Kadodo Kple Gbɔgbɔmenutome
DZIƑOXƆ dzeani tuɖedzi ɖeka aɖe le Ɣetoɖoƒe Afrika du aɖe titina, wosi aŋɔ ɣi kple gbemu nɛ. Agbalẽŋlɔla eve nye nuŋlɔmɔ̃ƒolawo le amedzroxɔƒea. Ame gbogbo aɖewo nɔ zikpui me nɔ lalam be yewoakpɔ babaláwo si nye bokɔa.
Babaláwo la ŋutɔ nɔ kplɔ̃ ŋu le xɔ si tsiã ɖe enu me le faks mɔ̃ aɖe xa. Enye ame dzɔtsu si ƒo wɔ, edo awu ʋlaya ɣiwo—wolɔ̃ nuwo ɖe wo me eye woxɔ asi ŋutɔ. Egblɔ be: “Bokɔe fofonye nye. Ðe wodzim ɖe kɔnua me. Emee menɔ tsi. Kaka maxɔ ƒe atɔ̃ la, mekplɔa fofonye ɖo ne eyina afa ka ge. Meléa ŋku ɖe alesi wòwɔnɛ ŋu eye mesrɔ̃e vaseɖe esime wòva mãm.”
Babaláwo la fia asi ʋuƒo gbadza aɖe si dzi woŋlɔ afakaɖoɖo sesẽ si eƒe amewo zã dzidzime geɖe ɖo la. Enye neƒi 16 dada ƒe afakaka si wowɔna le Ɣetoɖoƒe Afrika katã kple egodo. Egblɔ be: “Amewo tsɔa kuxi ɖesiaɖe ƒomevi vaa gbɔnyee. Nyɔnuwo ƒe kuxiwo, kotsitsi, dɔmakpɔwɔe, tsukuku, dɔlénya, kple bubuwo. Ne wose gbe si afaa do vɔ la, woɖea kuku na tɔgbuiawo alo dziƒonuwo [mawuwo]. Kae wòɖanye o, ele be woasa vɔ aɖe kokoko.”
Dekɔnusubɔsubɔ siwo dome afakaka le nu sẽ le nutoa me, eye nenemae nye Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo hã. Xɔ ɣi aɖewo siwo gbɔ medidi tso babaláwo ƒe dɔwɔƒea o hã li, siwo ŋkume woŋlɔ nu ɖo be: Fia Salomo II ƒe Sɔlemeha, Kerubiwo Kple Serafiwo, Kristo ƒe Dziƒosɔlemeha, Kristo Apostolik Sɔlemeha, Kristo Kpẽkulawo ƒe Sɔlemeha. Sɔlemeha siawo kple dekɔnusubɔsubɔ li ɖekae eye wowɔa eƒe kɔnuwo ɣeaɖewoɣi. Babaláwo la gblɔ be: “Mía kple bisiɔp míeɖo dze nyitsɔ laa. Eva afisia. Esi míelé nyawo kpɔ abe aɖabaƒoƒo 30 ene megbe la, egblɔ be yedi be míawɔ ɖoɖo aɖewo ale be Kristotɔwo kple dekɔnuwɔlawo nate ŋu anɔ anyi alé susuwo kpɔ bene woaɖe masɔmasɔwo ɖa.”
Mɔ Siwo Ðo Ta Gbɔgbɔmexexeame
Dzesidede amesiwo le gbɔgbɔmenutoa me ye nyea masɔmasɔa zi geɖe. Amewo xɔe se le Afrika Sahara ƒe anyiehe katã be ame hatsotso eve ye le gbɔgbɔmexexeame. Hatsotso gbãtɔ nye mawumemewo alo mawuwo, siwo menye amegbetɔ kpɔ o. Hatsotso evelia nye tɔgbuiwo, alo ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ siwo ƒe agba wònye be woana woƒe ƒomewo nanɔ agbe didi le anyigba dzi ahana nu nadze edzi na wo. Woxɔe se be ŋusẽ le mawuawo kple tɔgbuiawo siaa si be woakpe ɖe anyigbadzitɔwo ŋu alo awɔ nuvevi wo. Esia ta ele be woatsɔ bubu kple vɔvɔ̃ si dze ana evea siaa.
Dzixɔse mawo tɔgbe le xexeame ƒe teƒe geɖe. Amewo toa mɔ vovovowo dzi le afisiafi tena ɖe vivimeŋusẽwo ŋu be woaxɔ kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia le gbesiagbe ƒe agbemekuxiwo ŋu ahanya etsɔme. Ðe woate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tso gbɔgbɔmenutoa me nyateƒea? Yesu Kristo si nɔ afima kpɔ la gblɔ be anya wɔ. Egblɔ be: “Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.” (Mateo 7:7) Gake be míaxɔ kpekpeɖeŋu ma la, ele be míabia ame nyuitɔ, míadii le mɔ nyuitɔ dzi, ahaƒo ʋɔ nyuitɔ. Ne míeƒo ʋɔ bubu la, ɖewohĩ amesi mawɔ nyui na mí o ke boŋ vɔ̃ lae aʋui.
Eyata ele vevie be míanya amesiwo le gbɔgbɔmenutoa me kple amesiwo meli o. Ehiã hã be míanya vovototo si le amesiwo akpe ɖe mía ŋu kple amesiwo awɔ nuvevi mí dome. Azɔ ele be míanya nusi wòle be míawɔ be míaxɔ kpekpeɖeŋu tso amesiwo ate ŋu anae la gbɔ. Nyati siwo kplɔe ɖo adzro nya siawo me.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]
Foto si le axa 23-24: The Star, Johannesburg, S.A.