INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 74
  • Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Ðeɖiteameŋu Atraɖii?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Ðeɖiteameŋu Atraɖii?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu si gbɔ wòtsona
  • Nu si tae nya sia le vevie
  • Nu si nàte ŋu awɔ
  • Nutikɔname—Aleke Nàwɔ Akpe Akɔ Kplii?
    Nyɔ!—1995
  • Nutikɔname—Amekawo Dzie Wòate Ŋu Adzɔ Ðo eye Nukatae?
    Nyɔ!—1995
  • Nutikɔname Vevie​—Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Enu
    Nyɔ!—2014
  • Nutikɔname—Ava Dzɔ ɖe Dziwòa?
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 74
Mɔ̃ɖaŋunuwo zazã, kamedefefe, modzakaɖeɖe, kple sukudɔwo wɔwɔ na ɖekakpui aɖe xaxa le eɖokui me

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Ðeɖiteameŋu Atraɖii?

Ðe nèkpɔe be ɖeɖi le ye ŋu tem akpa? Ne nenemae la, ke nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò!

  • Nu si gbɔ wòtsona

  • Nu si tae nya sia le vevie

  • Nu si nàte ŋu awɔ

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Nu si gbɔ wòtsona

  • Dɔwɔwɔ fũu akpa. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Julie gblɔ be: “Le nu sia nu si míewɔna me la, wodea dzi ƒo na mí be míadze agbagba wu, míawɔe wòanyo wu, míaɖo taɖodzinu gãwo gbɔ, eye míakpɔ dzidzedze nyuie wu. Nyaƒoɖeamenu mawo nu nɔnɔ menɔa bɔbɔe kura o!”

  • Mɔ̃ɖaŋunuwo. Esi wònye be asitelefonwo, tablɛtwo kple elektrɔnikmɔ̃ bubuwo va bɔ fifia ta la, amewo tea ŋu doa ka kpli mí zã kple keli—esia ate ŋu awɔe be nu nati kɔ na mí ale gbegbe, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖeɖi nate mía ŋu atraɖii.

  • Alɔ̃madɔmadɔ nyuie. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Miranda gblɔ be: “Esi wònye be sɔhɛwo le sukudede, dɔwɔwɔ kple modzakaɖeɖe dzi gbe sia gbe ta la, wo dometɔ geɖe fɔna kaba, eye zã tsina ŋutɔ hafi womlɔa anyi; eye edze abe naneke meli woate ŋu awɔ tso eŋu o ene.” Esia wɔnɛ be ɖeɖi va tea wo ŋu atraɖii.

Nu si tae nya sia le vevie

Biblia kafu dɔwɔwɔ kutrikukutɔe. (Lododowo 6:6-8; Romatɔwo 12:11) Gake Biblia mede dzi ƒo na mí be míavu ɖe dɔ ŋu ale gbegbe be míaŋe aɖaba aƒu agbemenu vevi bubuwo dzi alo wòagblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu o.

“Gbe ɖeka la, mede dzesii be nyemeɖu nu ŋkeke bliboa o le esi nye susu katã nɔ dɔ gbogbo siwo metsɔ do agba na ɖokuinyea ŋu ta. Meva kpɔe be menyo kura be maxɔ dɔ ɖe sia ɖe si wotsɔ ɖo ŋkunyeme ale gbegbe be wòagblẽ nu le nye lãmesẽ ŋu o.”—Ashley.

Eya ta, eɖe dzesi ŋutɔ be Biblia gblɔ be: “Avu gbagbe nyo wu dzata kuku.” (Nyagblɔla 9:4) Ne èƒo ɖokuiwò ɖe nu geɖe fũu wɔwɔ me la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be ŋusẽ le ye ŋu abe dzata ene hena ɣeyiɣi aɖe ya. Gake ne ɖeɖi va le ŋuwò tem atraɖii la, esia ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu.

Nu si nàte ŋu awɔ

  • Srɔ̃ ale si nàgblɔ be ema nyo. Biblia gblɔ be: “Ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.” (Lododowo 11:2) Ame siwo nya afi si woƒe ŋutete se ɖo la malɔ̃ axɔ dɔ siwo sɔ gbɔ wu esi woate ŋu awɔ o.

    “Ame siwo ɖeɖiteameŋu atraɖii tea ŋu ɖea fu na bɔbɔe wue nye ame siwo dzea agbagba be yewoawɔ dɔ ɖe sia ɖe si wotsɔ ɖo wo ŋkume eye wometea ŋu gblɔna be ema nyo gbɔ o. Esia wɔwɔ mafia be wole nu wɔm le woƒe ŋutete nu o. Eye kaka nàkpɔ la, ɖeɖiteameŋu atraɖii va le fu ɖem na wo.”—Jordan.

  • Ði ɖe eme nyuie. Biblia gblɔ be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.” (Nyagblɔla 4:6) Wogblɔ tso alɔ̃dɔdɔ ŋu be “ele abe nuɖuɖu ene na susua,” ke hã, sɔhɛ akpa gãtɔ medɔa alɔ̃ gaƒoƒo enyi va ɖo ewo abe ale si wohiã nɛ ene o.

    “Ɣeaɖeɣi la, dɔ va li kɔ ɖe dzinye ale gbegbe, eye esia wɔe be nyemedɔa alɔ̃ wòsuam o. Gake ɣeaɖewoɣi la, ne medɔ alɔ̃ gaƒoƒo ɖeka pɛ kpee la, mekpɔnɛ be ema ko mehiã be mate ŋu awɔ dɔ nyuie kple dzidzɔ le ŋufɔke.”—Brooklyn.

  • Wɔ nuwo ɖe ɖoɖo nu. Biblia gblɔ be: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.” (Lododowo 21:5) Ne èsrɔ̃ ale si nàwɔ wò ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie eye nènya dɔ siwo nàzã wò ɣeyiɣi atsɔ awɔ la, esia aɖe vi na wò le wò agbemeŋkekewo katã me.

    “Ne èwɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuie eye nèzɔna ɖe ɖoɖowɔɖia dzi la, esia ate ŋu awɔe be màtsɔ nu geɖe fũu ado agba na ɖokuiwò o. Ne èŋlɔ nu vovovo siwo nàwɔ ɖi la, esia ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàde dzesi afi siwo wòle be nàwɔ asitɔtrɔ le ale be nàƒo asa na ɖeɖiteameŋu atraɖii.”—Vanessa.

Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Gianna

“Ðeɖi va te ame aɖewo ŋu atraɖii le esi wole agbagba dzem be yewoakpɔ ga geɖe ta. Gake 1 Timoteo 6:8 gblɔ na mí be ne agbemenuhiahiã veviwo le mía si la, esiawo nedze mía ŋu. Esia nye ŋkuɖodzinya nyui aɖe na mí be enyo be míanɔ agbe tsɛ eye míagagbla ɖe dɔ ŋu be nu siwo míehiã hafi o nasu mía si o.”—Gianna.

Waylon

“Ne mewɔ ɖoɖo ɖe dɔ siwo mawɔ le kwasiɖaa me ŋu la, ekpena ɖe ŋunye ale gbegbe. Gake tsã esi nyemewɔnɛ alea o la, melɔ̃na xɔa dɔ geɖe wu esi mate ŋu awɔ gɔ̃ hã. Esia nana ɖeɖi tea ŋunye belibeli eye nyemetea ŋu wɔa dɔ ale si nu mewɔna fifia gɔ̃ hã o.”—Waylon.

Kara

“Ðewohĩ awɔ na wò be ele be nàlɔ̃ ayi afi sia afi si wokpe wò be nàva eye ne mèyi o la, màkpɔ dzidzɔ o. Gake meva kpɔe be mele nenema kura o. Nya lae nye be, ne vovoɣi geɖe wu le asiwò la, àkpɔ dzidzɔ geɖe wu eye ɖeɖi mate ŋuwò akpa o.”—Kara.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe