔkpɔkpɔ va buna ɖee. Ne dzesi siawo kple lãmegbegblẽ kpakple vivimasemase na nusianu dzena le ŋuwò la, ke ɖewohĩ nu ti kɔ na wò.
Nutikɔname ate ŋu agblẽ nu le dɔwɔwɔ kple ƒomegbenɔnɔ ŋu. Àdi be megadzɔ ɖe ye dzi o. Gake aleke nàwɔ aƒo asa nɛ? Be míanya la, gbã mina míakpɔ amesiwo nu ate ŋu ati kɔ na kple nusitae la ɖa.
[Aɖaka si le axa 4]
Nutikɔname ƒe Dzesiwo
“Nutikɔname le dɔwɔwɔ me fia susu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ si tsoa dɔwɔwɔ me nuteɖeamedzi si yia edzi ɖaa gbɔ, siwo hea nusiawo vɛ:
1. Ŋusẽvɔleameŋu
2. Dɔlélenutsiŋutete si gbɔdzɔna
3. Dzidzememakpɔmakpɔ kple nɔnɔme gbegblẽwo ŋu bubu si do gã
4. Dɔmemayimayi kple dɔmawɔmawɔ nyuie si adzi ɖe edzi.
“Nɔnɔme sia naa ŋusẽ vɔna le ame ŋu elabena ete ŋu gbɔdzɔa amesiwo si lãmesẽ kple ŋusẽ le eye wonya dɔ gɔ̃ hã hegblẽa wo. Nusi henɛ vɛ koŋue nye nuteɖeamedzi atraɖii, si yia edzi gbesiagbe, ɣleti sia ɣleti, kple ƒe sia ƒe.”—The Work/Stress Connection: How to Cope With Job Burnout si Robert L. Veninga kple James P. Spradley ŋlɔ.