Alesi Tututu Etsɔme Anɔ
AME geɖe siwo tsia dzi ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo ŋu la nye amesiwo dina vevie be yewoanya nu tso nuwo ŋu, wodina be nuwo natrɔ le amegbetɔƒomea me, eye etsɔme nyanya nyea woƒe didi vevi aɖe. Biblia gblɔ nya geɖe le etsɔme ŋu, gake nusi Biblia gblɔ le nusi adzɔ ɖe amegbetɔ dzi ŋu la to vovo sã tso nusi dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔlawo susuna gbɔ.
Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo gblɔ nya vovovo geɖe le etsɔme ŋu. Gake ɖe nàlɔ̃ atsɔ wò agbe aɖo anyi ɖe esiawo dometɔ aɖe taa? Nuka dzie nàtu wò tiatia ɖo? Nudzɔdzɔ siawo siwo wosusu kpɔ be woava dzɔ la ƒe ɖesiaɖe mate ŋu anye nyateƒe o. Le nyateƒe me la, esi nyagblɔkpɔ—nyakpakpa—le wo katã me ta la, ɖe nàte ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be wo dometɔ ɖeka pɛ hã ate ŋu anye nyateƒea? Anye boŋ be wo dometɔ aɖeke manye nyateƒe o.
Wodo Kpo Emevava
Nya siwo wogblɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa me dometɔ geɖe le kpo dom nu xoxo. Aleke? Eyae nye be esiwo ku ɖe alesi dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu ahe ŋkuʋuʋu si nyo wu va anyigba dzi afisiae la do kpo emevava. Nusi le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ egbea to vovo na ŋkuʋuʋu si nyo wu sã. Germaniatɔ agbalẽŋlɔla Karl Michael Armer gblɔ be: “Etsɔme wu tsɔtsɔ na mí.” Eyɔ “atɔmikbɔmbwo ƒe ametsɔtsrɔ̃ le xexeame katã, yamenutomefɔkuwo, dɔwuame, ahedada, ŋusẽ siwo woazã atsɔ awɔ dɔe ƒe anyimanɔmanɔ, [kple] ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo dziɖuɖuwo daa megbe na.”
Ne míagblɔe bubui la, etsɔme si wogblɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ƒe ŋutinya geɖe me mele eme vam o. Ke boŋ esi nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le anyigba dzi la, nɔnɔme si me amegbetɔ le la le megbemegbe yim. Eɖanye ŋgɔyiyi ka ke wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya alo mɔ̃ɖaŋu me o, ɖeko nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽnuwo wɔwɔ, ahedada, fuléle gbebubudolawo, kple ƒomewo ƒe gbagbã le dzidzim ɖe edzi na amegbetɔƒomea le xexeame godoo.
Dzɔdzɔmeŋutinunya me gbagbadzedze aɖewo gadzi amegbetɔ ƒe kuxiwo ɖe edzi geɖe. Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋee aɖewo ko ŋu kpɔ: alesi atikewo le ɖi ƒom míaƒe ya, tsi, kple nuɖuɖui; afɔku si dzɔ le Bhopal le India, afisi aɖiya do tso mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe aɖe le, si me ame 2,000 tsi eye wògblẽ nu le amesiwo ade 200,000 ŋu; afɔku si dzɔ le nukliaŋusẽnamɔ̃ ƒe dɔwɔƒe aɖe le Chernobyl le Ukraine, si me ame geɖe ku le eye wòdzi cancer xɔxɔ kple kuxi bubuwo ɖe edzi le teƒe gbogbo aɖe.
Ʋuʋu Aɖanɔ Yamenutowo Mea?
Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo ƒe ŋutinya gbogbo aɖewo siwo ku ɖe etsɔme ŋu na woŋlɔa agbemekuxiwo kple amegbetɔwo ƒe nuɖoɖowo le anyigba dzi ƒe kpododonuwo be le mɔ bubu hã nu. Wonaa amesiwo doa vivi ɖe wo ŋu ƒe susu yia nusiwo wosusu be woava dzɔ le yamenutowo me ŋu dzi. Amegbetɔ siwo azã yamenutomeyimɔ̃ siwo te ŋu dea ɣletivihatsotso bubuwo dzi la ƒe ʋuʋu aɖanɔ ɣletinyigba bubuwo dzi kple xexeame godoo ƒe akpa bubuwo la nye nusiwo woɖena fiana edziedzi. Esia wɔnɛ be ame geɖe sena le wo ɖokui me abe ame aɖe si ŋlɔ nya siawo ɖo ɖe New York nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe numetola ene be: “Amegbetɔ ƒe etsɔme nɔ te ɖe yamenutowo me tsatsa dzi.”
Nyateƒee, wogale nusɔsrɔ̃ le yamenutome ŋu dzi eye wogale yamenutomeyimɔ̃wo ɖom ɖa be woatsɔ asrɔ̃ nui le yame ŋu. Gake agbenɔnɔ le yamenutome ya ɖe? Togbɔ be wogblɔa nya geɖe le amegbetɔ ƒe yamenutomeyiyi si ayi ŋgɔ boo ŋu hã la, womewɔ ɖoɖo aɖeke si dzi anya azɔ be woaɖanɔ dzinua alo ɣletinyigba siwo te ɖe anyigba ŋu la dzi o—kaka wòayi ɣletivihatsotso bubuwo dzi nye ge o. Le nyateƒe me la, ʋuʋu aɖanɔ yamenutome to amegbetɔ ƒe agbagbadzedze me meganye nusi ŋu wosusuna be ate ŋu adzɔ le etsɔme si ava kaba me o. Eye dukɔ vovovo ƒe yamenutome ŋuti ɖoɖowo xɔ asi ale gbegbe be wole wo dzi tsom alo wole asi ɖem le wo ŋu kura.
Nyateƒe lae nye be ameƒomea ƒe etsɔme, wò etsɔme, mele yamenutomeyiyi ƒe ɖoɖo siwo amegbetɔwo da megbe na la me o. Anyigba dzi afisia koe wò etsɔme le. Eye menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo, alo agbalẽŋlɔlawoe atso nya me le etsɔme ma ŋu o. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi alea gbegbe?
Esi anyigba la Wɔla, Yehowa Mawu, ye atso nya me le etsɔme ŋu tae. Eye dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa me nususukpɔ aɖeke mate ŋu ado ŋugbe wòasɔ kple esiwo Biblia do la o. Le agbalẽ ma—Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me si wòɖe fia ameƒomea—me la, egblɔ nusi etsɔme anye na ameƒomea la na mí. (Timoteo II, 3:16, 17; Petro II, 1:20, 21) Nukae wògblɔ?
Amegbetɔƒomea ƒe Etsɔme
Mawu ƒe Nya la gblɔ Wɔla la ƒe tameɖoɖo be yeato dziɖuɖu si le Yesu Kristo si me dzi aɖɔ nuwo ɖo le amegbetɔƒomea katã me la fia kɔte. Woyɔ dziƒodziɖuɖu ma le Biblia me be Mawu ƒe Fiaɖuƒe.—Mateo 6:9, 10.
Nyagblɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ le Fiaɖuƒe ma ŋu le Daniel 2:44 be: “Le fia mawo [esiwo li egbea] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo [egbe tɔwo] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”
Le Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ triakɔ la ƒe ameʋaʋã si tso gbɔgbɔ me te la, apostolo Petro hã ŋlɔ nu tso agbenɔnɔ le anyigba dzi le etsɔme le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ŋu. Egblɔ be: “Míele dziƒo yeye [Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea] kple anyigba yeye [amewo ƒe habɔbɔ yeye si le Fiaɖuƒea te], siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.”—Petro II, 3:13.
Aleke agbenɔnɔ anɔ na amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su be woanɔ anyigba dzi le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te? Ŋugbe si Wɔla la doe nye be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.
Etsɔme si ƒe ŋugbe Wɔla la do la wɔ nuku ŋutɔ. Eto vovo na nudzɔdzɔ siwo dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpaŋlɔlawo alo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susu kpɔ gblɔ, siwo me nuwɔwɔ dziŋɔ siwo mele dzɔdzɔmenu o nɔna zi geɖe la sasasã. Nyateƒe Kristotɔwo xɔa Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ŋu kakaɖedzi le ku ɖe etsɔme ŋu la dzi sena. Le nyateƒe me la, wowɔa nusi yi ŋgɔ wu ema. Wolɔ̃na tsɔa woƒe agbe dea afɔku me ɖe wo ta.
Nukatae wote ŋu wɔnɛ kple kakaɖedzi sia gbegbe? Nusitae nye be wonya tso Mawu ƒe Nya la me be “mɔkpɔkpɔ” sia “menana ŋu kpea ame o,” elabena ‘Mawu mate ŋu aka aʋatso o.’ Le nyateƒe me la, “Mawu mate ŋu aka aʋatso . . . o.” (Romatɔwo 5:5; Tito 1:2; Hebritɔwo 6:18) Abe alesi Mawu ƒe subɔla Yosua gblɔe gbaɖegbe ke ene la: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yosua 23:14.
Nuɖoanyi xoxo vɔ̃ɖi sia ƒe nukpɔsusuwo dzena le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa geɖe me. Nukatae? Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa dze egɔme le ɣeyiɣi aɖe si woyɔ be enye ŋkuʋuʋuɣi la me, esime ame geɖe megaxɔa nusiwo wobu nyateƒee tsã dzi sena o eye woxɔe se be amegbetɔ ŋutɔ ate ŋu atrɔ asi le eƒe etsɔme ŋu la me. Esɔ be wobu fɔ xexemesubɔsubɔhawo ɖe ameƒomea ƒe fukpekpewo ƒe akpa gã aɖe ta, gake wogbe nyateƒe si ku ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ kpakple eƒe tameɖoɖo ŋu hã dzixɔxɔse. Nuwo meva yi abe alesi wosusui ene o, eyata wogado susu bubuwo ɖa.
Gake amegbetɔ ƒe nukpɔsusuwo, aleke ke wobu wo ŋu nyuie o, afi aɖe koe wosena. Mía Wɔla la gblɔ be: “Alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.”—Yesaya 55:9.
Dzɔdzɔmeŋutinunya me Nufɔfɔ Akuakuawo
Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, woatsɔ dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekuku akuakua akpɔ amegbetɔ ƒe didi si le dzɔdzɔme nu be sidzedze nasu ye si la ƒe akpa aɖe gbɔe. Magahiã be woakpa nya agblɔ le nusiwo ava dzɔ ŋu o, elabena nusi li ŋutɔŋutɔ la aʋã ame eye wòana hehe ame ƒe susu le mɔ tuameɖo si nye nyateƒe nu.
Ɣemaɣi la, ame geɖe ase alesi dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ Isaac Newton se le ɖokui mee la gɔme, esi wòtsɔ eɖokui sɔ kple “ɖevi si le fefem le ƒuta, . . . evɔ menya naneke tso nyateƒe ƒe atsiaƒu gã si le [eƒe] ŋkume la ŋu o.” Ðikekemanɔmee la, le Mawu ƒe xexe yeyea me la, Afia mɔ amegbetɔ siwo nye nuteƒewɔlawo be woafɔ nu lédzinamewo ɖe wo nɔewo yome ɖekaɖekae.
Ẽ, ɣemaɣi nyateƒe ɖeɖe sɔŋ dzi koe woatu dzɔdzɔmeŋutinunya me numekukuwo ɖo, elabena ‘nyateƒe Mawue’ Yehowa nye. Ele mía kpem be míasrɔ̃ nu tso anyigba la kple eƒe nutowo me kpakple lã siwo le edzi ŋu. (Psalmo 31:6; Hiob 12:7-9) Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nusɔsrɔ̃ akuakua siwo nyateƒe Mawu la afia mɔe anye Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me nu dodzidzɔnameawo ƒe akpa aɖe. Ekema nutovɛwo, nufɔfɔwo, kple ɖɔɖɔɖo wɔnuku siwo woawɔ le ame ƒe agbenɔnɔ kple agbemenuhiahiãwo me la katã ƒe bubu ayi na xexeame katã Wɔla, Yehowa Mawu, ke menye na amegbetɔ aɖeke o.
Le xexe yeye ma si le du dzi gbɔna me la, amegbetɔ siwo nye toɖolawo katã akɔ Mawu ŋuti ɖe eƒe ɖetsɔleme kple mɔfiafia lɔlɔ̃tɔe ta. Aseyetsotso gãe woatsɔ asubɔe eye woagblɔ nɛ, abe alesi wogblɔe ɖe Nyaɖeɖefia 4:11 ene be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Anyigba dzie ameƒomea ƒe etsɔme le