Mlɔeba—Dziɖuɖu Aɖe Atsi Nuvlowɔwɔ Nu
BIBLIA gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekea me la, amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o.” (Timoteo II, 3:2, 3) Amesiawo tɔgbe wɔa nu vlowo.
Esi wònye amewoe wɔa nu vlowo ta la, zi alesi woatrɔ woƒe nɔnɔme wòanyo wu la, zi nenemae nuvlowɔwɔ dzi aɖe akpɔtɔe. Gake menɔ bɔbɔe na amewo kpɔ gbeɖe be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ wòanyo wu o. Esesẽ egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe, elabena tso ƒe 1914 si nye ƒe si Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu ɖo me la, míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamleawo” me. Abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene la, ɣeyiɣi sia nye ‘ɣeyiɣi vɔ̃ si me nɔnɔ sesẽ.’ Satana Abosam si nye nuvlowɔla gãtɔ kekeake, amesi ‘do dziku vevie, le esi wònya be, vovoɣi vi aɖe ko ye kpɔ’ ta, lae na ɣeyiɣi siawo me sesẽ nenema.—Timoteo II, 3:1; Nyaɖeɖefia 12:12.
Nya ma na nusita nuvlowɔwɔ dzi ɖe edzi egbea la me kɔ. Satana nya be woatsrɔ̃ ye kple yeƒe nuɖoanyia kpuie. Le ɣeyiɣi kpui si susɔ me la, etoa mɔ ɖesiaɖe si wòakpɔ dzi ƒãa nɔnɔme vɔ̃ɖi siwo woyɔ le Timoteo II, ta 3 la ɖe amewo me. Eyata hafi dziɖuɖu aɖe nate ŋu atsi nuvlowɔwɔ nu la, ele be wòaɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia ɖa eye wòakpe ɖe amewo ŋu hã be woawɔ tɔtrɔ ale be woadzudzɔ nu wɔwɔ ɖe mɔ si ŋu míeƒo nu tsoe va yi nu. Gake ɖe dziɖuɖu aɖe ate ŋu awɔ dɔ sia si tri akɔ wu amegbetɔ laa?
Amegbetɔdziɖuɖu aɖeke mate ŋu awɔ esia o. J. Vaskovich si nye sefiala le Ukraine la doe ɖa be míehiã “habɔbɔ nyui ɖeka, si aƒo dukɔwo kple dumehabɔbɔwo katã nu ƒu ahakpɔ woƒe dɔwɔnawo dzi.” Eye Philippines Dukplɔla Fidel Ramos gblɔ le xexeame katã ƒe takpekpe si wowɔ le nuvlowɔwɔ ŋu me be: “Esi nuwo wɔwɔ ɖe egbegbe ŋkuʋuʋu nu na míaƒe xexea te ƒo ƒu wu ta la, nuvlowɔwɔ te ŋu tso dewo eye ekeke ta zu kuxi le dukɔ vovovowo me. Eyata ele be egbɔkpɔnuwo hã nanye nusi akpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ vovovowo dzi.”
“Xexeame Katã ƒe Afɔku”
Dukɔ Ƒoƒuawo nye dukɔ vovovowo (dukɔwo dome) ƒe habɔbɔ. Tso esime woɖoe anyi la, ete kpɔ be yeaho ɖe nuvlowɔwɔ ŋu. Gake egbɔkpɔnu aɖeke mele esi si nyo wu dukɔwo ƒe dziɖuɖuwo tɔ o. Agbalẽ si nye The United Nations and Crime Prevention de dzesii be: “Dukɔ ɖekaɖeka akpa gãtɔ megate ŋu léa aƒemenuvlowɔwɔ nu o eye dukɔwo dome nuvlowɔwɔ yi ŋgɔ ale gbegbe be dukɔ wɔɖekawo mate ŋu akpɔ egbɔ o. . . . Nuvlowɔha siwo si ɖoɖo le ƒe nuvlowɔwɔ dzi ɖe edzi bobobo, eye nu dziŋɔwo dona tsoa eme vevietɔ le dziɖuɖumegãwo ƒe adãwɔwɔ, vɔvɔ̃doname kple nufitifitiwɔwɔ gome. Fɔmaɖila akpe bla nanewo bu woƒe agbe le ŋɔdzidodonamewo me. Atike siwo zazã mãa ame ƒe asitsatsa si gblẽa nu le amewo ŋu va zu xexeame katã ƒe kuxi.”
James Madison si nye United States ƒe dukplɔla enelia gblɔ kpɔ be: “Nusi sesẽ le dziɖuɖu si me amegbetɔwo nye dziɖulawo ɖe amegbetɔwo dzi la ɖoɖo anyi mee nye si: ele be gbã miana dziɖuɖua nakpɔ ŋusẽ ɖe eteviwo dzi; eye evelia miana wòaɖu eya ŋutɔ ɖokui dzi.” (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 8:9.) Eyata egbɔkpɔnu nyuitɔe nye be woatsɔ nuɖoanyi si me Mawu anye dziɖula le aɖɔ li dziɖuɖu “si me amegbetɔ nye dziɖulawo ɖe amegbetɔwo dzi” le la. Gake ɖe egbɔkpɔnu sia ate ŋu ava emea?
Dziɖuɖu si Atsi Nuvlowɔwɔ Nu
Kristotɔ vavãwo xɔ nya si Biblia gblɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu dzi se.a Dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe wònye. Togbɔ be Fiaɖuƒea nye nu makpɔmakpɔ le esi wòle dziƒo ta hã la, míate ŋu akpɔ nusiwo wɔm wòle le anyigba dzi. (Mateo 6:9, 10) Kristo Yesu kple ame 144,000 siwo woɖe “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, . . . [siwo aɖu fia ɖe] anyigba la dzi” woe le eme. Dziɖuɖu sesẽ sia aɖu etevi siwo nye “ameha gã” la dzi, amesiwo Biblia gblɔ ɖi be woawo hã “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 7:9) Eyata dziɖulaawo kple wo teviawo siaa tso xexeame godoo, amesiwo tso dukɔwo katã me hewɔ ɖeka nyateƒe, siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze le.
Esi Yehowa Ðasefowo xɔ Mawu ƒe dziɖuɖu ta la, woɖu nuvlowɔwɔ ƒe kuxia dzi geɖe ŋutɔ le woa ŋutɔwo dome. Alekee? To esɔsrɔ̃ be woakpɔ ŋudzedze ɖe nunya si le Biblia me gɔmeɖosewo me la me, to wo ŋudɔwɔwɔ me le woƒe agbenɔnɔ me, kple to alesi wona Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si nye ŋusẽ si tri akɔ wu ɖesiaɖe le xexeame katã kple eƒe kutsetse ʋãa woe me—kutsetsea enye lɔlɔ̃. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.” (Kolosetɔwo 3:14) Yehowa Ðasefowo ɖea lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ sia fiana le dukɔ siwo wu 230 me, si ɖea alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒea tso ɖe nuvlowɔwɔ ɖeɖeɖa ŋu xoxoe fiana.
Míate ŋu atsɔ nusiwo wokpɔ le numekuku si wowɔ le ƒe 1994 me si me Yehowa Ðasefo 145,958 siwo le Germania kpɔ gome le la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Wo dometɔ geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ele be yewoaɖu vodada vɔ̃ɖi aɖewo dzi be yewoava zu Ðasefowo. Biblia si wosrɔ̃na lae ʋã wo wowɔ nenema. Le kpɔɖeŋu me, ame 30,060 ɖu atamanono alo atikevɔ̃ɖizazã si mã wo la dzi; ame 1,437 dzudzɔ tsatsadada; ame 4,362 ɖɔ adãwɔwɔ alo nuvlowɔwɔ ƒe nuwɔnawo ɖo; ame 11,149 ɖu nɔnɔmewo abe ŋuʋaʋã alo fuléle dzi; eye ame 12,820 gana ŋutifafa va ƒomegbenɔnɔ si me dzrewɔwɔ nɔ me.
Togbɔ be Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ ɖeka ko me ŋue wokpɔ nusiawo le hã la, nenemae wòle le Ðasefo siwo le xexeame katã la dome. Le kpɔɖeŋu me, bu Ukraine-ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Yuri ŋu kpɔ. Esime Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii la, gaɖeleameŋulae wònye. Ezɔ mɔ yi Moscow gɔ̃ hã afisi wònya be amewo ƒe agbɔsɔsɔ ana yeƒe “dɔa” nanɔ bɔbɔe wu le.
Le ƒe 1993 me la, Yuri gayi Moscow ake, henɔ ameha gbogbo aɖe dome. Gake ame 23,000 kple edzivɔ siwo va Locomotive Lãmesẽfefewɔƒea le Fiɖa, July 23 dzi la dometɔ aɖeke mevɔ̃e o, elabena fifia Yehowa Ðasefoe wònye. Le nyateƒe me la, Yuri nɔ nuƒolanɔƒea nɔ gome kpɔm le nuƒo siwo woƒo na nyasela siwo tso dukɔ vovovowo me la me. Esi wòɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo wònyo wu ta la, ewɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Fiafitɔ la nagafi fi o.”—Efesotɔwo 4:28.
Ame bubu geɖe ɖe asi le nuvlowɔwɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu abe alesi Yuri wɔe ene ale be woadze anɔ agbe le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea me. Esia te gbe ɖe nya si Aƒetɔ Peter Imbert si nye Britania kpovitɔwo ƒe amegã tsã gblɔ ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Nuvlowɔwɔ nu atsi kaba ne amesiame lɔ̃ be yeadze agbagba le eŋu.” Biblia ƒe hehenaɖoɖo si Mawu ƒe dziɖuɖua nana la ʋãa dzianukwaretɔwo alesi dze be ‘woadze agbagba le eŋu.’
Xexe si me Nuvlowɔwɔ Manɔ O
Nuvlowɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖea ame bubuwo malɔ̃malɔ̃ fiana. Kristotɔwo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu, amesi gblɔ be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” Eye “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—Mateo 22:37-39.
Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye dziɖuɖu si ɖoe kplikpaa be yeaɖe nuvlowɔwɔ ɖa to nufiafia amewo be woawɔ ɖe sedede eve sia dzi me. Egbea nufiame sia ɖea vi na Yehowa ƒe Ðasefo miliɔn atɔ̃ kple edzivɔ. Woɖoe be yewomana nuvlowɔwɔ ƒe nɔnɔmewo naxɔ aƒe ɖe yewoƒe dziwo me o, eye wodzra ɖo be yewoadze agbagba ɖesiaɖe si hiã akpe asi ɖe xexe si me nuvlowɔwɔ manɔ o ƒe vava ŋu. Nusi Mawu to woƒe agbenɔnɔ dzi wɔ la nye nusi wòava wɔ le eƒe xexe yeyea me le eƒe dziƒodziɖuɖua ƒe dziɖuŋusẽ te la ƒe kpɔɖeŋu. Bu xexe si me kpovitɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo, senyalawo, alo gaxɔwo magahiã le o ŋu kpɔ!
Hafi woawɔ esia le xexeame katã la, abia be dziɖuɖu me zitɔtɔ gãtɔ kekeake le ŋutinya me, si Mawu ŋutɔ ahe vɛ la nava. Daniel 2:44 gblɔ be: “Le fia mawo [siwo li egbea] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [le dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o, agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Mawu atsrɔ̃ Satana hã, eye wòahe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia va nuwuwui.—Romatɔwo 16:20.
Ne Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu xɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo teƒe ko la, amegbetɔwo magaɖu wo nɔviwo dzi azɔ gbeɖe o. Dziƒofiawo—fia siwo ƒe ɖoƒe kɔkɔ wu mawudɔlawo gɔ̃ hã tɔ—akplɔ ameƒomea to dzɔdzɔenyenyemɔwo dzi. Ame xɔŋkɔwo wuwu, aɖiya dada, alo ŋɔdzidonamelawo ƒe bɔmbwo maganɔ anyi ɣemaɣi o! Hadomenumadzɔmadzɔ siwo hea nuvlowɔwɔ vɛ maganɔ anyi o! Womagagblɔ be ame aɖe nye kesinɔtɔ eye ame bubu nye ame dahe o!
Nufialagã S. A. Aluko si le Obafemi Awolowo Yunivɛsiti le Nigeria de dzesii be: “Ame dahewo mete ŋu dɔa alɔ̃ zã me o elabena dɔ le wo wum; kesinɔtɔwo mete ŋu dɔa alɔ̃ o elabena ame dahewo le ŋu.” Gake eteƒe madidi o amesiame ate ŋu adɔ alɔ̃ nyuie elabena wonya be dziɖuɖu—Mawu ƒe dziɖuɖu—ɖe nuvlowɔwɔ ɖa mlɔeba!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Taflatse xlẽ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta hena numeɖeɖe bubuwo le nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye kple alesi wòaɖe vi na ameƒomea me tɔ siwo xɔ edzi se la ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Amesi nye fiafitɔ tsã kple amesi wòfi, fifia wozu nɔvi Kristotɔ siwo wɔ ɖeka