Ŋkuléle Ðe Egbegbe Dzɔdzɔmeŋutinunya Me Nyakpakpawo Ŋu
ƲUWO, telefonwo, kɔmpiutawo—ƒe siwo wu 130 do ŋgɔ la, ɖe ame aɖe ate ŋu akpɔe be woava to wo vɛa? Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔla Jules Verne kpɔe do ŋgɔ! Woke ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya gɔmesese wɔmoya siawo ŋu le Jules Verne ƒe gligbalẽ aɖe si woŋlɔ kple asi si ŋkɔe nye Paris in the Twentieth Century (Paris le Ƒe Alafa Blaevelia Me) la me. Le gligbalẽ si wometa do ŋgɔ o me la, Verne ƒo nu tso mɔ̃ aɖe si ɖi egbegbe faks mɔ̃ (didiƒenuŋlɔmɔ̃) nukutɔe la ŋu!a
Gake dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔla tagbɔɖaɖɛtɔwo kekeake gɔ̃ hã mexa ɖe afi aɖeke be woanye nyagblɔɖila vavãwo o. Le kpɔɖeŋu me, Jules Verne ƒe Journey to the Center of the Earth (Mɔzɔzɔ Yi Anyigba Tume) xexlẽ vivina, gake fifia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nyae be womate ŋu azɔ mɔ aɖeke nenema o. Eye medze abe nusi ate ŋu adzɔ ene be le ƒe 2001 me la, amewo ayi Jupiter alo ɣletinyigba bubuwo dzi, abe alesi ame aɖewo do susua ɖa ene o.
Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔlawo mete ŋu gblɔ dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔyiyi wɔnuku siwo dzɔ hã ɖi o. Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔla Thomas M. Disch lɔ̃ ɖe edzi le nyati aɖe si dze le The Atlantic Monthly me be: “Bu tame le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ƒe kpododonuwo katã ŋu ne nàsusu kɔmpiuta ƒe azã la . . . , yame ƒe dzoxɔxɔ, alo ozone ya ƒe vɔvɔ alo AIDS ŋu kpɔ. Bu dunyahehe kple anyigba ƒe mamã yeye si me nuwo mesɔ le o ŋu kpɔ. Bu nusiawo katã ŋu, eye nàbia ɖokuiwò se be nukae dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa gblɔ le wo ŋu hã. Womegblɔ nya aɖeke o kloe.”
Dzɔdzɔmeŋutinunya me Nyakpakpawo—Gakpɔdɔ Gã Aɖee
Amesiwo doa vivi ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ŋu la mebunɛ be dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒe ŋutɔŋutɔe wònye ya o ke boŋ be modzakaɖeɖe koe. Le esia gome gɔ̃ hã la, ame aɖewo bia nya le asixɔxɔ si le eŋu le esia gome hã ŋu. Wodze dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo bubu gɔme be wonye nuŋɔŋlɔ siwo ŋu viɖe mele o le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze me lɔƒo esime magazine siwo wotana ɖe hotsɔkpɔe pepawo dzi va xɔ wo tata tsɔ ɖo dɔe koŋ. Wodzra magazine siawo ƒe gbãtɔ Amazing Stories, le ƒe 1926 me. Wogblɔ be Hugo Gernsback, amesi ɖoe anyi koŋ ye to nya si wova le yɔyɔm be “dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa” la vɛ. Ewɔna na ame geɖe be ne viɖe aɖe anɔ gligbalẽ tsodzikaƒoname mawo ŋu hã la, ke anɔ sue ŋutɔ.
Xexemeʋa II megbee wova dze dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ŋu bubu moveviɖoɖotɔe wu gɔme. Akpa vevi si dzɔdzɔmeŋutinunya wɔ le aʋa ma me de bubu yeye dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu. Wova nɔ dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔlawo ƒe nyawo dzi xɔm se wu. Eyata dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ƒe nukokoedonamegbalẽwo, eƒe magazinewo, kple agbalẽ siwo ŋu akpa sesẽ mele o va nɔ bɔbɔm. Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpagbalẽ siwo ƒe akpa sesẽ la va zu agbalẽ siwo woƒlena wu. Gake zi alesi wole agbagba dzem be dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo nasu amewo la, zi geɖe wu nenemae womegava le ɖeke tsɔm le alesi woléa fɔ ɖe agbalẽ siawo ŋɔŋlɔ ŋu—kple woƒe nyateƒenyenye le dzɔdzɔmeŋutinunya me—la me o. Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔla Robert A. Heinlein xa nu be “wole nusianu si woate ŋu axlẽ kple esiwo me modzakaɖeɖe vi aɖe ko le,” kpakple “nususukpɔ fefegbalẽ siwo ŋu viɖe mele o gbogbo aɖe” tam fifia. Agbalẽŋlɔla Ursula K. Le Guin gblɔ kpee be wole “nu maɖinuwo” gɔ̃ hã tam.
Togbɔ be wole nya hem ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ŋu alea hã la, vividodo ɖe eŋu dzi ko wole, elabena ekpɔ dodoɖedzi, menye tso dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gbɔ o, ke boŋ tso sinimawɔlawo gbɔ.
Dzɔdzɔmeŋutinunya me Nyakpakpawo Do ɖe Sinimawo Me
Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ƒe sinimawo li tso ƒe 1902 me ke esi Georges wɔ sinima si nye A Trip to the Moon (Mɔzɔzɔ Yi Dzinu Dzi). Sinimadelawo ƒe dzidzime si va dzɔ emegbe ƒe nu ku esi woɖe Flash Gordon na wo. Gake le ƒe 1968 me, si nye ƒe ɖeka hafi amegbetɔ ƒe afɔ naka dzinu dzi la, wokpɔ dzidzɔ ɖe aɖaŋu si wotsɔ wɔ sinima si nye 2001: A Space Odyssey (Ƒe 2001: Yamenutome Tsaglalãtsatsa) la ŋu eye wowɔ ga gbogbo aɖe tso eya hã me. Hollywood va dze ga gbogbo aɖe kaka ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa sinimawo ŋu gɔme.
Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo kple ƒe 1980 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, ga si United States kpɔ le tikit dzadzra me la ƒe afã tso sinima siwo nye Alien, Star Wars, Blade Runner, kple ET: The Extraterrestrial me. Le nyateƒe me la, wowɔ sinima siwo wokpɔ wu ɖesiaɖe dometɔ ɖeka le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo me, eyae nye Jurassic Park. Esi woɖe sinima sia vɔ la, wowɔ Jurassic Park sinima ƒe adzɔnu siwo ade 1,000. Eyata mewɔ nuku o be television hã dzo dze eme. Sinima xɔŋkɔ si nye Star Trek la na wogawɔ sinima bubuwo le yamenutome ŋu.
Gake ewɔ na ame geɖe be esi dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔlawo le agbagba dzem be yewoakpɔ nusi amewo le didim gbɔ na wo la, wo dometɔ aɖewo va ɖe asi le nusiwo naa asixɔxɔ sue aɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo ŋu la ŋuti. Germaniatɔ agbalẽŋlɔla Karl Michael Armer gblɔ be ‘dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo va zu adzɔnuwo ƒe dzesi aɖe si meganye emenyawoe wotsɔ dea dzesi woe o ke boŋ alesi woƒlea wo ye.’ Ame bubuwo xa nu be meganye amegbetɔwoe amesiwo nye “ame ŋkutawo” le egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo me la nye o, ke wonye gbeɖiɖi alo nusiwo wokpɔna le sinima me. Eŋutinyahela aɖe gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa “nyɔ ŋu eye wòle tsɛ ale gbegbe le nɔnɔme vovovo siwo me wòdzena le la dometɔ geɖe me.”
Le kpɔɖeŋu me, nu geɖe siwo woyɔna be dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa sinimawo dometɔ geɖe meku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya alo etsɔme ŋu kura o. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wozãa nusiwo wogblɔna be eku ɖe etsɔme ŋu la abe ŋkumeflunu ene na ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖeɖefia. Agbalẽŋlɔla Norman Spinrad gblɔ be le egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ƒe ŋutinya geɖe me la, “wodaa tu” ame aɖe, “wotɔa hɛ ame aɖe, wowua atike ɖe ame aɖe dzi, wotsɔa mɔ̃ gblẽa nu le ame aɖe ŋu, wodea abi ame ŋu, wovuvua ame aɖe, alo kakana ametia.” Le sinima geɖe me la, woɖea nuveviwɔame sia fiana le nɔnɔme si dzi ŋɔ ŋutɔ me!
Nu bubu si ŋu wogatsi dzi ɖoe nye be woɖea ŋusẽ siwo kɔkɔ wu dzɔdzɔmetɔwo ƒe nuwɔna fiana le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpagbalẽ kple sinimawo me. Togbɔ be ame aɖewo abu ŋutinya mawo be wonye nyui kple vɔ̃ dome ʋawɔwɔ siwo nye kpɔɖeŋunuwo ko hã la, nusiawo dometɔ aɖewo gbɔ kpɔɖeŋunuwo nyenye ko ŋu eye wodea gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ƒe dzi ƒo.
Dadasɔ Hiã
Nyateƒee, Biblia metsi tre ɖe nusiwo wosusu kpɔ tsɔtsɔ ɖe modzakae ŋu ale o. Le lo si Yotam do le atiwo ŋu me la, ezã ati siwo me agbe mele o abe ɖe wole nu ƒom na wo nɔewo ene—wonɔ ɖoɖo wɔm eye wonɔ nugbe gɔ̃ hã ɖom. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:7-15) Nyagblɔɖila Yesaya hã zã nuwo ƒe nɔnɔmetata wɔwɔ ƒe mɔnu sia esi wònɔ nu ƒom tso dukɔwo ƒe fia siwo ku ɣeyiɣi didi aɖe la ŋu abe ɖe wonɔ dze ɖom le yɔdo me ene. (Yesaya 14:9-11) Kpɔɖeŋu siawo tɔgbe aɖewo le Yesu ƒe lododowo me siwo nye nusiwo mate ŋu adzɔ le alesi wogblɔ wo nui ŋutɔŋutɔ o. (Luka 16:23-31) Menye modzakaɖeɖe tae wowɔ kpɔɖeŋu nɔnɔmetata mawo o, ke boŋ mɔfiafia kple nufiafia ame tae.
Asɔ be agbalẽŋlɔla aɖewo nazã nusi ava dzɔ le etsɔme atsɔ afia nui alo aɖe modzakae egbea. Gake agbalẽxlẽla siwo nye Kristotɔ siwo wɔna ɖe woƒe dzitsinya ƒe mɔfiame dzi la ɖoa ŋku edzi be Biblia xlɔ̃ nu mí be míaƒe susu nanɔ nusi le dzadzɛ eye wòdea ame dzi la ŋu. (Filipitɔwo 4:8) Eɖo ŋku edzi na mí hã be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa aɖewo nyea mɔnu siwo wotsɔ kakaa dzixɔse kple nufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o, abe nɔnɔmetɔtrɔ, amegbetɔ ƒe luʋɔ ƒe nu makumakunyenye, kple gbugbɔgadzɔ ene. Biblia xlɔ̃ nu mí be míagana woatsɔ “xexemenunya kple beble dzodzro” aɖe aboyo míi o. (Kolosetɔwo 2:8) Eyata ŋuɖɔɖɔɖo hiã le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo xexlẽ alo wo kpɔkpɔ gome, abe alesi wòhiã le modzakaɖeɖe ƒomevi ɖesiaɖe gome ene. Ele be míatia nusiwo míexlẽna alo nusiwo míekpɔna la me.—Efesotɔwo 5:10.
Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, ŋutasesẽnuwɔwɔwo le sinima siwo ŋu ame geɖe doa vivi ɖo la dometɔ geɖe me. Ðe ʋukɔkɔɖi yakatsyɔ kpɔkpɔ adze Yehowa, amesi ŋu wogblɔ le be: “Eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ” la ŋua? (Psalmo 11:5) Eye esi Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu ta la, anye Kristotɔwo ƒe didi be yewoabu nuwo ŋu nyuie le agbalẽ alo sinima siwo me akunyawɔwɔ alo afakaka dzena le la xexlẽ alo wo kpɔkpɔ ŋu. (Mose V, 18:10) Nyae hã be togbɔ be vovototo dede nyakpakpa kple nu ŋutɔŋutɔ dome masesẽ na ame tsitsi boo o hã la, menye ɖevi ɖesiaɖee ate ŋu ade vovototo wo me o. Le esia hã ta dzilawo adi be yewoalé ŋku ɖe alesi nusiwo yewo viwo xlẽna kple nusiwo wokpɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzii la ŋu nyuie.b
Ame aɖewo atso nya me be yewoadi nuxexlẽ kple modzakaɖeɖe ƒomevi bubuwo. Gake mehiã be amesiawo nadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo le go sia me alo ahe nya ɖe wo ŋu le ame ŋutɔ ƒe tiatiawɔnya siawo me o.—Romatɔwo 14:4.
Le go bubu me la, anyo be Kristotɔ siwo kpɔa nyakpakpafefe ƒomevi vovovowo abe ɣeyiɣi aɖe ko ƒe modzakaɖeɖe ene la, naɖo ŋku Salomo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.” (Nyagblɔla 12:12) Edze ƒã be ame geɖe le egbe xexeame wɔ nusi gbɔ eme le alesi wotsɔ wo ɖokui katã na dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa gbalẽwo kple sinimawo kpɔkpɔe me. Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa habɔbɔwo kple eƒe takpekpewo va bɔ. Time magazine gblɔ be Star Trek lɔ̃lawo le anyigbagã atɔ̃ dzi tsɔ wo ɖokui katã na nyakpakpagbegbɔgblɔ si woyɔna be Klingon, si wodo le Star Trek television dzi wɔnawo kple sinimawo me. Agbenɔnɔ si gbɔ eme sia mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖose si le Petro I, 1:13 be: “Minɔ mo xexi [“mida sɔ,” NW, etenuŋɔŋlɔ]” la o.
Ne dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo ganyo kakaka hã la, mate ŋu akpɔ amegbetɔ ƒe didi vevie be yeanya etsɔme la gbɔ o. Ele be amesiwo di le nyateƒe me be yewoanya etsɔme la natrɔ ɖe dzɔtsoƒe si ŋu kakaɖedzi le ŋu. Míadzro esia me le míaƒe nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Verne gblɔ be enye “didiƒenuŋlɔmɔ̃ si ate ŋu aɖe foto nu [si] ana woate ŋu aɖo nuŋɔŋlɔ, asidedeagbalẽme alo nutata ɖesiaɖe ɖe didiƒewo ke wòanɔ pɛpɛpɛ abe gbãtɔ ene.”—Newsweek, October 10, 1994.
b Kpɔ nyati si nye “Nukae Wòle Be Viwò Nàxlẽ?” si le March 22, 1978 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ele be dzilawo nakpɔ wo viwo ƒe modzakaɖeɖe dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ele be Kristotɔwo natia dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo me