INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 8-9
  • Egbɔkpɔnu Nyuitɔ Kpɔkpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Egbɔkpɔnu Nyuitɔ Kpɔkpɔ
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔwo ƒe Dadasɔ
  • Wole Egbɔkpɔnu Siwo Asɔ Dim
    Nyɔ!—1996
  • Nutoa Me Takpɔkpɔ—Dzidzedze Ka Kpɔm Míele?
    Nyɔ!—2003
  • Oo, Ne Makpɔ Ya Nyui aɖe Agbɔ Ðe!
    Nyɔ!—1996
  • Ya
    Nyɔ!!—2023
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 8-9

Egbɔkpɔnu Nyuitɔ Kpɔkpɔ

MAWU ƑE NYA Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ, hekpe ɖe ʋuwo ƒe ɖiƒoƒo ya ƒe kuxi si li fifia hã ŋu la ŋuti. Ðe Mesia Fiaɖuƒe, si wofia ame geɖe be woado gbe ɖa abia la, ahe egbɔkpɔnu nyuitɔ vɛ to ʋu si maƒo ɖi ya kura o wɔwɔ mea? Alo ɖe woake ɖe egbɔkpɔnu nyuitɔ ŋu to ʋuwo katã ɖeɖeɖa le anyigba dzi mea? Esi Biblia la mena mí ŋuɖoɖo aɖeke tẽ o ta la, nusi míate ŋu awɔ koe nye be míalala akpɔe ɖa.—Mateo 6:9, 10.

Gake míate ŋu aka ɖe nya sia dzi be: Mawu ƒe dziɖuɖua maɖe mɔ ɖiƒoƒo ya nagblẽ nu le nuwɔwɔ dzeaniwo ŋu le Paradiso si Fiaɖuƒea ahe vɛ la me o.—Yesaya 35:1, 2, 7; 65:17-25.

Esi wole hehe nam amesiwo wɔna ɖe Mawu ƒe Nya dzi xoxo hena agbenɔnɔ le xexe yeye si me ɖiƒoƒo yame manɔ o me ta la, aleke wòle be woase le wo ɖokui me le ʋuwo zazã egbea ŋui? June 22, 1987 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! dzro nyati si nye “Nukae Le Dzɔdzɔm Ðe Míaƒe Avewo Dzi?” me. Egblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo susui be anye aɖiya siwo tsoa ʋuwo ƒe dzudzɔ me ye na avewo le kukum. Esia na nuxlẽla aɖe si tsi dzi la ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa bia be esi nya la le alea ɖe, ɖe wòasɔ be Kristotɔwo naku ʋu hã. Enɔ eŋu bum nenye be esia wɔwɔ afia bubumademade Yehowa ƒe nuwɔwɔ ŋu.

Ŋuɖoɖo si wona eƒe lɛtaa ƒe akpa aɖe xlẽ be: “Yehowa Ðasefowo wɔa se siwo dziɖuɖuŋusẽwo de be woaɖe ɖiƒoƒo ya le nutoa me dzi akpɔtɔ la dzi nuteƒewɔwɔtɔe. (Romatɔwo 13:1, 7; Tito 3:1) Nu bubu siwo gbɔ se si dziɖuɖua de ŋu wɔwɔ nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ne ame aɖe tiae be yemagaku ʋu o la, eya ŋutɔ ƒe nyae wònye. Gake Nyɔ! ƒe nyatia ɖe alesi ame ɖewo sena le wo ɖokui me fia, esi wògblɔ le axa 8 be: ‘Ame geɖe le afɔɖeɖe aɖewo wɔm be woaɖe ɖiƒoƒo yame dzi akpɔtɔ alesi woate ŋui. Womekua ʋu sesĩe o, womezɔa mɔ kabakaba o, wozãa ʋu ɖeka kple ʋutɔ bubuwo, wozãa ami si me lead mele o, eye wowɔa ɖimaƒomaƒo ya ƒe se siwo dziɖuɖua de dzi.’”

Kristotɔwo ƒe Dadasɔ

Ŋuɖoɖo sia ɖee fia be ele be Kristotɔ nada asɔ. Ele be míaɖo ŋku edzi be menye ʋuwo koe le ɖi ƒom yame o. Yameʋuwo kple ketekewo—le nyateƒe me egbegbe mɔzɔnuwo ƒe akpa gãtɔ—wɔa esia. Gake womewɔ mɔzɔnu siawo kple taɖodzinu be woaƒo ɖi yame o. Ðiƒoƒo yame si tso eme nye numanyomanyo si le eŋu, eye nublanuitɔe la, etso nunya si se ɖe afi aɖe ko kple nuwɔna madeblibowo gbɔ.

Wodzro nya sia me le January 1, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 31 be: “Mí Yehowa Ðasefowo míetsi dzi ɖe nutoa me kuxi geɖe siwo le nu gblẽm le míaƒe aƒe si nye anyigba la ŋu vevie. Míenyae nyuie wu ame akpa gãtɔ be ɖe wowɔ anyigba la be wòanɔ dzadzɛ anye aƒe si me amegbetɔƒome si de blibo anɔ wòade woƒe lãmesẽ dzi. (Mose I, 1:31; 2:15-17; Yesaya 45:18) . . . Eyata enyo be woadze agbagba siwo da sɔ, si me susu le be womagadzi alesi amegbetɔ le míaƒe anyigba la gbegblẽ dzi dzodzroe la ɖe edzi o. Gake de dzesi nya si míegblɔ be agbagbadzedze “si me susu le.” . . . Mele be Mawu ƒe amewo nawɔ nu ɖekemaɖitɔe le nutomekuxiwo gome o. Yehowa bia tso eƒe blemadukɔ si be woadzra nu gbegblẽwo ɖo, eye nudzadzraɖo ƒe ɖoɖo siawo ɖea vi na anyigba la eye wòdea ame ƒe lãmesẽ hã dzi. (Mose V, 23:9-14) Eye esi míenya nusi nye eƒe susu le amesiwo le anyigba la gblẽm ŋu ta la, mele be míagbe ɖe tsɔtsɔ le nusiwo míate ŋu awɔ be anyigba la nanɔ dzadzɛ la me o. . . . Gake afisi Kristotɔ adze agbagba asee le nya la me la nye eya ŋutɔ ƒe nya negbe ne se bia tso esi be wòawɔe aɖo afi aɖe ko hafi. . . . Amegbetɔ madeblibowo zua nugbɔmeewɔlawo bɔbɔe. . . . Amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoaɖe nutomekuxi gãwo, si me ɖiƒoƒonu hã le ɖa la, madze edzi keŋkeŋ o. Ŋgɔyiyi aɖewo ate ŋu ava le teƒe aɖewo ya, gake Mawu koe ade asi eme hafi woate ŋu akpɔ atike mavɔ nɛ. Le susu sia ta la, míetrɔa míaƒe agbagbadzedzewo kple nunɔamesiwo ƒe akpa gãtɔ ɖe alesi Mawu akpɔ wo gbɔe ŋu, ke menye ɖe gotagomedzesiwo dzi ɖeɖe kpɔtɔ ŋu o.”

Kristotɔwo da sɔ le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me, eye woɖoa ŋku edzi be dɔdasi si yewoxɔ tso Mawu gbɔ enye be yewoaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒegbedasia le xexeame katã. (Mateo 24:14) Nu bubu aɖeke megale vevie alo hiã kpata wu esia o! Ne egbegbe ʋuɖoɖomɔnuwo alo kadodomɔnuwo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woawɔ dɔdasi sia la, susu le eme be woawɔ wo ŋuti dɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me, woƒoa asa na ɖiƒoƒo yame madzemadzee. Esia wɔnɛ be dzitsinya nyui nɔa wo si le amegbetɔwo kple Mawu siaa gbɔ.

Eyata togbɔ be mí amesiwo li egbea míenya alesi woakpɔ ʋuwo kple woƒe ɖiƒoƒo yame ƒe kuxia gbɔe mlɔeba o hã la, míenya be woakpɔ egbɔ godoo. Le nyateƒe me la, egbɔkpɔnu nyuitɔ le ŋgɔ gbɔna kpuie.

[Aɖaka si le axa 9]

Yame ƒe Ðiƒoƒo Ðeɖeɖa

• Zɔzɔ alo gasɔdodo ne anya wɔ

• Mia kple ʋutɔ bubuwo miwɔ ɖeka míazã ʋu ɖeka

• Nana be woadzra ʋuwo ɖo nyuie edziedzi

• Ŋudzɔnɔnɔ ɖe ami si le kɔkɔe zazã ŋu

• Asaƒoƒo na mɔzɔzɔ si mehiã o

• Ʋua kuku ɖe duƒuƒu si sɔ nu

• Bɔs alo taksi ɖoɖo ne asɔ eye wòanya wɔ

• Dzo tsitsi le ʋua me tsɔ wu be nànɔ anyi ɖekematsɔlemetɔe ɣesiaɣi si ʋua atɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe