Nutikɔname—Aleke Nàwɔ Akpe Akɔ Kplii?
ESI dzimaɖitsitsi kple gbesiagbe hloluitsotsowo me nuteɖeamedziwo do agba na ame geɖe ta la, wotenɛ kpɔna be yewoano aha atsɔ aɖe yewoƒe dziɖeleameƒowo ɖa. Ame geɖe noa aha, si nye nusi ame geɖe zãna ɖe mɔ gbegblẽ nu egbea, be yewoasi le kuxi sesẽwo nui. Ame bubuwo ɖo ŋu ɖe atike nyanyɛwo ŋu be yewoatsɔ akpɔ dzimaɖitsitsiwo gbɔe. Ame bubuwo hã zãa susutrɔtikewo abe marijuana, methamphetamines, kple cocaine ene. Wokpɔe be ɖevi suewo gɔ̃ hã zãa atikewo tsɔ sina le agbemekuxiwo nui. Wogblɔ be Amerika-sɔhɛ 95 le alafa me azã atike siwo zazã ŋu se meɖe mɔ ɖo o hafi woado le suku kɔkɔ.
Ame aɖewo hã li siwo dzea agbagba be yewoasi le gbesiagbenuteɖeamedziwo nu to modzakaɖeɖe kple xɔlɔ̃wo alo dzidzɔmo ɖoɖo esime woalé blanui le ememe. Alo le susu gbegblẽwo ta la, wodia ŋutsuwo alo nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ kple beléle. Gake dziɖeleameƒo koe sisi le nuteɖeamedzi nu ƒe mɔnuwo dzina ɖe edzi. Ne amewo dze agbagba be yewoatsɔ aha alo susutrɔtikewo atsi nuteɖeamedzi nu tsɔ wu be woagbugbɔ dzo ade wo ɖokui me la, wonaa nutikɔname doa mo ɖa kaba. Ekema nukae nàte ŋu awɔ ne èkpɔe be yeƒe dzonɔameme nu le tsitsim?
Mɔ si dzi Nàto Agasẽ Ŋu
Nyɔ! mekafu enutsimɔnu alo atikewɔwɔ tɔxɛ aɖeke o. Gake eɖo aɖaŋu nyui siwo wotu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi si akpe ɖe ŋuwò nàgade dzo wò seselelãme si nu le fafam la me. Ðɔkta Yutaka Ono si nye Keio Yunivɛsiti ƒe Atikewɔwɔsrɔ̃ku ƒe tatɔ la kafu ‘nu etɔ̃’ siwo woatsɔ atsi nutikɔname nui. Egblɔ be: “‘Nu etɔ̃’ mawoe nye ɖokuidziɖuɖu, dzeɖoɖo, kple sidzedze.”
Hafi nàte ŋu aɖu kpeɖeŋutɔmanɔamesi ƒe seselelãmewo dzi la, ele be nàkpɔe be yete ŋu ɖua yeƒe seselelãmewo kple nuwɔnawo dzi. Ne dziɖeleameƒo kpɔa ŋusẽ ɖe wò seselelãmewo dzi gbesiagbe hegblẽ kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ŋutete me la, ele bɔbɔe be nàsusu be nuwo maganyo o. Gake mèganɔ anyi ko anɔ fuɖenamenuwo ŋu bum o. Dze agbagba nàkpɔ wò kuxiwo gbɔ ɖekaɖeka. (Kpɔ Aɖaka si le axa 8.) Mègagblɔ be yeawɔe emegbe o. Ne ènya dze afɔɖeɖe nyuiwo wɔwɔ gɔme ko la, wò dzi adze eme eye ŋusẽ anɔ ŋuwò.
Dze agbagba nàɖe dzikudodo si tsoa ebubu be nuwo madze edzi o me dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo doa dziku ɖe nya sue ɖesiaɖe ta. Wotea tɔ ɖe nuwo wɔwɔ le mɔ aɖe nu dzi eye dzi kua wo ne ame bubuwo mewɔ ɖe edzi o, alo dzi aɖe le wo ƒo le woa ŋutɔwo ƒe kpododo nu ta. Blematɔ nunyala aɖe gblɔ be: “Megawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye meganya nu tso eme akpa o; nukaŋuti nèbe, yeade ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?” (Nyagblɔla 7:16) Kuku ɖe dzidzenu siwo kɔ akpa ŋu kple sese le ɖokuiwò me ɣesiaɣi be yemele wo gbɔ ɖom o la ana nu nati kɔ na wò godoo.
Aɖaŋuɖoɖo nyui bubu si tso Biblia mee nye be “nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” (Mixa 6:8) Ðokuibɔbɔɖeanyi fia sidzedze ame ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo alo be woabu “ame ƒe ŋutetewo be wobɔbɔ ɖe anyi.” Esia ate ŋu afia be nàgbe dɔ siwo sɔ gbɔ akpa siwo amewo bia be woawɔ na yewo la xɔxɔ le dɔ me.
Amesiwo nya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la xɔa kpekpeɖeŋu. Nyɔnu dɔdzikpɔla aɖe si nu ti kɔ na gblɔ be alesi nàwɔ aƒo asa nɛ ye nye be nàbia kpekpeɖeŋu. Gake, abe alesi wògblɔe ene la, “ame geɖe vɔ̃na be yewoabia kpekpeɖeŋu elabena ɖewohĩ woabu yewo be yewomete ŋu le yewoƒe dɔ wɔm o.” Eɖanye aƒemedɔ, sukudɔ, alo dɔwɔƒe ye o—nusianu si ate ŋu ana nu nati kɔ na wò la—de dɔa asi na ame bubu le afisi wòanya wɔ le. Awɔ nuku na wò be nuwo azɔ nyuie ne menye wòe le nusianu dzi kpɔm tẽ o hã.—Tsɔe sɔ kple Mose II, 18:13-27.
Ahiã be nàgbɔ ɖe eme. Mɔkekexɔxɔ le dɔ me ate ŋu akpe ɖe amesi nu ti kɔ na ŋu ŋutɔ. Gake ne wò nɔnɔmewo maɖe mɔ ɖe ema ŋu o gɔ̃ hã la, Ann McGee-Cooper gblɔ be “ne ènya alesi nàna dzi nadzɔ wòe la, edea ame dzi.” Alesi nàtrɔ wò gbesiagbedɔwɔnawoe ate ŋu ana nàgate ŋu awɔ dɔ geɖe wu ahado ŋusẽ wò susu ɖe dɔ ɖeviwo wɔwɔ ŋu. Aɖaŋu si Fia Salomo ɖo ƒe gbogbo aɖewoe nye sia la ganye nyateƒe be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.”—Nyaɔgblɔla 4:6.
Afisi Nàɖo Dze si Akpe Ðe Ŋuwò Le
‘Nu’ evelia si Ðɔkta Ono yɔe nye dzeɖoɖo. Enya se be ƒã hafi nu tia kɔ na dzotsidɔwɔlawo. Ate ŋu anye be nusi gbɔ wòtsoe nye be tsɔ kpe ɖe alesi woabu wo ame xɔŋkɔwoe ŋu la, kadodo ƒe ɖekawɔwɔ nyui aɖe hã le wo dome. Ne ame aɖewo li siwo ŋu nàte ŋu aɖo ŋu ɖo la, àte ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ. Afikae nàte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu fadziname le egbea? Esi agbalẽ si nye Moetsukishokogun (Nutikɔname ƒe Dzesiwo) nɔ nu ƒom tso mɔ siwo nu atikewɔlawo akpe akɔ kple nutikɔname ŋu la, egblɔ be: “Le ɖɔktawo gome la, woƒe ƒome, vevietɔ wo srɔ̃woe nye amesiwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ si nyo wu la wo le seselelãme gome.” Amesiame hiã na amesi wòate ŋu agblɔ eƒe seselelãmewo na. Biblia ɖo aɖaŋu nyui le dzeɖoɖo ƒe nya sia ŋu. Ede dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woaku ɖe wo nɔewo ŋu lɔlɔ̃tɔe eye egblɔ na mí katã be xɔlɔ̃ siwo ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na mí la nanɔ mía si.—Lododowo 5:18, 19; 11:14.
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today gblɔ be: “Ele be mía ŋutɔwo míaɖo xɔlɔ̃ kplikplikpliwo kple ƒome na mía ɖokui.” Egblɔ kpee be: “Ele be míawɔ míaƒe mawusubɔƒewo kple susumedɔdaƒewo hã ŋudɔ faa.” Yesu nɔvi Yakobo ŋlɔ le alesi woate ŋu awɔ mawusubɔsubɔ ŋudɔe ŋu be: “Ne mia dome ame aɖe ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le [Yehowa] ƒe ŋkɔa me.” (Yakobo 5:14) Kristotɔ siwo dze ŋgɔ kuxiwo ate ŋu akpɔ dzidzeme to nuƒoƒo na Yehowa Ðasefowo ƒe hamemegãwo me. Togbɔ be hamemegãwo menye nutikɔnamenutsilawo o hã la, viɖe le gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si wonana la ŋu.
Togbɔ be amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu ado ŋusẽ mí hena ŋkeke aɖe hã la, menye ɣesiaɣie wòade edeƒe o. Martin E. P. Seligman tɔ asi ɖokuisinɔnɔ si nu womeléna o si le Ɣetoɖoƒetɔwo dome dzi le eƒe agbalẽ si nye Helplessness ƒe ŋgɔdonya me be eyae he blanuiléle ƒe dzidziɖedzi vɛ egbea, eye egblɔ be ehiã be woadi gɔmesese si le agbe ŋu. Emegbe eɖee fia be “nɔnɔme vevi aɖe si hiã le gɔmesese sia didi mee nye be nàku ɖe nusi tri akɔ wu wò ŋu.” Togbɔ be ame geɖe mebua woa kple Mawu dome ƒomedodo nu vevii egbea o hã la, kadodo kple Wɔla—amesi “tri akɔ wu wò”—lae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpe akɔ kple kpeɖeŋutɔmanɔamesi ƒe seselelãmewo.
Fia Dawid si dze ŋgɔ nɔnɔme sesẽ geɖe la de dzi ƒo na eteviwo be: “Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe [Mawu ŋu] ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe!” (Psalmo 62:9) Mawu le klalo be yease míaƒe “ŋeŋe, siwo manya gblɔ o” gɔ̃ hã. (Romatɔwo 8:26) Kukuɖeɖe nɛ vevie ana míakpɔ ŋutifafa si ate ŋu “adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu” tso nutikɔname me.—Filipitɔwo 4:6, 7.
Wò Nukpɔsusu Tɔtrɔ
Mlɔeba la, ahiã be nàtrɔ alesi nèkpɔa wò nɔnɔme lae. Sidzedze, alo dzesidede nue nye ‘nu’ mamletɔ si Ðɔkta Ono gblɔ be wotsɔ nɔa te ɖe nutikɔname nui. Ne nu te ɖe mía dzi vevie la, míetsɔa susu gbegblẽ bua nusianu ŋui eye míetsɔa nukpɔsusu gbegblẽwo zua mɔ̃ ɖea mía ɖokui. Gake ele be míabu alesi nɔnɔmea le ŋutɔŋutɔ ŋu. Bu eŋu kpɔ be nane li ŋutɔŋutɔ si ta wòle be nàbu susu gbegblẽ siawo hã. Ðe emetsonua agblẽ nenema gbegbe abe alesi nèbui enea? Dze agbagba nàtsɔ nukpɔsusu bubu akpɔ nuwoe.
Magazine si nye Parents gblɔ be: “Àte ŋu adze ebubu gɔme be ne nu ti kɔ na wò la, ate ŋu afia be ‘nènyo,’ menye be ɖe ‘nègblẽ’ o.” Ðo ŋku edzi be: Dzidzenu kɔkɔwo le amesiwo nu tia kɔ na la si eye wotsɔa ɖe le ame bubuwo me. Nusi akpe ɖe amesi nu ti kɔ na ŋu wue nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefiae. Aɖe vi geɖe na vidada ne srɔ̃a kple viawo ɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã wòwɔna le aƒedzikpɔkpɔ me ŋu gblɔna heɖenɛ fianɛ. Ne nu ti kɔ na dɔnunɔla aɖe la, ŋudzedzekpɔkpɔnya ate ŋu atrɔ eƒe nɔnɔme wòanyo.
Biblia ɖee fia be nyɔnu zazɛ̃ dze na kafukafu: “Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ be: ‘Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo li; ke wòa èƒo wo katã ta!’” (Lododowo 31:10, 28, 29) Nyateƒee, “nya dzeto la anyĩtsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.”—Lododowo 16:24.
Dzo gaɖo Shinzo si nye Kristotɔ hamemegã si míeyɔ le nyati gbãtɔa me la me nyuie tso eƒe nutikɔnamea me. Togbɔ be Shinzo xɔ eŋutinunyalawo ƒe kpekpeɖeŋu hã la, nusi kpe ɖe eŋu wue nye eƒe gbedodoɖa na Yehowa. Esi wòdo gbe ɖa vevie bia kpekpeɖeŋu megbe la, eva kpɔ hamemegã si srɔ̃ Mawu ƒe Nya la kplii gbã la. Hamemegã ma kpakple ehati hamemegã bubuwo kpe ɖe eŋu to toɖoɖo eƒe dzimaɖitsitsiwo kple kuxiwo me. Srɔ̃a xlẽ nyati siwo ku ɖe seselelãme gbegblẽwo dzi ɖuɖu ŋu tso magazine si xlẽm nèle ƒe tata aɖe si do ŋgɔ me nɛ. (October 8, 1992, Eŋlisigbe me tɔ.) Ʋeʋeʋe la, eva kpɔe be ye ŋutɔ yete ŋu le nusianu wɔm. Alesi wòkpɔa nusiwo le dzɔdzɔm ƒo xlãe la te tɔtrɔ. Togbɔ be ese le eɖokui me tsã be yele dziɖeleameƒo ƒe do si seƒe meli na o me hã la, ekpɔ kekeli aɖe le doa ƒe akpa keme si klẽ ɖe edzi vaseɖe esime wòdo tso eƒe do la me keŋkeŋ.
Abe Shinzo ene la, wò hã àte ŋu akpe akɔ kple nutikɔname ale be dzo nagaɖo mewò ɖe agbenɔnɔ ŋu ake.
[Aɖaka si le axa 8]
Nutikɔname Nutsitsi ƒe Mɔ 12
KƆDZI ƒe susumedɔdala aɖe ƒe aɖaŋuɖoɖo ʋee aɖewo ko dzie wotu nya siwo gbɔna ɖo.
1. Ðu wò tamesusuwo, seselelãmewo, kple nuwɔna dzi—gbedodo ɖa kpena ɖe ame ŋu vevie.
2. Ne ète dzi tsitsi la, ɖoe koŋ nàtrɔ susu ɖe nu nyui siwo ɖea,vi ŋu.
3. Ne ètɔtɔ la, gbɔ fuu eye nàɖoe,koŋ agbɔ ɖe eme.
4. Dze agbagba nàkpɔ nɔnɔmewo alesi ame bubuwo kpɔnɛ be nàse alesi nuteɖeamedzia do mo ɖae la gɔme.
5. Bu nusiwo ŋu nèkpɔa ŋudzedze ɖo le ame bubuwo ŋu la ŋu eye nàkafu wo. Mègada amewo ɖe anyi o ke kafu wo ɖe nusi wote ŋu wɔ ta boŋ.
6. De dzesi susu manyomanyo si gblẽa nu nàɖee ɖa.
7. Gblɔ be ao ne wò ŋusẽ kple ɖoɖowɔɖi bia nenema.
8. Kpɔ gome le kamedenuwɔna aɖe me gbesiagbe—azɔlizɔzɔ kabakaba nyo.
9. De bubu ame bubuwo ŋu, na woaɖe woƒe amenyenye nyuitɔwo afia.
10. Na dzi nadzɔ wò nàkpɔ mɔ na nu nyuiwo.
11. Gblẽ wò dɔwɔƒe ƒe kuxiwo ɖe dɔwɔƒea.
12. Wɔ nusi wòle be nàwɔ la egbea—mè gadae ɖe etsɔ dzi o.
(“Seselelãmewo Gbɔ Kpɔkpɔ, Nutikɔname Dzi Ðuɖu” si Ruth Dailey Grainger ŋlɔ mee míeɖee tsoe hetrɔ asi le eŋu, American Journal of Nursing, January 1992.)
[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]
Amesi mevona o si tsia dzi ɖe dɔ ŋue nu tia kɔ na