INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 3-5
  • Xexe si me Ʋuwo Mele O Anyo Wua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xexe si me Ʋuwo Mele O Anyo Wua?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ʋuwo ƒe Agbɔsɔsɔ Fũ Akpa le Xexeame
  • Ðiƒoƒo Ya ƒe Ŋɔdzi La
  • Wole Egbɔkpɔnu Siwo Asɔ Dim
    Nyɔ!—1996
  • Nutoa Me Takpɔkpɔ—Dzidzedze Ka Kpɔm Míele?
    Nyɔ!—2003
  • Egbɔkpɔnu Nyuitɔ Kpɔkpɔ
    Nyɔ!—1996
  • Agbe Si Me Dzidzeme Le Didi
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 3-5

Xexe si me Ʋuwo Mele O Anyo Wua?

ALEKE nèbu be nuwo anɔ ne ʋu aɖeke mele xexeame o? Alo ɖe nàte ŋu ayɔ nane si woto vɛ le ƒe alafa si va yi me si trɔ amewo ƒe agbenɔnɔ kple nɔnɔme kura wu ʋuwoa? Ʋuwo manɔmee la, amedzrodzeƒewo manɔ anyi o, nuɖuɖudzraƒe siwo amewo nɔa ʋu me ɖua nu le manɔ anyi o, eye fefewɔƒe siwo wotu amewo nɔa woƒe ʋu me kpɔa nu le hã manɔ anyi o. Vevietɔ wu la, ne bɔswo, taksiwo, ʋu suewo, alo ʋu gãwo meli o la, aleke nàwɔ ayi dɔ me? alo ayi suku? Aleke agbledelawo kple adzɔnuwɔlawo awɔ be woƒe asinuwo naɖo asime?

The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Dɔwɔƒe ade ɖesiaɖe si le United States dometɔ ɖeka nɔ te ɖe ʋuwo wɔwɔ, wo mamã, wo dzadzraɖo, alo wo zazã dzi,” eye wògblɔ kpee be: “Ʋu siwo ʋuwɔƒewo dzrana kple wo ŋuti fewo xexe ɖaseɖigbalẽ ƒe home wu adzɔnu siwo katã wodzrana le agbɔsɔsɔ gã me la mamã ɖe atɔ̃ me ƒe akpa ɖeka eye ewu ƒlekaƒlesitsatsa mamã ɖe ene me ƒe akpa ɖeka. Akɔntabubua le sue wu le dukɔ bubu aɖewo me, gake Japan kple ɣetoɖoƒe Europa dukɔ aɖewo tɔ le United States tɔ gogom kabakaba.”

Gake ame aɖewo le gbɔgblɔm be xexe si me ʋuwo mele o me nɔnɔ anyo wu. Susu vevi eve aɖewo tae wole nya sia gblɔm ɖo.

Ʋuwo ƒe Agbɔsɔsɔ Fũ Akpa le Xexeame

Ne ènɔ ʋu me kpɔ eye nètsa nɔ ʋutɔɖoƒe dim ʋuu do kpoe le alesi ʋuwo yɔ teƒeawo katãe ta la, ke menye ame aɖekee agblɔe na wò be ne ʋu nyo hã la, ne wogasɔ gbɔ fũ akpa ya menyo o. Alo ne ènɔ ʋu me eye ʋuawo sɔ gbɔ le mɔa dzi ale gbegbe be ŋgɔyiyi zu dɔ la, ke ènya alesi wòtena ɖe ame dzi be woanɔ ʋu si wowɔ be wòazɔ gake wòva hiã be wòatsi teƒe ɖekae la me.

Le ƒe 1950 me la, United States ɖeɖeko mee ʋu 1 nɔ anyi na ame 4 ɖesiaɖe le. Kaka ƒe 1974 naɖo la, Belgium, France, Germania, Great Britain, Italia, Netherlands, kple Sweden hã tɔ ɖo nenema. Gake ɣemaɣi la, xexlẽmea yi dzi le United States va ɖo ʋu 1 na ame 2 ɖesiaɖe kloe. Fifia ʋu 1 li na dukɔmevi 2 ɖesiaɖe le Germania kple Luxembourg. Esusɔ vie Belgium, France, Great Britain, Italia, kple Netherlands hã tɔ naɖo nenema.

Ʋuwo sɔ gbɔ ɖe du gã geɖe—afika kee woɖale le xexeame o—me ale gbegbe be woɖi ʋutɔɖoƒe gãwo. Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi si me India xɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1947 me la, ʋu sue kple ʋu gã 11,000 ye nɔ eƒe fiadu New Delhi me. Kaka ƒe 1993 naɖo la, xexlẽmea wu 2,200,000! Enye dzidziɖedzi gã aɖe ŋutɔ—gake Time magazine gblɔ be “wole mɔ kpɔm be kaka ƒe alafa sia nawu nu la, xexlẽmea adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve.”

Gake le Ɣedzeƒe Europa, afisi ʋu siwo li na dukɔmeviwo nye agbɔsɔsɔ si le Ɣetoɖoƒe Europa tɔ mamã ɖe ene me ƒe akpa ɖeka ko hã la, ame miliɔn 400 li siwo ate ŋu aƒlee. Kaka ƒe ʋee aɖewo nava yi la, nuwo atrɔ le China, afisi vaseɖe fifia wonya be gasɔ siwo ade miliɔn 400 le la. Abe alesi woka nya ta le ƒe 1994 me ene la, “dziɖuɖua le ɖoɖo wɔm be woadzi ʋu siwo wowɔna ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi kabakaba,” wòatso ʋu miliɔn 1.3 si wowɔna ƒe sia ƒe va ɖo miliɔn 3 hafi ƒe alafa sia nawu nu.

Ðiƒoƒo Ya ƒe Ŋɔdzi La

The Daily Telegraph, October 28, 1994 tɔ gblɔ be: “Ya nyui aɖeke megale Britania o.” Ðewohĩ woɖe ami ɖe nya sia, gake nyateƒe aɖe le eme si ŋu wòle be woalé ŋku ɖo. Nufialagã Stuart Penkett si le East Anglia Yunivɛsiti xlɔ̃ nu be: “Ʋuwo na míaƒe yame katã le gbegblẽm.”

Agbalẽ si nye 5000 Days to Save the Planet gblɔ be aɖiya si nye carbon monoxide “xea mɔ ɖe ya nyui si ŋutilã la hiã nu, egblẽa nu le susua kple tamebubu ƒe ŋutenɔnɔ ŋu, eɖiɖia lãmenusese eye wònaa ŋuzi tsɔa ame.” Eye Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ be: “Dugãmenɔla siwo le Europa kple Dzigbe Amerika ƒe afã gbɔa ya si me carbon monoxide sɔ gbɔ le akpa.”

Wobu akɔnta be le teƒe aɖewo la, dzudzɔ siwo tsoa ʋuwo me wua ame geɖe ƒe sia ƒe—hekpe ɖe eƒe ɖiƒoƒo nutoa me si ŋu wogblẽa ga dɔlar biliɔn geɖe ɖo ŋu. Le July 1995 me la, wogblɔ le television dzi nyadzɔdzɔ aɖe me be aɖidzudzɔ si dona tsoa ʋuwo me wua Britaniatɔ siwo ade 11,000 ƒe sia ƒe.

Wowɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe le Yame ƒe Nɔnɔme Ŋuti le Berlin le ƒe 1995 me. Amedɔdɔ siwo tso dukɔ 116 me lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be woawɔ nane tso eŋu. Gake nusi na mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe enye be wohe taɖodzinuwo ɖoɖo kple sewo dede alo ɖoɖowɔɖi tɔxɛwo wɔwɔ ɖe megbe.

Ne míebu nya si agbalẽ si nye 5000 Days to Save the Planet gblɔ le ƒe 1990 me ke ŋu la, anɔ eme be ele be míakpɔ mɔ na ŋgɔmayimayi sia. “Alesi dunyahehe kple gaŋutiɖoɖo nu sẽ le egbegbe mɔ̃ɖaŋudukɔwo me ɖenɛ fiana be woalɔ̃ ɖe afɔɖeɖe siwo wowɔ be woatsɔ axe mɔ ɖe nutoa me gbegblẽ nu la dzi nenye be magblẽ nu le gaŋutiɖoɖo ŋu o ko.”

Le esia ta Time na nuxlɔ̃ame nyitsɔ laa be “ate ŋu adzɔ be carbon dioxide kple ya bubu siwo xea mɔ ɖe anyigba ƒe dzoxɔxɔ nu siwo sɔ gbɔ le anyigba dzi la nawɔe be anyigba la nanɔ dzo xɔm ʋeʋeʋe. Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe gblɔ be nusiwo ate ŋu ado tso emee nye be ku aɖi, tsikpewo alólo, atsiaƒua aɖɔ, tsi aɖe ƒutanɔlawo, ahom sesẽwo atu kple yame ƒe nɔnɔme ƒe afɔku bubuwo adzɔ.”

Alesi ɖiƒoƒo ya ƒe kuxia nye ŋkubiãnyae la bia be woawɔ nane tso eŋu. Gake nukae woawɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe