INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 5-8
  • Wole Egbɔkpɔnu Siwo Asɔ Dim

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wole Egbɔkpɔnu Siwo Asɔ Dim
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðiƒonuwo Dzi Ðeɖe Kpɔtɔ
  • Ekuku Blewu
  • Gasɔwo Dodo
  • Ʋu Ƒomevi Bubuwo Wɔwɔ
  • Kuxia ƒe Akpa aɖe Koe Wònye
  • Egbɔkpɔnu Nyuitɔ Kpɔkpɔ
    Nyɔ!—1996
  • Xexe si me Ʋuwo Mele O Anyo Wua?
    Nyɔ!—1996
  • Oo, Ne Makpɔ Ya Nyui aɖe Agbɔ Ðe!
    Nyɔ!—1996
  • Nutoa Me Takpɔkpɔ—Dzidzedze Ka Kpɔm Míele?
    Nyɔ!—2003
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 5-8

Wole Egbɔkpɔnu Siwo Asɔ Dim

MENYE ʋuwo ɖeɖekoe le ɖi ƒom ya o. Aƒewo, dɔwɔƒewo, kple elektrik-ŋusẽ dɔwɔƒewo hã le eme. Gake akpa si ʋuwo wɔna le ɖiƒoƒo yame le xexeame katã la lolo.

Le nyateƒe me la, agbalẽ si nye 5000 Days to Save the Planet te ŋu gblɔ be: “Ne woabu nusiwo katã gblẽm wòle ŋu—vevietɔ nusi gblẽm carbon dioxide si dona tsoa eme le le yame ŋu—la, ke anɔ eme be womawɔ ʋuwo kura o.” Ke hã la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Gake ema nye nyametsotso si ʋuwɔlawo, alo mɔdolawo, alo dziɖuɖudɔwɔƒewo, alo le nyateƒe me la, dumeviwo katã, siwo le woawo ŋutɔ ƒe ʋuwo zãm geɖe wu la, malɔ̃ be yewoawɔ o.”

Ðe mele be mɔ̃ɖaŋununya si na amegbetɔ te ŋu de dzinu dzi la nate ŋu awɔ ʋu siwo maƒo ɖi ya oa? Enya gblɔna evɔ menya wɔna o, eyata vaseɖe esime woakpɔ nusiwo le mɔ xem ɖe ʋu siwo maƒo ɖi ya o wɔwɔ nu gbɔ la, woyi edzi le egbɔkpɔnu bubu siwo asɔ dim.

Ðiƒonuwo Dzi Ðeɖe Kpɔtɔ

United States de se le ƒe 1960-awo me be woade nusiwo xea mɔ ɖe aɖiyawo ƒe dodo nu ʋuwo ŋu. Dukɔwo kple dziɖula bubuwo hã de se sia.

Fifia wole mɔ̃ si trɔa aɖiyawo, si bia be woazã ami si me lead mele o, ŋudɔ wɔm geɖe wu be wòaɖe ɖiƒonu siwo me afɔku le ɖa le dzudzɔa me. Le ƒe 1976 kple ƒe 1980 domee, esi ʋukula akpa gãtɔ dze ami si me lead mele o zazã gɔme la, lead agbɔsɔsɔ si le Amerikatɔwo ƒe lãme ƒe akpa etɔ̃lia dzi ɖe kpɔtɔ. Eye enyo hã nenema, elabena ne lead sɔ gbɔ ɖe lãme na ame la, ate ŋu agblẽ nu le eƒe lãmenusese kple ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ ŋu eye wòaɖe eƒe nusɔsrɔ̃ŋutete dzi akpɔtɔ. Gake ewɔ nublanui be togbɔ be lead ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ le dukɔ deŋgɔwo me hã la, mele nenema le dukɔ madeŋgɔwo me o.

Mɔ̃ si ɖea aɖiyawo le dzudzɔ me wɔa dɔ nyuie wòdzea ame ŋu, gake ɖikeke kpɔtɔ le wo zazã ŋu. Esi lead si dzi woɖe kpɔtɔ le ami me wɔe be ʋuwo ƒe duƒuƒu dzi ɖe kpɔtɔ ta la, wogatrɔ asi le hydrocarbon si le amia me hã ŋu. Esia wɔe be aɖiya bubuwo, abe benzene kple toluene ene, siwo mɔ̃a mete ŋu ɖena ɖa o la, ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi.

Hekpe ɖe eŋu la, mɔ̃ si ɖea aɖiyawo le dzudzɔ me zãa platinum. Nufialagã Iain Thornton si le Imperial College le Britania gblɔ be nusiwo menyo le eŋu o dometɔ ɖekae nye platinum si va sɔa gbɔ ɖe ʋuʋu si le mɔdodowo dzi me. Exlɔ̃ nu be ate ŋu adzɔ be “platinum si lólo ate ŋu age ɖe nuɖuɖu me.”

Agbalẽ si nye 5000 Days to Save the Planet lɔ̃ ɖe edzi be togbɔ be wokpɔ dzidzedze aɖe le “mɔ̃ siwo ɖea aɖiya le dzudzɔ me zazã le Dzigbe Amerika, Japan, Anyigbe Korea kple Europa dukɔ geɖe me hã la, ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ si le xexeame katã wɔe be womakpɔ viɖe si dim wole si nye ya nyui kura o.”

Ekuku Blewu

Mɔ bubu si dzi woato aɖe ʋudzudzɔ ƒe dodo dzi akpɔtɔ enye be woagaku ʋu sesĩe o. Gake le United States ƒe akpa aɖewo la, wodzi ʋuwo ƒe duƒuƒu ɖe edzi nyitsɔ laa. Manya wɔ be woade se ɖe ʋuwo ƒe duƒuƒu ŋu le Germania o. Ʋuwɔla siwo ƒe taɖodzinue nye be yewoawɔ ʋu sesẽ siwo ana wòanɔ bɔbɔe be woaƒu du sesĩe wòawu kilometa 150 le gaƒoƒo ɖeka me la tsi tre ɖe nya sia ŋu, eye ʋukula gbogbo aɖewo hã melɔ̃ ɖe edzi o. Gake edze azɔ be menye ɖiƒoƒo ya ɖeɖe ta koe Germaniatɔ geɖe le lɔlɔ̃m be woade se ɖe ʋu sesẽ kuku nu o ke woƒe dedienɔnɔ hã tae.

Le dukɔ aɖewo me la, wobia tso ʋukulawo si be woaku ʋu blewu ne dzudzɔ le dodom akpa—alo be woadzudzɔ ʋua kuku kura. Akɔntabubu aɖe si wowɔ le ƒe 1995 me ɖee fia be Germania tɔ 80 le alafa me alɔ̃ ɖe edzi be woade se ɖe ʋukuku sesĩe akpa nu ne aɖidzudzɔwo sɔ gbɔ le yame akpa. Wowɔ afɔɖeɖe aɖewo xoxo le dugã geɖe me le xexeame katã, hekpe ɖe Athens kple Rome ŋu, be woaxe mɔ ɖe ʋukuku nu le nɔnɔme aɖewo me. Wole esia wɔwɔ ŋu bum le dugã bubuwo hã me.

Gasɔwo Dodo

Be ʋuwo nagasɔ gbɔ akpa ɖe mɔdodowo dzi o la, woɖe le ʋuɖofewo dzi be amewo naɖo bɔswo kple taksiwo le dugã aɖewo me. Bubuwo na ʋukula siwo lɔ̃ be yewoaxe ga sue aɖe ko ada yewoƒe ʋuwo ɖe ʋutɔɖoƒewo la ɖoa bɔs femaxee yia afisi yim wole. Dugã bubuwo ɖo mɔdodoa ƒe akpa aɖe ɖi be bɔswo kple taksiwo ɖeɖeko nato ale be ame geɖe nalɔ̃ aɖo ʋu siawo.

Wogblɔ mɔ yeye aɖe si dzi woato akpɔ kuxia gbɔ le The European me nyitsɔ laa be: “Esi Netherlandtɔwo ƒe afɔɖeɖe aɖewo siwo wowɔ le ƒe 1960-awo me do ŋusẽ Denmarktɔ veviedonulawo la, wova ke ɖe ɖoɖo aɖe si dzi woato aɖe ʋuwo ƒe ɖiƒoƒo ya kple woƒe agbɔsɔsɔ ɖe mɔdodowo dzi fũ akpa dzi akpɔtɔ la ŋu to nana be amewo nado gasɔ tsɔ wu be woaɖo ʋu.” Woda gasɔwo ɖe teƒe vovovowo le Copenhagen ƒe mɔdodowo katã dzi. Ne èda gaku aɖe ɖe nane me ko àte ŋu atsɔ gasɔ ɖeka azã. Àte ŋu agbugbɔ axɔ wò ga emegbe ne ètrɔ gasɔa va da ɖe teƒe si sɔ. Ne ɖoɖo sia awɔ dɔ eye woawɔe le teƒe bubuwo hã míava kpɔe.

Be woade dzi ƒo na amewo be woazã gasɔwo ɖe ʋuwo teƒe la, woɖe mɔ le Germania ƒe dugã aɖewo me be gasɔdolawo nato mɔ tɔxɛ aɖewo dzi eye woadze ŋgɔ ʋuwo! Esi dugãmenɔla ɖeka le ame etɔ̃ ɖesiaɖe me kple dusuemenɔla siwo wu ɖeka le ame etɔ ɖesiaɖe me si yia dua ƒe akpa bubu la meyina teƒe si didi wu kilometa etɔ̃ o ta la, wo dometɔ geɖe ate ŋu azɔ afɔ alo ado gasɔ. Esia ana ɖiƒoƒo ya dzi naɖe akpɔtɔ; le ɣeyiɣi ma ke me la, gasɔdolawo ato esia me anɔ kame dem.

Ʋu Ƒomevi Bubuwo Wɔwɔ

Wokpɔtɔ le dɔ dzi le ʋu ƒomevi bubu siwo meƒoa ɖi ya o wɔwɔ me. Wowɔ elektrik-ʋu siwo zãa batri, gake womeƒua du boo o eye kpea hã kuna kaba. Aleae wòle le ʋu siwo zãa ɣe ƒe ŋusẽ hã gome.

Mɔnu bubu si tem wole kpɔ enye ʋu siwo zãa hydrogen ɖe ami teƒe. Hydrogen bina eye aɖiya aɖeke medona tsoa eme o, gake eƒe asixɔxɔe nye mɔxenua.

Esi United States dukplɔla Clinton kpɔ alesi wòhiã be woawɔ ʋu ƒomevi bubuwo dze sii la, eɖe gbeƒãe le ƒe 1993 me be dziɖuɖua kple United States ʋuwɔƒewo awɔ ɖeka ato ʋu yeye si woazã le etsɔme vɛ. Egblɔ be: “Míadze agbagba adze mɔ̃ɖaŋudɔ si lolo wu ɖesiaɖe si míaƒe dukɔa wɔ kpɔ la gɔme.” Ne anya wɔ be “woawɔ ʋu aɖe hena ƒe alafa 21 lia si awɔ dɔ nyuie eye maƒo ɖi ya o” abe alesi wògblɔe ene la, míegbɔna ekpɔ ge. Ðoɖoa bia be kaka ƒe ewo nava yi la, woawu eƒe kpɔɖeŋu ɖeka nu—gake woagblẽ ga geɖe ɖe eŋu.

Ʋuwɔla aɖewo le dɔ wɔm tso ʋu ƒomevi si azã ami kple elektrik-ŋusẽ siaa ŋu. Wowu ʋu sue aɖe nu le Germania—si xɔ asi ŋutɔ—si zãa elektrik, eye sɛkɔnd asieke tso esime wode dzo eme la, eƒe duƒuƒu ɖoa kilometa 100 eye wòyia edzi ƒua du va ɖoa kilometa 180 le gaƒoƒo ɖeka me. Gake ne ezɔ kilometa 200 la, eƒe batri ƒe ŋusẽ vɔna eye wòtɔna, vaseɖe esime woagado ŋusẽ batri la, si wɔwɔ ne mede ɖeke o la, axɔ gaƒoƒo etɔ̃. Wokpɔtɔ le numekuku wɔm eye wole mɔ kpɔm be woawɔ ŋgɔyiyi geɖe wu.

Kuxia ƒe Akpa aɖe Koe Wònye

Alesi woakpɔ aɖiya ƒe dodo gbɔ la nye kuxia ƒe akpa aɖe ko. Ʋuwo hã ɖea toɣli eye amesiwo ƒe aƒewo te ɖe mɔdodo siwo dzi ʋu tona vevie ŋu la nya esia nyuie. Esi ʋuwo ƒe toɣliɖeɖe atraɖii ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu vevie ta la, esia hã nye kuxia ƒe akpa vevi aɖe si gbɔ wòle be woakpɔ.

Amesiwo lɔ̃a dzɔdzɔmenuwo hã agblɔ be wotsɔ mɔdodo klitsawo, hekpe ɖe dɔwɔƒe manyakpɔwo kple boblodonu siwo woklã ɖe wo to ŋu la gblẽ avenyigba dzeani woe. Gake zi alesi ʋuwo le agbɔ sɔm ɖe edzii la, zi nenemae wòhiã be woado mɔ geɖe hãe.

Ʋu aɖewo siwo ŋudɔ wo ƒlelawo wɔ tsɔ ƒo ɖi yame ƒe geɖe vɔ megbe la yia ɖiƒoƒoa dzi le “woƒe ku megbe” gɔ̃ hã. Ʋu xoxo siwo amewo tsɔ ƒu gbe, siwo tɔa ŋku, va zu kuxi gã ale gbegbe be ehiã be woade se le teƒe aɖewo be woatsɔ axe mɔ ɖe kɔlili wo ɖe nutoa me madzemadzee nu. Ðe woate ŋu awɔ ʋu si asɔ, si ne egblẽ la woate ŋu agbugbɔ asi atrɔ le eŋutinuwo ŋu atsɔ awɔ ʋu yeyee la gbaɖegbea? Mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woate ŋu awɔ ʋu sia ƒomevi o.

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wota nyitsɔ laa gblɔ be: “Germaniatɔ geɖe tsi dzi ɖe yame ƒe nyonyo ŋu vevie ŋutɔ, gake wo dometɔ ʋee aɖewo koe wɔa nusi sɔ.” Woŋlɔ nu tso dziɖuɖumegã aɖe ƒe nya si wògblɔ ŋu be: “Ame aɖeke mebua eɖokui be yenye fɔɖila o, eye ame aɖeke malɔ̃ be woatsɔ nya ɖe ye ŋu o.” Ẽ, kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe le xexe si me ameawo nye “ɖokuilɔ̃lawo” kple ‘nugɔmemaselawo’ le la o.—Timoteo II, 3:1-3.

Wogale egbɔkpɔnu si asɔ dim kokoko. Ðe woate ŋu akpɔ ʋuwo kple woƒe ɖiƒoƒo ya ƒe nya la gbɔ gbaɖegbea?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðe woate ŋu aɖe ɖiƒoƒo ya dzi akpɔtɔ to bɔs alo taksi ɖoɖo, ʋu ɖeka zazã kple ʋutɔ bubuwo, alo gasɔdodo dzia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe