Nutikɔname—Amekawo Dzie Wòate Ŋu Adzɔ Ðo eye Nukatae?
TSƆE be yenye ɔfis dɔwɔla si si ƒome le—alo ɖewohĩ eyae nènye. Dɔ li kɔ ɖe kplɔ̃ dzi na wò. Asisiwo le ka ƒom na wò edziedzi hele nusiwo mate ŋu akpɔ na wo o la biam. Wò dɔdzikpɔla do dziku be wò dɔwɔwɔ mede esi wobia tso asiwò la nu o. Viwòŋutsu wɔ nu gbegblẽ le suku. Nufiala la di be yeakpɔ wò enumake. Srɔ̃wò metsɔa ɖeke le kpekpeɖeŋu si nèbianɛ me o. Ne edze abe ɖe nɔnɔmea va glo ene la, nuteɖeamedzi va zua nuxaxa, eye wòhea nutikɔname vɛ.
Dɔwɔwɔ akpae hea nutikɔname vɛa? Ann McGee-Cooper si nye ahɔhɔ̃ŋutinumekula la gblɔ be nutikɔname nye nusi “tsoa nuwɔwɔ wòagbɔ eme akpa gbɔ, si ƒe ɖee nye dɔwɔwɔ atraɖii fefemanɔmee.” Gake menye dɔwɔwɔ wòagbɔ eme akpa koe henɛ vɛ o; le amemiamiã kple nɔnɔme ma ke me la, nu tia kɔ na ame aɖewo gake metia kɔ na ame bubuwo ya o.
Amesiwo Nu Ate Ŋu Ati Kɔ Na
Abe alesi ame aɖewo te ŋu xɔa dɔléle aɖewo bɔbɔe ene la, nenema ke ame aɖewo hã li siwo nu ate ŋu ati kɔ na bɔbɔe wu. Elliot Aronson si nye susuŋutinufiala le California Yunivɛsiti la gblɔ be: “Hafi nu nate ŋu ati kɔ na wò la, ele be wò nɔnɔmea nagbɔ eme.” Eyata amesiwo ƒe taɖodzinuwo gbɔ eme le nu gãwo wɔwɔ ŋu koŋue nu ate ŋu ati kɔ na. Wogblɔ be zi geɖe la, adzɔha ƒe dɔwɔla nyuitɔwoe nu tia kɔ na.
Esi Nufialagã Fumiaki Inaoka si le Atitsoga Dzĩ ƒe Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe Kɔledzi nɔ nu ƒom tso amesiwo nu ate ŋu ati kɔ na bɔbɔe ƒe amenyenye ŋu le eƒe agbalẽ si nye Moetsukishokogun (Nutikɔname ƒe Dzesiwo) me la, eŋlɔ bena: “Didi sẽŋu aɖe le amesiwo nu ate ŋu ati kɔ na me be woanye veveseɖeamenulawo, nublanuikpɔlawo, amesiwo dzi nu wɔa dɔ ɖo vevie, ɖokuitsɔnalawo, kple nunyuiwɔlawo. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ‘wolɔ̃a nu wɔwɔ kple amegbetɔwo’ tsɔ wu nuwɔwɔ kple mɔ̃wo.”
Esi wobia eŋutinunyala aɖe be wòawɔ dodokpɔ aɖe si woatsɔ akpɔ amesiwo nu ati kɔ na ahanyã wo ɖa la, egblɔ be ele be woazã dodokpɔa abe dzidzenu ene atsɔ axɔ amewo ɖe dɔ me boŋ. Egblɔ be: “Nusi wòhiã be adzɔhawo nawɔe nye be woadi amesiwo tsɔa ɖe ele eme na amewo ale gbegbe be nu ate ŋu ati kɔ na wo . . . eye emegbe woawɔ ɖoɖo atsɔ atsi woƒe nutikɔnamea nui.”
Amesiwo dzi wòate ŋu adzɔ ɖo vevietɔe nye ameŋudɔwɔlawo, abe kɔdzidɔwɔlawo, ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, kple nufialawo ene. Wodzea agbagba vevie be yewoakpe ɖe amewo ŋu, eye wotsɔa wo ɖokui nana faa be yewoana ame bubuwo ƒe agbenɔnɔ naka ɖe eme, eye nu ate ŋu ati kɔ na wo ne wokpɔe be yewomele taɖodzinu siwo gbɔ womate ŋu aɖo ɣeaɖewoɣi o siwo woɖo na wo ɖokui la gbɔ ɖom o. Nu ate ŋu ati kɔ na vidada ɖetsɔlemetɔwo hã ɖe susu ma ke ta.
Nusita Nu Tia Kɔ na Amewo
Numekuku aɖe si wowɔ le dɔnɔdzikpɔlawo dome ɖee fia be nu etɔ̃e hea nutikɔname vɛ. Nu gbãtɔ si wode dzesie nye gbesiagbe hloluitsotso si hea dziɖeleameƒo vɛ ƒe agbɔsɔsɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele be dɔnɔdzikpɔlawo ƒe akpa gãtɔ natsɔ agbanɔamedzi gãwo, woakpɔ nya sesẽwo gbɔ le nuwɔwɔ kple dɔnɔwo me, woasrɔ̃ mɔ̃ yeye zazã, woadze ŋgɔ ga geɖe zazã, eye woanɔ te ɖe agbenɔnɔ ƒe tɔtrɔwo nu. Agbalẽ si nye Moetsukishokogun gblɔ be “gbesiagbehloluitsotso siawo koŋue na nu tia kɔ na wo.” Ne womekpɔ kuxiwo gbɔ o la, dziɖeleameƒo doa gã ɖe edzi eye wòhea nutikɔname vɛ.
Nu evelia si wode dzesie nye kpekpeɖeŋumakpɔmakpɔ le seselelãme kple susu gome ne ame aɖeke meli woagblɔ woƒe dɔmenyawo na o. Eyata nu ate ŋu ati kɔ na vidada si ɖea eɖokui ɖe aga le vidada bubuwo ŋu. Numekuku si ŋu míeƒo tsoe la ɖee fia be nu ate ŋu ati kɔ na dɔnɔdzikpɔla trewo bɔbɔe wu wo dometɔ siwo nye srɔ̃tɔwo. Gake srɔ̃ɖeɖe ate ŋu adzi gbesiagbehloluitsotsowo ɖe edzi ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a meɖoa dze faa o. Ne amesiame le aƒeme gɔ̃ hã la, ame aɖe ate ŋu atsi akogo le esi eƒe ƒomea le television kpɔm vevie ta.
Nu etɔ̃liae nye kpekpeɖeŋumakpɔmakpɔ. Le kpɔɖeŋu me, dɔnɔdzikpɔlawo ase le wo ɖokui me be yewoble wu ɖɔktawo elabena ŋusẽ mele wo si be woatrɔ nuwo o. Nu ate ŋu ati kɔ na dɔdzikpɔla siwo le dɔtɔwo te ne wokpɔe be yewoƒe agbagbadzedze vevie mele yewokplɔm le teƒe aɖeke yim o. Habɔbɔ aɖe si kpɔa amewo gbɔ ƒe amegã aɖe gblɔ be “dziɖeleameƒo si tsoa agbagbadzedze be yeana kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖe gake woado tokui” me lae hea nutikɔname vɛ.
Amewo senɛ le wo ɖokui me be kpeɖeŋutɔ mele yewo si o le afisi womekpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu le o eye nutikɔnamee nye nusi dona tsoa eme. Nu tia kɔ na srɔ̃nyɔnuwo ne wo srɔ̃wo mekafua wo ɖe alesi aƒemedɔwo wɔwɔ kple ɖeviwo dzi kpɔkpɔ sesẽe ta o. Nu tia kɔ na dɔdzikpɔlawo ne dɔtɔ mekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ si wowɔ nyuie ŋu o eye wòka ŋkume na wo ɖe vodada suewo ta. Magazine si nye Parents gblɔ be: “Nusi le vevie enye be ehiã be woakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu ahakafu mí ɖe wo ta, eye ne afisi womeɖoa míaƒe agbagbadzedze teƒe na mí o ye míewɔa dɔ le—eɖanye le míaƒe aƒeme alo míaƒe dɔwɔƒe o—ekema anɔ bɔbɔe wu be nu nati kɔ na mí.”
Enya se be esi nu tia kɔ na dɔnɔdzikpɔla gbogbo aɖewo la, nu metia kɔ na vixelawo ya nenema gbegbe o. Vixelawo katã ƒe dɔ bia be woakpe ɖe vidzĩwo ŋu woava xexeame. Vidadawo kple vifofowo daa akpe na wo ɖe woƒe dɔ ta. Ne wokpɔ ŋudzedze ɖe amewo ŋu la, wokpɔnɛ be yewole akpa aɖe wɔm eye edoa ŋusẽ wo.
Esi míenya amesiwo nu te ŋu tia kɔ na kple nusitae ko la, ena kuxia gbɔ kpɔkpɔ nɔa bɔbɔe wu. Nyati si gbɔna ate ŋu akpe ɖe amesiwo nu ti kɔ na ŋu be woada asɔ le agbenɔnɔ me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Dɔwɔwɔ atraɖii fefemanɔmee gbɔe nutikɔname tsona