INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 9/8 axa 28-30
  • Aŋɔɖeɖe—Dɔ si Kpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Agbe Dzie Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aŋɔɖeɖe—Dɔ si Kpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Agbe Dzie Wònye
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wotsɔnɛ Wɔa Adzɔnu Akpe Geɖe
  • Atia Kpakpa
  • Lɔrifɔti—Ate Ŋu Akpɔ Wò Agbe Ta!
    Nyɔ!—2004
  • Ne Wolã Ati La Ðe Wògadzena?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Nyɔ!—1996
g96 9/8 axa 28-30

Aŋɔɖeɖe—Dɔ si Kpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Agbe Dzie Wònye

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ

NE EƑO ŋdi ga atɔ̃ la, viviti kple fafa nɔa Nigeria ƒe ave si me tsi dzana le fũ la me. John si le anyixɔ aɖe me le avea titina la fɔna doa awu. Azɔ eɖoa ta vivitia me, eye wòtsɔa akaɖi, aŋego, kple adekpui si nu woxa gobaa ɖe asi. Le gaƒoƒo ene si kplɔe ɖo me la, etsana le atiawo dzi ɖekaɖeka kpaa ati ɖesiaɖe ŋu.

Esia nye dɔwɔna siwo toa mɔ geɖe dzi va kpɔa ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzi mlɔeba la ƒe gɔmedzedze. Aleke? Elabena ati siwo John kpana la nye aŋɔtiwo. Eye aŋɔ, si wona ŋkɔe le Eŋlisigbe me ɖe alesi wòte ŋu tutua pɛnsil ƒe nuŋɔŋlɔ ta la, nye nu vevi siwo míezãna wu la dometɔ ɖeka.

Wotsɔnɛ Wɔa Adzɔnu Akpe Geɖe

Wò ya bu akpa si aŋɔ wɔna le wò agbenɔnɔ me ŋu kpɔ ko. Ðewohĩ aŋɔ wotsɔ wɔ wò afɔkpa te kple kɔkɔƒea. Ate ŋu anye aŋɔe wotsɔ wɔ wò anyigbakuntru te kple wò zikpuiwo hã me. Anye Aŋɔe wotsɔ wɔ wò awumeka si me hena lae. Ne tsi le dzadzam la, ɖewohĩ àdo wò tsimewu kple afɔkpa siwo wotsɔ aŋɔ wɔ. Èyina tsi ƒu gea? Aŋe le tsimewuwo, gaŋkuiwo, kple tsiƒufɔkpawo me. Mèdi be yeaƒu tsi oa? Ðewohĩ àdi be yeanɔ aŋetɔdzinu me ko anɔ tsia ŋgɔ alo afe kple aŋebɔl siwo woƒona le ƒuta. Ðewohĩ aŋeka si wotsɔna blaa nu, aŋe siwo wotsɔ tutua nuŋɔŋlɔ, kple aŋɔ si wotsɔ trea nu bɔ ɖe wò aƒeme. Ate ŋu adzɔ be ne èmlɔ anyi egbe zã la, àmlɔ aŋeba dzi aziɔ suɖui si wotsɔ aŋe wɔ. Ne vuvɔ le wɔwòm la, ɖewohĩ àxatsa ɖokuiwò ɖe aŋekotoku si me wodea tsi dzodzoe ŋu.

Le nu mawo katã megbe la, nu geɖe li siwo mate ŋu awɔ dɔ nyuie ne wometsɔ aŋɔ wɔ woƒe akpa aɖewo o—gadomenɔnuwo, mɔ̃trokawo, dotrenuwo, aŋetowo, nutamɔ̃tronuwo, alo yanutunuwo. The World Book Encyclopedia gblɔ be le ye katã me la, wotsɔ aŋɔ wɔa adzɔnu siwo ade 40,000 vaseɖe 50,000.

Nukata aŋɔ nye ŋudɔwɔnu nyui nenema? Enɔa anyi didina, enɔa te ɖe dzoxɔxɔ nu, eme te ŋu hena, tsi metonɛ o, ya mete ŋu tonɛ o, eye eléa nu ƒe ʋuʋu sesĩe nu. Bu afɔti ŋu kpɔ, eɖanye gasɔfɔti, lɔrifɔti, alo yameʋufɔti o. Esi wònye aŋee afɔtia nye ta la, menyina kaba le mɔ dzi toto ta o, eye mefiãna hã le esi wòlilia nu ŋu ɣesiaɣi ta o. Ne èku ʋu to ba me la, mele be nàvɔ̃ be tsi aɖo afɔtia me eye wòavo o; meléa ɣebia hã o. Menye ɖeko aŋɔ nana tsi megena ɖe afɔtia me o, ke exea mɔ hã ɖe ya si wode eme nu be magado o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne èle yiyim la, aŋɔ si le wò afɔtia me si léa nu ƒe ʋuʋu sesĩe nu wɔnɛ be kpo kple ʋe siwo le mɔa dzi meʋuʋua wò akpa o. Nyateƒee, aŋɔ manɔmee la, anye nu sesẽ ŋutɔ na adzɔnuwɔlawo be woawɔ afɔti.

Eyata ɖewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be aŋɔɖelawo abe John ene wɔa dɔ vevi si ɖea vi na mí le míaƒe agbenɔnɔ me. Le nyateƒe me la, menye aŋɔ ɖesiaɖee woɖena le atiwo me o. Wozãa aŋɔ siwo tsoa aɖimenu vovovowo me hã ŋutɔ. Aŋɔ ƒomevi eveawo dometɔ ɖesiaɖe kple eƒe ŋusẽ kpakple gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Woate ŋu atsɔ wo dometɔ ɖesiaɖe awɔ adzɔnu geɖe, eye zi geɖe la, woƒe asie wotsɔ tiaa esi woazã. Wotsakaa aŋɔ siwo woɖena le nu bubuwo me kple dzɔdzɔmeŋɔ tsɔ wɔa adzɔnu bubuwoe. Aŋɔ si woɖe tso nu vovovowo me sɔ gbɔ ɖe ʋufɔti me wu dzɔdzɔmeŋɔ. Gake wotsɔa dzɔdzɔmeŋɔ geɖe wu wɔa afɔtiwo na duɖimekeʋuwo, agbatsɔʋuwo, bɔswo, kple yameʋuwo elabena esiwo woɖena tsoa nu vovovowo me la mete ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ nu boo o.

Atia Kpakpa

Aŋɔtiwo tsina nyuie le teƒe xɔdzo siwo tsi dzana le fũ siwo te ɖe anyigbamemaflia ŋu. Dzɔdzɔmeŋɔ siwo le xexeame ƒe akpa gãtɔ tso agble siwo le Anyieheɣedzeƒe Asia, vevietɔ Malaysia kple Indonesia la dzi. Mamlɛa tso Anyiehe Amerika kple Ɣetoɖoƒe kpakple Titina Afrika.

John mekpaa ati ne metsi xɔ ƒe ade haɖe o. Le ema megbe la, woɖea aŋɔ le atia me hena ƒe 25 vaseɖe 30 eye eƒe kɔkɔme dea meta 20. Ne aŋɔtia “dzudzɔ” aŋɔɖeɖe la, ate ŋu ayi edzi atsi akɔ meta 40, eye ate ŋu anɔ agbe atsi nyuie axɔ ƒe 100 alo wòawu nenema.

Aŋɔ siwo woɖe tso atia me teti la ɖi nyinotsi wu ʋufɔti. Aŋɔ suesuewo nɔa nusia si woyɔna be tsi ɣi si ɖi nyinotsi la me. Tsi ɣi la ƒe akpa 35 le alafa me nye aŋɔ. Eƒe akpa gãtɔ susɔea nye tsi.

Alesi John wɔna ɖea tsi ɣia enye be, ekpaa atia ƒe akpa binɛ vaa anyi me. Afisi wòkpa la xɔa atia ƒe togodoe ƒe afã. Eɖɔa ŋu ɖo be magakpae wòayi eme akpa o, elabena ewɔwɔ nenema agblẽ atia. Ne wonya kpae ko la, tsi ɣia tea dodo enumake; esina toa teƒe si wokpa wòzu fli la me eye wòva kɔna ɖe pamprokplu si John tsɔ ɖo atia ŋu me. Enɔa dodom ʋuu gaƒoƒo eve alo etɔ̃; ke etɔ.

Ne ŋu ke alo le ŋkeke eve megbe ne John gava tsi ɖe ge le atia me la egakpaa teƒe bubu ɖe gbãtɔa te tututu. Ɣebubuɣi la, agakpa ema hã te. Mlɔeba la, eva zua nutata le atia ƒe akpa dzi. Fifia John adze egɔme akpa atia ƒe akpa bubu, eye wòagblẽ nutata la ɖi be woanyẽ atre keŋkeŋ ne wòagakpae le ɣeyiɣi aɖe megbe.

John wɔa dɔ kabakaba, eye eya ɖeka nɔa zɔzɔm le ave si me ɖoɖoezizi le la me nɔa atiawo kpam be yeaɖe tsi ɣi le wo me. Emegbe egadea ati ɖesiaɖe gbɔ eye wòtrɔa tsi ɣi si do la ɖe eƒe tɔkpo me. Emegbe John kɔa aɖi si woyɔna be formic acid kple tsi ɖe tsi ɣia dzi. Esia na wòtona eye wòblana abe alesi vinegar blaa nyinotsii ene. Emegbe John tsɔa tsi ɣi si le tɔkpo me la ɖe ta yia mɔg̃a to, afisi agbatsɔʋu aɖe si tso aŋɔɖaƒe si te ɖe afima ŋu la va tsɔnɛ le.

Fifia John trɔna yia aƒeme va lea tsi, ɖua nu, hegbɔna ɖe eme. Le ɣetrɔ me ne egale dzodzom le aƒeme la, edzrana ɖo nyuie hetsɔa akplo ɖe asi. Fifia megayina tso ati gbɔ yi ati gbɔ o ke boŋ tso aƒeme yi aƒeme. Esi John nye subɔla gbesiagbe mɔɖela ta la, ekpɔa gome le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me bliboe.

Kaka John nanɔ eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ gbãtɔ wɔm le ŋkekea me la, ke tsi ɣi si wòɖe la ɖo eŋudɔwɔƒea ɖaa. Le afima la, woaɖe aŋɔa le tsia me, woana wòaƒu, eye wotenɛ blana heɖonɛ ɖe teƒe bubu. Eteƒe madidi o, aɖo ta England, Japan, alo United States. Aŋɔɖela siwo le xexeame katã ɖea aŋɔ si wu tɔn miliɔn atɔ̃ ƒe sia ƒe. Togbɔ be ɖewohĩ manɔ nenema o hã la, ate ŋu adzɔ be aŋe si wotsɔ ɖo afɔkpa si nàgaƒle te la tso ati aɖe si John kpa me.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

John le eƒe dɔ dzi le aŋɔtiwo kpam

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

John kpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe